2 Crônicas 31
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
1Esi nu siawo katã wu enu la, Israelvi siwo katã nɔ afi ma la do go yi Yuda ƒe duwo me eye wogbã legbawo, heho aƒeliwo ƒu anyi, wogbã nuxeƒewo kple vɔsamlekpui siwo katã nɔ Yuda, Benyamin, Efraim kple Manase. Esi wotsrɔ̃ nu siawo katã vɔ megbe la, Israelviwo gbugbɔ yi woawo ŋutɔ ƒe duwo me eye woyi ɖanɔ woƒe aƒewo me.
Kpekpeɖeŋuwo nana hena mawusubɔsubɔ
2Azɔ la, Hezekia ma nunɔlawo kple Levitɔwo ɖe hatsotsowo me hena nu vɔ̃ vɔsa kple akpedavɔ sasa eye be woasubɔ Yehowa, atsɔ akpedada kple kafukafu nɛ. 3Ena vɔsalãwo tso eya ŋutɔ ƒe lãhawo me hena gbe sia gbe ŋdi kple fiẽ ƒe numevɔsawo kple Dzudzɔgbe kple Ɣleti Yeye ƒe ŋkekenyuiwo kple ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui bubuwo ƒe numevɔsawo, abe ale si Mawu ƒe se la bia tso wo si ene.
4Hekpe ɖe esiawo ŋu la, Fia Hezekia na be Yerusalemtɔwo natsɔ woƒe nuwo ƒe ewolia vɛ na nunɔlawo kple Levitɔwo ale be magahiã be woawɔ dɔ bubuwo o, ke boŋ woalé fɔ ɖe dɔ siwo Mawu ƒe se la ɖo na wo la ko ŋu vevie. 5Esi sedede sia ɖo ameawo ƒe tome ko la, Israelviwo kɔ dɔme na woƒe kutsetse gbãtɔwo, wain yeye, ami kple anyitsi kple agblemenuku ɖe sia ɖe ƒomevi. Wotsɔ nu sɔgbɔwo vɛ siwo nye nu sia nu ƒe ewolia ƒe ɖeka. 6Israelvi kple Yudatɔ siwo nɔ Yuda duwo me la hã tsɔ woƒe lãwo ƒe ewolia ƒe ɖeka kple nu kɔkɔe si wodzra ɖo na Yehowa, woƒe Mawu la ƒe ewolia ƒe ɖeka vɛ eye woli kɔ wo. 7Wodze nu sia wɔwɔ gɔme le ɣleti etɔ̃lia me eye wowu enu le ɣleti adrelia me. 8Esi Hezekia kple eƒe dziɖulawo kpɔ nu siwo woƒo ƒu ɖi la, wokafu Yehowa eye woyra eƒe amewo, Israelviwo.
9Hezekia bia nunɔlawo kple Levitɔwo be, “Afi ka nu gbogbo siawo katã tso?” 10nunɔlagã Azaria, tso Zadok ƒe hlɔ̃ me, ɖo eŋu be, “Esiawoe nye nuwo ƒe ewolia ƒe ɖeka! Míele nu ɖum tso nu siawo me kɔsiɖa geɖewo nye esi gake nu gbogbo siawo gasusɔ elabena Yehowa yra eƒe amewo.”
11Hezekia ɖe gbe be woatu nudzraɖoƒexɔwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, ale wowɔe nenema. 12Tete wowɔ nuteƒe hetsɔ woƒe nudzɔdzɔwo, nu ewoliawo kple nunana si woɖe ɖe aga la vɛ. Konania, Levitɔ, nɔ nu siawo nu eye nɔvia ŋutsu. Simei, nye ame si nye eƒe kpeɖeŋutɔ. 13Yehiel, Azazia, Nahat, Asahel, Yerimɔt, Yozabad, Eliel, Ismakia, Mahat kple Benaya nye dɔdzikpɔlawo nɔ Konania kple nɔvia ŋutsu Simei te le Fia Hezekia kple Azaria, Mawu ƒe gbedoxɔ dzikpɔla la ƒe ɖoɖo nu.
14Kore, Levitɔ, Imna ƒe viŋutsu, Ɣedzeƒegbo la nudzɔla nɔ lɔlɔ̃nununana siwo wotsɔ vɛ na Mawu la dzi kpɔm. Enɔ nu siwo wodzɔ na Yehowa la kple nunana siwo ŋu wokɔ la mam. 15Eden, Miniamin, Yesua, Semaya, Amaria kple Sekania kpe ɖe eŋu le nuteƒewɔwɔ me le nunɔlawo ƒe duwo me le numama na wo nɔvi nunɔlawo me ɖe woƒe hatsotsowo nu na tsitsiawo kple ɖeviawo siaa. 16Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, woma nu na viŋutsu siwo xɔ ƒe etɔ̃ alo wu nenema, ame siwo ƒe ŋkɔwo menɔ dzidzimegbalẽ la me o, ame siwo dze be woayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me be woawɔ woƒe gbe sia gbe dɔdeasiwo le dɔ vovovo siwo woɖo na wo ɖe woƒe hatsotsowo me nu. 17Eye woma nuwo na nunɔlawo, ame siwo ŋkɔ woƒe ƒomewo ŋlɔ ɖe dzidzimegbalẽawo me. Nenema kee wowɔ na Levitɔ siwo xɔ ƒe blaeve alo wu, le woƒe dɔdeasiwo kple woƒe hatsotsowo nu. 18Ame siwo hã ƒe ŋkɔwo nɔ dzidzimegbalẽawo me la woe nye: ɖevi suewo, srɔ̃nyɔnuwo kple dukɔ blibo la ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo elabena wowɔ nuteƒe le wo ɖokuiwo ŋu kɔkɔ me. 19Wotia nunɔla ɖeka le du ɖe sia ɖe si me nunɔlawo, Aron ƒe viwo, nɔ la me be wòama nuɖuɖu kple nu bubuwo na nunɔla siwo le nuto me ma kple Levitɔ siwo katã ŋkɔ wode agbalẽ me.
20Ale Fia Hezekia wɔ ɖoɖo ɖe numama ŋu le Yudanyigba blibo la dzi; ewɔ nu si nyo eye wòdze la, le Yehowa, eƒe Mawu la ŋkume. 21Edze agbagba vevie be yeana ameawo nabu gbedoxɔ la kple se la eye woanɔ agbe si adze Mawu ŋu. Nu siawo katã dze edzi nɛ nyuie.

Você sabia?
Ezequias organiza os sacerdotes e as ofertas
- Após a celebração, os israelitas destruíram os santuários idólatras em Judá, Benjamim, Efraim e Manassés. O rei Ezequias então reorganizou os sacerdotes e levitas em seus turnos, contribuiu com seus próprios bens para os holocaustos regulares e ordenou que o povo entregasse os dízimos para que os ministros pudessem se dedicar à Lei do SENHOR.Fontes: o próprio texto bíblico · Hezekiah
- O povo trouxe dízimos e primícias tão generosos de cereais, vinho novo, azeite, mel e gado que grandes montes se acumularam entre o terceiro e o sétimo mês. Azarias, o sumo sacerdote da família de Zadoque, relatou que havia fartura de sobra, levando Ezequias a ordenar a preparação de câmaras de armazenamento no templo.Fontes: o próprio texto bíblico · Azariah · Zadok
- Oficiais como os levitas Conanias, seu irmão Simei e Coré, guarda da Porta Oriental, foram encarregados de administrar e distribuir com fidelidade as contribuições. As porções eram fornecidas não apenas aos ministros no templo de Jerusalém, mas também aos sacerdotes, levitas e suas famílias nas cidades vizinhas, segundo os registros genealógicos.Fontes: o próprio texto bíblico · Cononiah · Shimei
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 4
- East Gate · Hoje: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 14
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org