Nations Bible

2 Pedro 2

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Aʋatsonufialawo kple woƒe tsɔtsrɔ̃

1Gake aʋatsonyagblɔɖilawo nɔ ameawo dome abe ale si aʋatsonufialawo anɔ miawo hã domee ene. Woahe nu dada fiafiawo vɛ le adzame, woagbe nu gɔ̃ hã le Aƒetɔ ŋusẽkatãtɔ si ƒle wo la gbɔ, eye woahe gbegblẽ ava woawo ŋutɔ ɖokui dzi kaba. 2Ame geɖewo adze woƒe ŋukpenanuwɔwɔwo yome eye woagblɔ busunya ɖe nyateƒe la ŋu. 3Nufiala siawo, le woƒe ŋukeklẽ me, atsɔ nya kpakpawo aɖe vi le mia ŋuti. Woƒe fɔbubu le ta dzi na wo tso blema ke, eye woƒe gbegblẽ medɔ alɔ̃ o.

4Elabena ne Mawu mekpɔ nublanui na mawudɔlawo esi wowɔ nu vɔ̃ o, ke boŋ eɖo wo ɖe dzomavɔ me, hede ga wo ɖe ʋe globo doviviti me, be woanɔ afi ma va se ɖe ʋɔnudrɔ̃gbe; 5ne metsɔe ke blema xexemetɔwo o, ke boŋ wòna tsi ɖɔ hetsrɔ̃ mawumavɔ̃la mawo, negbe dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela, Noa kple ame adreawo ko wòɖe; 6ne ebu fɔ Sodom kple Gomora duawo hena dzo fia wo, wozu afi, eye wòtsɔ wo wɔ kpɔɖeŋu na nu si adzɔ ɖe mawumavɔ̃lawo dzi; 7ne eɖe ame dzɔdzɔe Lɔt, ame si semanɔsitɔ mawo ƒe agbe ƒaƒã nɔnɔ ti kɔ na, 8(elabena esi ame dzɔdzɔe ma nɔ wo dome la, eƒe luʋɔ dzɔdzɔe la kpea fu gbe sia gbe ne ekpɔ, eye wòse agbe si nɔm ameawo le semaɖemɔnatɔe la). 9Ne ele alea la, ekema Aƒetɔ la nya ale si wòaɖe mawuvɔ̃lawo tso dodokpɔwo me, eye wònya ale si wòalé mawumavɔ̃lawoe, anɔ to hem na wo va se ɖe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la dzi. 10Esia nye nyateƒe, vevietɔ na ame siwo dze ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome, eye wodoa vlo kplɔlawo.

Dzideƒo kple ɖokuiŋudzedze le ame siawo me ale gbegbe be womevɔ̃a nya vlowo gbɔgblɔ ɖe dziƒodɔlawo ŋu o. 11Togbɔ be mawudɔlawo de ŋgɔ, hesesẽ wu wo gɔ̃ hã la, wometsɔa ameŋugblẽnya bua fɔ nu gbagbe siawo le Aƒetɔ la ƒe ŋkume o. 12Gake ame siawo gblɔa busunya le nya siwo gɔme womese o la me. Wole abe lã siwo si nunya mele o, nuwɔwɔ siwo wɔ nu ɖekematsɔlemetɔe kple lã siwo wodzi ko be woalé wo, eye woatsrɔ̃ wo la ene. Eye abe lãwo ene la, woawo hã woatsrɔ̃.

13Woaxɔ madzemadzenyenye ƒe fetu: Ame siwo bua gbe sia gbe ƒe aglotutu dzidzɔdonui, ɖiƒoƒo kple ŋukpe wonye. Wotsɔa nu siwo wokpɔ to woƒe amebeble me la ɖua nu tsui; evɔ la, wonɔa anyi ɖe kplɔ̃ ɖeka ŋu ɖua nu kpli mi. 14Ahasiwɔwɔ xɔ ŋku dzi na wo, eye womedzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ gbeɖe o, wodɔna kple ame malikewo. Wobi ɖe ŋukeklẽ me, eye wonye dzidzime si dzi fiƒode le! 15Wogblẽ mɔ dzɔdzɔe la ɖi, helé Beor ƒe vi Balaam ƒe mɔ tsɔ, ame si lɔ̃ vɔ̃ɖinyenye ƒe fetu. 16Ke tedzi lãmaƒonu tsɔ ame ƒe gbe ƒo nu nɛ, ka mo nɛ ɖe eƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ta, heɖo asi Mawu ƒe nyagblɔɖila la ƒe tsukunuwo wɔwɔ dzi.

17Ŋutsu siawo le abe vudo siwo me tsi mele o kple afudodo si ahom lɔna ɖe nu la ene. Wodzra viviti tsiɖitsiɖi ɖo ɖi na wo. 18Elabena wotsɔa woƒe nu gblɔa nya dzodzro, siwo me dada le, wotsɔa ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo blea ame siwo si le ame vɔ̃ɖiwo nu fifi laa la nu. 19Wodoa ablɔɖe ƒe ŋugbe na wo esi woawo ŋutɔ wonye kluviwo na anyidzedze, elabena ame nyea kluvi na nu sia nu si ɖu aƒetɔ ɖe edzi la. 20Nenye be wosi le gbegblẽ si le xexea me nu, to sidzedze míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela Yesu Kristo me, evɔ wogbugbɔ gabla wo ɖe nu mawo ke me, heɖu wo dzi la, woƒe nuwuwu avɔ̃ɖi wu ale si wònɔ le gɔmedzedzea me. 21Anyo na wo be womenya dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ o tsɔ wu be woanyae, eye woatrɔ megbe ade sedede kɔkɔe si wotsɔ de asi na wo. 22Ame siawo la, lododo siawo nye nyateƒe le wo ŋuti be, “Avu trɔna gayia nu si wòdzɔ la gbɔ,” eye “Ha si wole tsi na la gayia eƒe babublu dzi.”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Falsos mestres e juízos do passado

  • 2 Pedro aponta Sodoma e Gomorra, reduzidas a cinzas, como exemplo do que virá sobre os ímpios. O Dicionário Bíblico de Easton (1897) descreve Sodoma como uma cidade murada no vale de Sidim, destruída por fogo vindo do céu, e Gomorra como uma das cinco cidades dessa planície, sempre mencionada logo depois de Sodoma. Diz que essas cidades provavelmente ficavam próximas entre si, perto da extremidade norte do que hoje é o Mar Morto, e que nenhum vestígio de Sodoma ou das outras cidades da planície foi encontrado.Fontes: o próprio texto bíblico · Sodom · Gomorrah
  • O capítulo diz que esses falsos mestres deixaram o caminho reto para seguir Balaão, filho de Beor, que amou o salário da maldade e foi repreendido por uma jumenta, de outro modo sem fala, que falou com voz humana. O Dicionário Bíblico de Easton descreve Balaão como um homem de certa posição entre os midianitas, que morava em Petor, na Mesopotâmia; embora vivesse entre idólatras, tinha algum conhecimento do verdadeiro Deus, e Balaque mandou chamá-lo para amaldiçoar Israel. O mesmo dicionário observa que Beor, pai de Balaão, é chamado Bosor em 2 Pedro 2:15.Fontes: o próprio texto bíblico · Balaam · Beor
  • 2 Pedro chama Noé de pregador da justiça e diz que ele foi preservado entre oito pessoas quando o dilúvio veio sobre os ímpios do mundo antigo. O Dicionário Bíblico de Easton o identifica como filho de Lameque e neto de Matusalém, e o descreve como um elo entre o mundo antigo e o novo e como o segundo grande progenitor da família humana. Registra que ele viveu quinhentos anos antes de nascerem seus três filhos, Sem, Cam e Jafé.Fontes: o próprio texto bíblico · Noah

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.