Nations Bible

Rut 3

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Rut kple Boaz le lugbɔƒe

1Gbe ɖeka la, lɔ̃xoa Naomi gblɔ nɛ be, “Vinye, ɣeyiɣi mede be madi ŋutsu aɖe na wò nàɖe, ale be nàganɔ srɔ̃gbe oa? 2Ŋutsu si le nye susu me lae nye Boaz. Enyo dɔ me na mí ŋutɔ, eye gawu la, míaƒe ƒometɔ wònye. Menya be ele lu gbɔ ge le zã sia me le eƒe lugbɔƒe, 3eya ta wɔ ɖe nya si magblɔ na wò la dzi. Le tsi, nàsi amiʋeʋĩ, eye nàta avɔ nyui aɖe ayi lugbɔƒea. Mègana wòakpɔ wò o, va se ɖe esime wòaɖu nu vɔ hafi. 4Lé ŋku ɖe afi si wòamlɔ la ŋu, eye nàyi aɖaklo avɔ ɖa le eƒe afɔ gbɔ, eye nàmlɔ eƒe afɔ nu. Ekema agblɔ nu si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la na wò.”

5Rut ɖo eŋu be, “Enyo, mesee; mawɔ nu sia nu si nègblɔ la.” 6Ale Rut yi lugbɔƒe la, eye wòwɔ nu si lɔ̃xoa gblɔ nɛ la pɛpɛpɛ.

7Esi Boaz ɖu nu, eye wòno nu vɔ la, eyi ɖamlɔ anyi dzidzemetɔe ɖe afi si woƒo lu ƒu ɖo la. Rut wɔ ɖɔɖɔɖɔ yi ɖaɖe avɔ le Boaz ƒe afɔ gbɔ, eye wòmlɔ eƒe afɔ nu. 8Le zãtitina lɔƒo la, Boaz ɖi vo, nyɔ hefɔ bɔbɔ nɔ anyi. Ekpɔ nyɔnu aɖe wòmlɔ eƒe afɔ nu.

9Ebiae be, “Wò ame kae?”

Rut ɖo eŋu be, “Nye Rut, wò dɔlanyɔnue, nye aƒetɔ. Keke wò avɔ ɖe wò dɔlanyɔnu dzi, elabena srɔ̃ɖia nènye.”

10Boaz do ɣli be, “Meda akpe na Mawu ɖe ɖetugbi abe wò ene ta, elabena ègale Naomi nu vem fifia wu tsã gɔ̃ hã. Eme kɔ ƒãa be ŋutsu aɖe si metsi abe nye ene o, eɖanye ame dahe alo hotsuitɔ o, eyae anyo na wò wu hafi. Ke èɖe asi le ɖokuitɔdidi ŋu, ale be nàɖem, eye nàdzi domenyila na Naomi. 11Azɔ la, vinye, megavɔ̃ o. Mawɔ nya sia ƒe akpa ɖe sia ɖe ŋu dɔ, elabena ame sia ame nya be ènye ame tɔxɛ aɖe. 12Ke kuxi ɖeka aɖe le nya la ŋu. Enye nyateƒe be wò ƒometɔe menye, ke ame bubu aɖe gali si do ƒome kpli wò wum. 13Tsi afi sia dɔ. Ne ŋu ke la, maƒo nu kplii. Ne aɖe wò la, ekema enyo; newɔ eƒe dɔdeasi. Ke ne maɖe wò o la, ekema meta Yehowa be nye ŋutɔ maɖe wò. Mlɔ afi sia va se ɖe esime ŋu nake.”

14Ale Rut mlɔ Boaz ƒe afɔ nu va se ɖe fɔŋli. Efɔ kaba hafi ŋu ke nyuie, elabena Boaz gblɔ nɛ be, “Mègana ame aɖeke nanya be nyɔnu aɖe va lugbɔƒe le afi sia o.”

15Boaz gagblɔ nɛ hã be, “Ɖo wò taɖedzi la ɖe anyigba.” Esi Rut wɔ alea la, Boaz ku lu dzidzenu ade kɔ ɖe avɔ la me, eye wòlée nɛ. Ale wòtrɔ yi aƒe me.

16Esi wòɖo aƒe me la, lɔ̃xoa biae be, “Vinyenyɔnu, aleke nèdee?”

Rut gblɔ nu sia nu si Boaz wɔ nɛ la na lɔ̃xoa, 17eye wògblɔ kpe ɖe eŋu be, “Eyae tsɔ lu dzidzenu ade sia nam hegblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Menyo be nàtrɔ ayi lɔ̃xowò gbɔ kple asi ƒuƒlu o.’ ”

18Tete Naomi gblɔ na Rut be, “Vinyenyɔnu, lala va se ɖe esime nàkpɔ ale si nya la ava wu enui ɖa, elabena Boaz madzudzɔ o, va se ɖe esime wòakpɔ ta na nya la egbea.”

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Rut en la Era

  • El aventar la cebada solía realizarse al atardecer, cuando las brisas ayudaban a separar el grano de la paja. Propietarios como Booz pasaban la noche en la era durmiendo junto a las parvas para vigilar el grano cosechado.Fuentes: el propio texto bíblico
  • Rut pidió a Booz que extendiera el borde de su manto sobre ella, una petición de protección y matrimonio bajo la costumbre del pariente redentor. Booz elogió su noble carácter y su lealtad al no buscar a hombres más jóvenes.Fuentes: el propio texto bíblico · Boaz
  • Aunque Booz era un pariente adinerado de Noemí y de su difunto hijo Majlón, señaló que existía otro pariente más cercano que tenía el derecho legal prioritario para ejercer la redención.Fuentes: el propio texto bíblico · Boaz · Ruth

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.