Nations Bible

2 Crônicas 30

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Hezekia ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la

1Hezekia ɖo du ɖe Israel kple Yuda blibo la eye wòŋlɔ agbalẽwo hã ɖo ɖe Efraim kple Manase toawo, nɔ wo kpem be woava Yehowa ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem eye woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui na Yehowa, Israel ƒe Mawu la. 2Fia la kple eƒe dziɖulawo kple ameha blibo la si nɔ Yerusalem ɖo tame be yewoaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti evelia me. 3Womete ŋu ɖu ŋkekenyui sia le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi ƒe sia ƒe o elabena nunɔla siwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu la mesɔ gbɔ o eye ameawo mekpe ta ɖe Yerusalem o. 4Fia la kple eƒe aɖaŋudelawo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi 5eya ta woɖe gbeƒã Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu to Israelnyigba blibo la dzi, tso Dan yi Beerseba eye wokpe ame sia ame va Yerusalem hena ŋkekenyuia ɖuɖu na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, elabena eteƒe didi Israelviwo megaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la kpɔ, abe ale si woŋlɔe ɖi ene o.

6Dɔlawo xɔ agbalẽawo le fia la kple eƒe amegãwo si ɖatsa le le Israel blibo la kple Yuda eye wogblɔ le fia la ƒe sedede nu be be,

“Israelviwo, mitrɔ gbɔ va Yehowa, Abraham kple Isak kple Israel ƒe Mawu la gbɔ, ale be eya hã natrɔ ɖe mi ame siwo do le Asiria fiawo ƒe ŋusẽ te la ŋu. 7Miganɔ abe mia nɔviwo, ame siwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu ŋu eye wòtsrɔ̃ wo la ene o. 8Miganye kɔlialiatɔwo abe woawo ene o, ke boŋ miɖe asi le mia ɖokuiwo ŋu na Yehowa eye miatrɔ va eƒe gbedoxɔ si ŋu wokɔ tegbee la me. Misubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ale be eƒe dɔmedzoe helihelĩ la naɖe ɖa le mia dzi. 9Ne miegatrɔ ɖe Aƒetɔ la ŋu la, ame siwo ɖe aboyo mia nɔviwo kple mia viwo la, akpɔ nublanui na wo eye woagate ŋu atrɔ agbɔ va anyigba sia dzi elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe dɔme nyo eye eƒe amenuveve li tegbee eya ta magble mí ɖi, ne míetrɔ ɖe eŋu o.”

10Ale dɔlawo tsa le duwo katã me le Efraim kple Manase kple Zebulon. Ke enuenu la, ameawo xɔa wo kple nukoko kple vlodoame! 11Ke ame aɖewo ya tso Aser, Manase kple Zebulon ƒe viwo dome trɔ ɖe Mawu ŋu eye wova Yerusalem. 12Le Yuda la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ nyɔ didi sesẽ aɖe le dukɔ blibo la me be woawɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi abe ale si fia la kple eŋumewo bia tso wo si la ene.

13Ale ameha gã aɖe va kpe ta ɖe Yerusalem le ɣleti evelia me hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. 14Wogbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo kple dzudzɔdovɔsamlekpuiwo katã le Yerusalem eye wolɔ woƒe gbagbãwo yi ɖakɔ ɖe Kidron tɔʋu la me.

15Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, ameawo wu alẽviwo hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. Ŋukpe lé nunɔlawo kple Levitɔwo, ale wokɔ wo ɖokuiwo ŋu eye wotsɔ numevɔsanuwo yi gbedoxɔ la me. 16Wotsi tsitre ɖe woƒe nɔƒewo abe ale si Mose, Mawu ƒe ame la, ƒe sewo ɖo na wo ene. Levitɔwo tsɔ vɔsalẽwo ƒe ʋu na nunɔlawo eye wohlẽe.

17Esi ameawo dometɔ geɖewo mekɔ wo ɖokuiwo ŋu o ta la, womete ŋu wu alẽviwo na Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu o eya ta Levitɔwo wu wo na wo eye wotsɔ alẽviawo de asi na Yehowa. 18Hekpe ɖe esia ŋu la, ame siwo tso Efraim, Manase, Isaka kple Zebulon ƒe hlɔ̃wo me va la, dometɔ geɖewo mekɔ wo ɖokuiwo ŋuti o ale womenɔ Ŋutitotoŋkekenyui la ɖum nyuie ɖe se la nu o. Fia Hezekia do gbe ɖa ɖe wo ta be, 19“Oo Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu, le wò dɔmenyo ta la, tsɔ nu vɔ̃ ke ame siwo le subɔwòm kple woƒe dzi blibo togbɔ be womekɔ wo ɖokuiwo ŋu o hã.” 20Yehowa se Hezekia ƒe gbedodoɖa eye metsrɔ̃ ameawo o.

21Ale Israelviwo ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le Yerusalem ŋkeke adre kple dzidzɔ gã. Le ɣe ma ɣi la, Levitɔwo kple nunɔlawo kafua Mawu sesĩe kple hadzidziwo kple gakogoewo gbe sia gbe.

22Fia Hezekia kafu Levitɔwo le woƒe ha viviwo dzidzi ta. Ale ŋkekenyui la ɖuɖu yi edzi ŋkeke adre. Wosa akpedavɔwo eye amewo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la.

23Ameawo gayi vividodo ɖe ŋkekenyui la ŋu dzi eya ta wo katã woɖoe be yewoagayi ŋkekenyui la ɖuɖu dzi ŋkeke adre bubu. 24Fia Hezekia na nyitsu akpe ɖeka (1,000) kple alẽ akpe adre (7,000) ameawo eye fiaviŋutsuwo hã na nyitsu fɛ̃ akpe ɖeka (1,000) kple alẽ akpe ewo (10,000). Nunɔla geɖewo kɔ wo ɖokuiwo ŋu ɣe ma ɣi. 25Yudatɔwo, nunɔlawo, Levitɔwo kple amedzrowo kple ame siwo tso Israelnyigba dzi va la kpɔ dzidzɔ gã aɖe. 26Eva eme alea elabena womegaɖu ŋkekenyui sia tɔgbi kpɔ alea le Yerusalem le Solomo, Fia David ƒe vi ƒe ŋkekewo megbe o. 27Azɔ la, nunɔlawo kple Levitɔwo tsi tsitre, yra ameawo eye Yehowa se woƒe gbedodoɖawo le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me le dziƒo.

Você sabia?

A celebração da Páscoa de Ezequias

  • Ezequias e a assembleia em Jerusalém adiaram a Páscoa para o segundo mês porque não havia sacerdotes consagrados em número suficiente a tempo e o povo ainda não havia se reunido.Fontes: o próprio texto bíblico · Hezekiah
  • O rei enviou mensageiros com cartas por toda a terra, de Berseba até Dã, convidando os sobreviventes das invasões assírias das tribos do norte, como Efraim, Manassés e Aser, a adorar juntos em Jerusalém.Fontes: o próprio texto bíblico · Beersheba · Assyria
  • Quando muitos visitantes do norte comeram a refeição pascal sem a purificação ritual prescrita pela Lei de Moisés, Ezequias orou para que Deus perdoasse a todos os que buscavam o Senhor de coração, e o Senhor sarou o povo.Fontes: o próprio texto bíblico · Moses

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 1, 2, 3, 5, 11, 13, 14, 21, 26
  • Dan · Hoje: Tel Dan · 33.249, 35.652 · versículo 5
  • Assyria · 36.359, 43.153 · versículo 6
  • Kidron · Hoje: Kidron River · 31.780, 35.240 · versículo 14

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.