Rut 2
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Rut do go Boaz
1Naomi srɔ̃, Elimelek nɔviŋutsu aɖe nɔ Betlehem, ame si ŋkɔe nye Boaz, eye wònye kesinɔtɔ gã aɖe.
2Gbe ɖeka la, Rut gblɔ na Naomi be, “Medi be mayi dɔmenyotɔ aɖe ƒe agble ne mafɔ nuku si nuxalawo gblẽ ɖi la va aƒe me.”
Naomi gblɔ be, “Enyo; heyi.” 3Ale Rut yi. Nukutɔe la, agble si me wòyi la nye Boaz, ame si nye Naomi srɔ̃, Elimelek ƒe ƒometɔ la tɔ.
4Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Boaz tso Betlehem va agble la, eye wòdo gbe na dɔwɔlawo be, “Yehowa nanɔ anyi kpli mi!”
Woɖo eŋu be, “Yehowa nayra wò!”
5Boaz bia eƒe dɔwɔlawo dzi kpɔla be, “Ɖetugbi kae nye ema?”
6Dzikpɔla la ɖo eŋu be, “Ɖetugbi si tso Moabnyigba dzi va kple lɔ̃xoa, Naomi lae. 7Ebia mɔm ŋdi sia be yeafɔ nuku siwo ge le nuku bablawo me, eye esia dzi ko wòle tso ŋdi ke, fifia koe wòle ɖiɖim ɖe eme vie le vɔvɔli ma te.”
8Boaz gblɔ na Rut be, “Vinye, ɖo tom; mègayi ɖafɔ nuku siwo nuxalawo gblẽ ɖi la le agble bubu aɖeke me o, eye mègadzo le afi sia hã o. Lé ɖokuiwò ɖe nye dɔlanyɔnuwo ŋu. 9Lé ŋku ɖe afi si ŋutsuawo le nuku xam le la ŋu, eye nàdze nye dɔlanyɔnuwo yome. Mede se na ŋutsuawo be womaɖe fu aɖeke na wò o, eye ne tsikɔ le wuwòm la, yi nàku tsi le ze siwo me ŋutsuawo ku tsi ɖo la me nàno.”
10Nya siawo sese na Rut de ta agu, tsyɔ mo anyi, eye wògblɔ be, “Nu kae na nètsɔ ɖe le nye nya me? Nu ka ta nève amedzro aɖe nu ale ɖo?”
11Boaz ɖo eŋu be, “Mese nu siwo katã nèwɔ na lɔ̃xowò tso esime srɔ̃a ku. Menya nu tso ale si nègblẽ fofowò, dawò kple mia de ɖi kple ale si nèva le ame siwo mènya tsã o dome la ŋu. 12Yehowa naɖo nyui si nèwɔ la teƒe na wò. Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si gbɔ nèva le sitsoƒe dim le la naɖo eteƒe na wò.”
13Rut ɖo eŋu be, “Akpe na wò, nye aƒetɔ. Èkpɔ nublanui nam ŋutɔ, èna nye dzi dze eme ɖe ale si nèƒo nu nam lɔlɔ̃tɔe ta, togbɔ be nyemede wò subɔla aɖeke nu o hã.”
14Le ŋdɔnuɖuɣi la, Boaz yɔ Rut, eye wògblɔ nɛ be, “Va nàɖu nu kpli mí.”
Rut nɔ dɔwɔlawo dome heɖu nu kpli wo ɖi ƒodo nyuie, eye nuɖuɖu si wonae la ƒe ɖe gasusɔ. 15Esi wògayi nukua fɔfɔ dzi la, Boaz gblɔ na nuxalawo be woana wòafɔ nukuawo le bablawo me, eye womegaxe mɔ nɛ kura o. 16Kpe ɖe esia ŋu la, woalũ nuku aɖewo tso nuku babla me ada ɖe eŋgɔ be wòafɔ, eye womegabia nya aɖekee o.
17Ale Rut fɔ nuku siwo ge ɖe agblea dzi la va se ɖe fiẽ. Emegbe la, enyɔ lu siwo wòfɔ ƒo ƒu la, eye eƒe dzidzeme anɔ lita blaeve-vɔ-eve. 18Rut tsɔ lu la yi dua me, eye lɔ̃xoa kpɔ esi sinu wòte ŋu fɔ. Kpe ɖe esia ŋu la, Rut he nuɖuɖu si wòɖu la ƒe susɔe ɖe go, eye wòtsɔe nɛ.
19Lɔ̃xoa biae be, “Afi ka tututue nèfɔ nuku le egbea? Afi ka nèwɔ dɔ le egbea? Woayra ŋutsu si ve nuwò alea!”
Ale Rut gblɔ ame si ƒe agble me wòwɔ dɔ le la na lɔ̃xoa. Egblɔ nɛ be, “Ŋutsu si gbɔ mewɔ dɔ le egbe la ƒe ŋkɔe nye Boaz.”
20Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvia be, “Yehowa neyrae! Medzudzɔ agbagbeawo kple kukuawo nu veve kpɔ o. Ŋutsu la nye míaƒe ƒometɔ ŋutɔŋutɔ, eye wònye ƒometɔ siwo wòle be woakpɔ mía dzi la dometɔ ɖeka.”
21Rut, Moab nyɔnu la yi edzi be, “Egblɔ nam gɔ̃ hã be magava, eye manɔ nuxalawo yome kplikplikpli va se ɖe esime woawu nukuawo xaxa le agble blibo la me nu.”
22Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvia Rut be, “Vinyenyɔnu, anyo na wò be nànɔ eƒe nyɔnuviwo ŋu, elabena ne èyi ame bubu aɖe ƒe agble me la, ɖewohĩ woava wɔ nuvevi wò.”
23Ale Rut lé eɖokui ɖe Boaz ƒe dɔlanyɔnuwo ŋu henɔ nukuwo fɔm va se ɖe esime lu kple ƒo ŋeɣi wu enu, eye wònɔ lɔ̃xoa gbɔ.

¿Sabías que…?
Rut espiga en los campos de Booz
- Belén estaba situada en la región montañosa de Judá, y los valles fértiles al este servían como campos agrícolas donde Rut recogía las espigas de cebada que dejaban los segadores.Fuentes: Bethlehem · Ruth · el propio texto bíblico
- Booz era un terrateniente próspero en Belén, perteneciente al clan del difunto esposo de Noemí, Elimelec, lo que lo convertía en un pariente cercano y redentor de la familia.Fuentes: Boaz · Elimelech · el propio texto bíblico
- Aunque Rut era una extranjera procedente de Moab, Booz le ofreció una hospitalidad y protección especiales, compartiendo con ella grano tostado y agua, y ordenando a sus trabajadores que no la molestaran debido a su lealtad hacia Noemí.Fuentes: Ruth · el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org