Nations Bible

Atos 11

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Petro ɖe eɖokui nu

1Eteƒe medidi kura hafi apostoloawo kple xɔsetɔ siwo le Yudea la se be ame siwo menye Yudatɔwo hã xɔ Mawu ƒe nya la. 2Ke esi Petro trɔ va ɖo Yerusalem la, xɔsetɔ siwo tso aʋa la he nya ɖe eŋu vevie.

3Wogblɔ be, “Wò la, eɖade ha kple ame siwo metso aʋa o, eye mi kple wo miede asi agba ɖeka me ɖu nu gɔ̃!”

4Esia na be Petro gblɔ ale si nyawo katã va dzɔe la na wo. 5Egblɔ na wo be, “Gbe ɖeka la, esime menɔ gbe dom ɖa le Yopa la, mekpɔ ŋutega aɖe. Nu si tututu mekpɔ lae nye be aklala gã aɖe si wotsi ka ɖe eƒe dzogoe eneawo dzi la ɖiɖi ɖe gbɔnye tso dziƒo. 6Esi melé ŋku ɖe aklala la dzi la, mekpɔ anyigbadzilã afɔenewo, lã wɔadãwo kple lã tatawo kple dziƒoxeviwo le afi ma. 7Mese gbe aɖe wònɔ gbɔgblɔm nam be, ‘Petro, tsi tsitre. Wu lã siawo ne nàɖu.’

8“Ke meɖo eŋu be, ‘Kpao, Aƒetɔ, nyemate ŋu awɔ esia o. Nyemeɖu lã makɔmakɔ siawo dometɔ aɖeke kpɔ o.’

9“Ke megase gbeɖiɖi la tso dziƒo wògblɔ nam be, ‘Ne Mawu da asi ɖe nane dzi be ekɔ la, wò la, mègagblɔ be mekɔ o!’

10“Nuwɔna sia yi edzi zi etɔ̃ sɔŋ, eye emegbe la, wohe aklala la kple nu siwo katã nɔ edzi la yi dziƒoe. 11Le ɣe ma ɣi me tututu la, ame dɔdɔ etɔ̃ aɖewo tso Kaesarea va ɖo aƒe si me menɔ la me be yewoakplɔm ayi Kaesarea. 12Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de dzi ƒo nam be magaxa nu be womenye Yudatɔwo o, ke boŋ mayi kpli wo, eya ta nye kple nɔvinye ade siwo le afi sia la míedze mɔ heyi. Eteƒe medidi o la, míeva ɖo ame si dɔ ame ɖo ɖem la ƒe aƒe me le Kaesarea. 13Ŋutsu sia gblɔ ale si mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye wògblɔ na ye be, ‘Dɔ ame ɖo ɖe Yopa ne woayɔ Simɔn si wogayɔna hã be Petro la vɛ na wò. 14Atsɔ gbedeasi aɖe vɛ na wò si ana be wò kple wò aƒe siaa miakpɔ ɖeɖe.’

15“Esi mese nya sia la, mede asi nyanyui la gbɔgblɔ me na wo. Ke esi mele nyaa gbɔgblɔ dzi la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ dze wo dzi abe ale si tututu wòdze míawo hã dzii le gɔmedzedzea ene. 16Esi nu sia dzɔ alea ko la, Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ be, ‘Yohanes, de mawutsi ta na amewo kple tsi, ke miawo la, woade mawutsi ta na mi kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la’ va ta me nam enumake. 17Azɔ esi wònye Mawu ŋutɔe na nunana sia ame siawo abe ale si wòna míawo hã be míaxɔ Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se ene ta la, ame kae menye be mahe nya kple Mawu?”

18Esi wose Petro ƒe nya siawo la, woƒe nu ku, eye wokafu Mawu gblɔ be, “Ekema Mawu na mɔnukpɔkpɔ ame siwo menye Yudatɔwo o la hã be woatrɔ dzi me akpɔ agbe.”

Antioxia hame la

19Le ɣeyiɣi siawo me la, xɔsetɔ siwo si le Yerusalem le yometiti si va le Stefano wuwu megbe la dometɔ aɖewo zɔ mɔ yi kekeke Foenisia, Kipro kple Antioxia nutowo me henɔ nyanyui la gblɔm na ame siwo nye Yudatɔwo ko. 20Gake xɔsetɔ siwo tso Kipro kple Kirene heyi Antioxia la dometɔ aɖewo ƒo nu na Helatɔ aɖewo hã tso Aƒetɔ Yesu ƒe nyanyui la ŋu. 21Eye Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ nɔ kpli wo, eye ameha gã aɖe xɔ se hezu Aƒetɔ la yomedzelawo.

22Esi Hame si le Yerusalem la se nu si le edzi yim la, woɖo Barnabas ɖe Antioxia be woaɖakpe ɖe xɔsetɔ yeyeawo ŋu. 23Esi Barnabas kpɔ nu gã siwo Mawu wɔ le Antioxia la, dzi dzɔe ŋutɔ. Egado ŋusẽ xɔsetɔawo be woayi edzi alé ɖe Mawu ŋu goŋgoŋgoŋ nenye be nya sia nya le dzɔdzɔm hã. 24Barnabas nye ŋutsu dɔmenyotɔ aɖe si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũu eye eƒe xɔse hã li ke sesĩe. To ame sia ƒe dɔwɔwɔ me la, ame geɖewo trɔ zu Aƒetɔ la tɔ.

25Tso Antioxia la, Barnabas ti Saulo ƒe mɔ yi Tarso. 26Esi wòke ɖe eŋu la ekplɔe, eye wo ame eve la trɔ va Antioxia henɔ afi ma ƒe ɖeka sɔŋ, nɔ nu fiam xɔsetɔwo. Antioxiae wona ŋkɔ xɔsetɔwo le zi gbãtɔ be, “Kristotɔwo.”

Nunana Kristohame si le Yerusalem

27Le ɣeyiɣi sia me tututu la, Nyagblɔɖila aɖewo tso Yerusalem va Antioxia. 28Gbe ɖeka la, wo dometɔ ɖeka si woyɔna be Agabu la gblɔ nya ɖi tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me be dɔ gã aɖe gbɔna toto ge le xexea me katã. (Nya sia va eme le Fia Klaudio ƒe dziɖuɣi.) 29Le esia ta xɔsetɔwo ɖo be yewoadzɔ nu, aɖo ɖe yewo nɔvi Kristotɔ siwo le Yudea eye ame sia ame nadzɔ nu abe ale si wòate ŋui ene. 30Wowɔ esia, eye wotsɔ woƒe nunanawo de Barnabas kple Saulo si be woatsɔ ayi na hanunɔlawo le Yerusalem.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Gentios acolhidos e o nome cristão

  • Quando Pedro subiu a Jerusalém, os crentes circuncidados o contestaram por ter visitado homens incircuncisos e comido com eles. Ele contou que, enquanto orava em Jope, o principal porto da Judeia, a trinta milhas a noroeste de Jerusalém, teve uma visão, e que o Espírito Santo caiu depois sobre uma família em Cesareia, capital romana da Judeia e sua grande cidade gentia. Uma cronologia desses acontecimentos situa essa defesa em 38 d.C.Fontes: o próprio texto bíblico · Joppa · Caesarea · Peter defends Gentile salvation
  • Os que foram dispersos pela perseguição iniciada com Estêvão, o primeiro mártir cristão, chegaram até a Fenícia, Chipre e Antioquia, falando a princípio apenas aos judeus. Antioquia, às margens do Orontes, a cerca de dezesseis milhas do Mediterrâneo e umas trezentas milhas ao norte de Jerusalém, era a metrópole da Síria e ocupava o terceiro lugar em importância entre as cidades do império romano, depois de Roma e Alexandria; era chamada a primeira cidade do Oriente. Ali os discípulos foram chamados cristãos pela primeira vez, o que uma cronologia situa em 40 d.C.Fontes: o próprio texto bíblico · Stephen · Antioch (Syria) · Disciples first called Christians
  • A igreja de Jerusalém enviou Barnabé, levita de Chipre a quem o relato chama homem bom, cheio do Espírito Santo e de fé; ele encontrou Saulo em Tarso e o levou a Antioquia, onde ensinaram a igreja durante um ano inteiro. O profeta Ágabo predisse então, pelo Espírito, que uma grande fome se espalharia por todo o mundo, o que a narrativa diz ter ocorrido sob Cláudio. O Easton's Bible Dictionary (1897) identifica Cláudio como o quarto imperador romano, que sucedeu Calígula em 41 d.C. e morreu em 54 d.C., e os discípulos enviaram socorro aos irmãos da Judeia por meio de Barnabé e Saulo.Fontes: o próprio texto bíblico · Barnabas · Agabus · Claudius (4th Roman Emperor)

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Judea · Hoje: Judea 1 · 31.777, 35.234 · versículos 1, 29
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 2, 22, 27, 30
  • Joppa · Hoje: Jaffa · 32.054, 34.753 · versículos 5, 13
  • Caesarea · Hoje: Caesarea Maritima · 32.500, 34.892 · versículo 11
  • Antioch · Hoje: Antioch on the Orontes · 36.227, 36.172 · versículos 19, 20, 22, 26, 27, 29
  • Cyprus · 35.000, 33.000 · versículos 19, 20
  • Phoenicia · 33.271, 35.196 · versículo 19
  • Cyrene · 32.821, 21.851 · versículo 20
  • Tarsus · 36.913, 34.892 · versículo 25

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.