2 Pedro 3
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Aƒetɔ la ƒe ŋkeke la
1Nɔvi lɔlɔ̃awo, esia nye nye agbalẽ evelia na mi. Meŋlɔ agbalẽ siawo na mi be woanye ŋkuɖodzinu si ade dzo mia me be miaƒe tamesusuwo nanɔ blibo. 2Medi be miaɖo ŋku nya siwo Mawu ƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo gblɔ na mi va yi kple se si míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela de na mi to miaƒe apostolowo dzi la dzi.
3Gbã la, ele be miase egɔme be le ŋkeke mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava, anɔ fewu ɖum, eye woadze woawo ŋutɔ ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome. 4Woagblɔ be, “Afi ka eƒe ‘vava’ ƒe ŋugbedodo la le? Elabena tso ɣe aɖe ɣi ke, esi mía fofowo ku la, nu sia nu le edzi yim abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene.” 5Ke woɖoe koŋ heŋlɔ be be gbe aɖe gbe ʋĩi ke wotsɔ Mawu ƒe nya wɔ dziƒo, eye wowɔ anyigba tso tsi me kple tsi. 6To tsi sia ke dzi wotsrɔ̃ xexe si nɔ anyi ɣe ma ɣi le esi woxɔ beble dzi se ta. 7To Mawu ƒe nya sia ke dzi wodzra fifi dziƒo kple anyigba ɖo na dzo, eye woɖoe da ɖi na ʋɔnudrɔ̃gbe la kple mawumavɔ̃lawo ƒe tsɔtsrɔ̃.
8Ke nɔvi lɔlɔ̃wo, migaŋlɔ nu ɖeka sia be o, ŋkeke ɖeka le Aƒetɔ la gbɔ le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye nenema ke ƒe akpe ɖeka le abe ŋkeke ɖeka ene. 9Aƒetɔ la mele wɔwɔm blewublewu le eƒe ŋugbedodo la me abe ale si ame aɖewo se blewu gɔmee ene o. Egbɔ dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ be amewo katã natrɔ dzi me.
10Ke Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene. Dziƒowo nu ava yi kple gbeɖeɖe gã aɖe, woatsrɔ̃ gɔmeɖonuwo kple dzo, eye anyigba kple edzinuwo katã abi keŋkeŋ.
11Esi woatsrɔ̃ nu sia nu alea la, ame ka ƒomeviwo wòle be mianye? Ele be mianɔ agbe le kɔkɔenyenye kple mawuvɔvɔ̃ me, 12esi miele mɔ kpɔm na Mawu ƒe ŋkeke la, hele du dom eƒe vava. Ŋkeke sia ƒe vava ana woatsrɔ̃ dziƒowo kple dzo, eye emenuwo alolõ le dzoxɔxɔ la me. 13Ke le eƒe ŋugbedodo la nu, míele mɔ kpɔm na dziƒo yeye kple anyigba yeye, afi si anye dzɔdzɔenyenyeteƒe la.
14Eya ta nɔvi lɔlɔ̃wo, esi miele mɔ kpɔm na esia la, miɖe afɔ ɖe sia ɖe si miate ŋui la, be woakpɔ mi ɖimaƒomaƒoe, mokakamanɔŋutɔe, eye mianɔ ŋutifafa me kplii. 15Nenɔ susu me na mi be míaƒe Aƒetɔ la ƒe dzigbɔɖi nye miaƒe ɖeɖe, abe ale si mía nɔvi lɔlɔ̃ Paulo ŋlɔ na mi kple nunya si Mawu nɛ la ene. 16Eŋlɔ nu siawo ɖe eƒe agbalẽwo katã me, eye wòƒoa nu tso nu siawo katã ŋu. Nanewo le eƒe agbalẽawo me siwo ƒe gɔmesese sesẽ, esi ame manyanuwo kple ame malikewo blua afɔ na, abe ale si wowɔna na mawunya bubuwo hã ene, hena woawo ŋutɔ ƒe tsɔtsrɔ̃.
17Eya ta nɔvi lɔlɔ̃wo, esi mienya esia xoxo la, minɔ ŋudzɔ be sedzimawɔlawo ƒe nu tovo wɔwɔ makplɔ mi adzoe, be miage le teƒe si mieli ke ɖo la o. 18Ke mitsi le amenuveve kple sidzedze míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela Yesu Kristo me.
Eya ko tɔ anye ŋutikɔkɔe tso fifia yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.

Você sabia?
Zombadores e o Dia do Senhor
- Este capítulo diz que, nos últimos dias, virão zombadores, seguindo os próprios desejos maus, e perguntarão onde está a promessa da vinda dele. Afirmarão que, desde que os pais adormeceram, tudo continua como desde o princípio da criação. A carta responde que eles ignoram de propósito que, pela palavra de Deus, os céus já existiam e a terra foi formada da água e por meio da água, que o mundo daquele tempo pereceu no dilúvio e que os céus e a terra de agora estão reservados para o fogo até o dia do juízo.Fontes: o próprio texto bíblico
- A carta pede aos leitores que não deixem passar isto: para o Senhor, um dia é como mil anos, e mil anos são como um dia. Diz que o Senhor não tarda em cumprir a promessa, como alguns entendem a demora, mas é paciente, não querendo que ninguém pereça, e sim que todos cheguem ao arrependimento. Acrescenta que o Dia do Senhor virá como um ladrão e que o autor e seus leitores aguardam, segundo a promessa de Deus, um novo céu e uma nova terra, onde habita a justiça.Fontes: o próprio texto bíblico
- O autor chama Paulo de irmão amado que também escreveu a esses leitores, com a sabedoria que Deus lhe deu, sobre esses assuntos, e diz que Paulo escreve assim em todas as suas cartas. Algumas partes dessas cartas são chamadas de difíceis de entender, e pessoas ignorantes e instáveis as distorcem, como fazem com o restante das Escrituras, para a própria destruição. O Dicionário Bíblico de Easton (1897) identifica Paulo com Saulo e o descreve como natural de Tarso, capital da Cilícia, província romana no sudeste da Ásia Menor; afirma que o nome Paulo provavelmente lhe foi dado na infância para uso no mundo gentio.Fontes: o próprio texto bíblico · Paul
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org