Atos 12
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Woɖe Petro le gaxɔ me nukutɔe
1Le ɣe ma ɣi me la, Fia Herodes lé hamevi aɖewo heɖoe be yeawɔ fu wo le xɔse la ta. 2Ale wòwu Yakobo, Yohanes nɔvi la kple yi. 3Herodes kpɔ be nuwɔna sia do dzidzɔ na Yudatɔwo ƒe dumegãwo ŋutɔ, eya ta ena wolé Petro hã le esime wonɔ Ŋutitotoŋkeke la ɖum. 4Ke esi eƒe asi su edzi la, edee mɔ. Ena asrafo wuiade nɔ eŋu dzɔm. Herodes ɖoe be ne woɖu Ŋutitotoŋkekea vɔ la, yeaɖe asi le Petro ŋu na Yudatɔwo woadrɔ̃ ʋɔnui eye woawui. 5Ale Petro nɔ gaxɔ me, gake hame la katã nɔ gbe dom ɖa na Mawu vevie ɖe eta.
6Le zã si do ŋgɔ na gbe si gbe Herodes ɖo be woaɖe Petro adrɔ̃ ʋɔnui la, Petro nɔ alɔ̃ dɔm le asrafo eve dome. Wode gakɔsɔkɔsɔ asi nɛ sesĩe. Asrafo bubuwo hã ganɔ gaxɔa ƒe agbonu dzɔm. 7Kasia Aƒetɔ la ƒe dɔla aɖe va do, eye Kekeli klẽ ɖe gaxɔ la me. Dɔla la ƒo Petro ƒe axame henyɔe tso alɔ̃ me. Egblɔ nɛ be, “Netsɔ, tsi tsitre!” Enumake gakɔsɔkɔsɔ la ge le Petro ƒe alɔnu. 8Tete mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Do wò awuwo kple wò afɔkpa.” Petro wɔ nenema, eye mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Bla wò ali dzi sesĩe ne nàdze yonyeme.”
9Petro wɔ abe ale si mawudɔla la gblɔ nɛ la ene, eye wòdze eyome do go le gaxɔ la me. Mebu nu si nɔ dzɔdzɔm la nu vavã o. Ewɔ nɛ abe drɔ̃e kum wònɔ alo ŋutega kpɔm wònɔ ene. 10Wozɔ to agbo gbãtɔ eveawo me bɔbɔe, eye esi wova ɖo agbo gã mamlɛa, si wotsɔ gakpo wɔe gbɔ la, agbo la ŋutɔ ʋu le eɖokui si, ale be wodo go hege ɖe dua ƒe ablɔ ŋutɔ dzi. Esi wogazɔ yi ŋgɔgbe vie ko la, mawudɔla la bu le Petro gbɔ.
11Azɔ ko hafi Petro nya nu si tututu dzɔ, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyateƒe, Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòva ɖem le Herodes kple Yudatɔwo ƒe ta me vɔ̃ si woɖo ɖe ŋunye la me.” 12Petro nɔ tsitre, bu ta me sẽe, eye wòɖoe be yeayi Maria si nye Marko Yohanes dada la ƒe aƒe me, afi si hametɔ geɖewo ƒo ƒu ɖo, henɔ gbe dom ɖa le.
13Esi Petro va ɖo aƒea ƒe agbonu la, eƒo ʋɔa, eye dɔlanyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Roda la va be yeaʋui. Ke gbã la, ebia ame si nɔ ʋɔa ƒom la ƒe ŋkɔ ta se. 14Esi Roda se Petro ƒe gbe le agboa godo la, dzi dzɔe ale gbegbe be wòƒu du yi ɖe aƒea me ɖagblɔe na ƒuƒoƒe la be “Petro va le agboa nu le eƒom!” 15Ameawo mexɔ nyɔnuvi la ƒe nya sia dzi se o eye ame aɖewo gblɔ nɛ gɔ̃ hã be, “Ewɔ abe ɖe wò susu da ene.” Ke eganɔ gbe tem ɖe edzi na ameawo be Petro ƒe gbee yese. Ale wogblɔ be, “Ɖewohĩ eƒe mawudɔlae.”
16Ke Petro ganɔ ʋɔa ƒoƒo dzi ŋusẽtɔe. Mlɔeba la, woyi ɖaʋu agboa, eye esi wokpɔ Petro la, gbɔgblɔ bu ɖe wo ŋutɔ. 17Petro tsɔ asi wɔ dzesi na wo be woazi ɖoɖoe kpoo, ale wògblɔ ale si Aƒetɔ la ɖee le gaxɔa me la na wo. Egblɔ na wo be, “Migblɔ nu si va dzɔ la na Yakobo kple ame nɔviawo.” Emegbe eya ŋutɔ dzo yi teƒe bubu.
18Le fɔŋli la, zi gã aɖe tɔ ɖe asrafoawo dome ku ɖe nu si va dzɔ ɖe Petro dzi ŋu. 19Esi Herodes dɔ ame ɖo ɖa be woakplɔ Petro vɛ, eye womekpɔe o la, ena wolé asrafo wuiadeawo katã drɔ̃ ʋɔnu wo, eye wotso kufia na wo, hewu wo enumake. Le esia megbe la, Herodes dzo le Yudea yi ɖanɔ Kaesarea vie.
Herodes ƒe ku
20Le esime Herodes nɔ Kaesarea la, ame dɔdɔ aɖewo tso Tiro kple Sidon va egbɔ. Herodes melɔ̃a Tirotɔwo kple Sidontɔwo ƒe nya kura o. Le esia ta la, ame dɔdɔawo va dze xɔlɔ̃ Blasto si nye agbalẽŋlɔla gã le fia la ƒe aƒe me gbɔ, eye wobia tso esi be wòaɖe kuku na Herodes ɖe yewo nu, ale be ŋutifafa nava yewo kple fia la dome. Esia hiã vevie, elabena Tirotɔwo kple Sidontɔwo kpɔa woƒe nunyiame tso dukɔ siwo dzi ɖum Herodes le la gbɔ. 21Woɖo ŋkeke na ame dɔdɔawo be woava kpɔ Herodes. Esi ŋkeke la ɖo la, wova ƒo ƒu, eye Herodes do eƒe fiawu nɔ eƒe fiazikpui dzi, heƒo nu na amehawo. 22Esi wòƒo nu vɔ la, amehawo do ɣli kple dzidzɔ heda ŋkɔ ɖe edzi be, “Eƒo nu abe mawu aɖe ene, eye menye abe amegbetɔ ene o.” Esia na be dzi dzɔ Herodes ŋutɔ, eye wòkɔ eɖokui ɖe dzi hlodzoo.
23Enumake, mawudɔla aɖe ƒo Herodes ƒu anyi, elabena metsɔ kafukafu na Mawu o. Ŋɔviwo ɖui, eye wòku.
24Le ɣeyiɣi siawo me la, Mawu ƒe nya la nɔ ta kekem alɔtsɔtsɔe eye ame geɖewo trɔ zu xɔsetɔwo.
Barnabas kple Saulo tiatia kple wo dɔdɔ
25Barnabas kple Saulo gaɖi tsa va Yerusalem, eye esi wowu dɔ si wɔ ge woyi nu teti ko la, wogatrɔ dzo yi Antioxia, eye wokplɔ Marko si wogayɔna be Yohanes hã yii.

Você sabia?
A fuga de Pedro e a morte de Herodes
- O rei Herodes deste capítulo é Herodes Agripa I, neto de Herodes, o Grande, que com o tempo passou a possuir todo o reino do avô e o título de rei. Ele mandou matar Tiago e prendeu Pedro. O Dicionário Bíblico de Easton (1897) diz que, no segundo dia de uma festa em honra do imperador Cláudio, Agripa apareceu no grande teatro de Cesareia com magníficas vestes de prata; era cedo, e os raios do sol ofuscavam quem o via.Fontes: Herod Agrippa I · o próprio texto bíblico
- O Tiago morto à espada era Tiago, filho de Zebedeu, irmão do apóstolo João, um pescador que havia trabalhado em parceria com Pedro. O Dicionário Bíblico de Easton (1897) o apresenta como o primeiro dos apóstolos a ser morto e diz que Herodes Agripa o mandou decapitar. O Tiago a quem Pedro manda que os crentes avisem é outro homem: o mesmo dicionário o identifica como o Tiago que estava à frente da igreja em Jerusalém.Fontes: James (Son of Zebedee) · James (Brother of Jesus) · o próprio texto bíblico
- Quando percebeu que estava livre, Pedro foi à casa de Maria, mãe de João Marcos, em Jerusalém, que o Dicionário Bíblico de Easton (1897) chama de lugar habitual de reunião dos discípulos; muita gente estava ali reunida em oração. A serva que veio ao portão externo chamava-se Rode, nome que significa uma rosa; muito alegre ao ouvir a voz dele, correu para dentro para anunciá-lo e esqueceu de abrir o portão. João, também chamado Marcos, era filho de Maria — Marcos, seu nome romano, aos poucos substituiu o nome judeu João — e mais tarde ele deixou Jerusalém com Barnabé e Saulo.Fontes: Mary (Mother of John Mark) · Rhoda · John Mark · o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Caesarea · Hoje: Caesarea Maritima · 32.500, 34.892 · versículo 19
- Judea · Hoje: Judea 1 · 31.777, 35.234 · versículo 19
- Sidon · Hoje: Sandikli archaeological site in Sidon · 33.561, 35.372 · versículo 20
- Tyre · 33.271, 35.196 · versículo 20
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 25
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org