Apocalipsis 19
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Dziƒonɔlawo dzi haleluya
1Le esia megbe la, mese nane si ɖi abe ameha gã aɖee le ɣli dom le dziƒo ene be,
“Haleluya!
Ɖeɖe kple ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ nye míaƒe Mawu la tɔ,
2elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe, eye wole dzɔdzɔe.
Ebu fɔ gbolo gã la,
ame si do gu anyigba to eƒe ahasiwɔwɔwo me.
Ebia hlɔ̃ ɖe eƒe dɔlawo ƒe ʋu ta.”
3Wogado ɣli ake be,
“Haleluya!
Eƒe dzotɔtɔ ƒe dzudzɔ le tutum le dziƒo yim tso mavɔ me yi mavɔ me.”
4Amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo kple nu gbagbe eneawo tsyɔ mo anyi, eye wosubɔ Mawu, ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui dzi la. Wodo ɣli be,
“Amen, Haleluya!”
5Tete gbe aɖe ɖi tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm be,
“Mikafu míaƒe Mawu la,
mi eƒe dɔlawo katã,
mi ame siwo vɔ̃nɛ,
ame gblɔewo kple ŋusẽtɔwo siaa!”
6Tete mese nu si ɖi abe ameha gã aɖe ƒe gbe ene, eye wòle abe tsi geɖewo ƒe sisi ƒe hoowɔwɔ alo dzi ƒe gbeɖeɖe sesẽ aɖe ene be,
“Haleluya!
Elabena míaƒe Aƒetɔ, Mawu Ŋusẽkatãtɔ lae le dzi ɖum.
7Mina míakpɔ dzidzɔ,
atso aseye, eye míatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ!
Elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyui la
ɖo, eye eƒe ŋugbetɔ la dzra eɖokui ɖo le klalo.
8Wotsɔ aklala biɖibiɖi ƒe awu si le dzo dam,
eye eŋuti kɔ la nɛ be wòado.”
(Aklala biɖibiɖi nye dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ siwo ame kɔkɔeawo wɔ la ƒe dzesi.)
9Tete mawudɔla la gblɔ nam be, “Ŋlɔ agbalẽ be, ‘Woayra ame siwo wokpe va Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe fiẽnuɖuƒe la!’ ” Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Esiawoe nye Mawu ƒe nya vavãwo.” 10Esi wògblɔ esiawo vɔ la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu be masubɔe, gake egblɔ nam be, “Mègawɔe o! Nye hã menye dɔla abe wò ke ene, kpe ɖe nɔviwò siwo lé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi me ɖe asi la ŋuti; subɔ Mawu ko! Elabena Yesu ƒe ɖaseɖiɖi la nye nyagblɔɖi ƒe gbɔgbɔ.”
Sɔ ɣi dola la
11Mekpɔ dziƒo nu le ʋuʋu ɖi, eye ame aɖe si le sɔ ɣi aɖe dzi la le nye ŋkume. Sɔdola la ƒe ŋkɔe nye Nuteƒewɔla kple Nyateƒetɔ. Edrɔ̃a ʋɔnu, eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me. 12Eƒe ŋkuwo le abe dzoka xɔxɔwo ene, eye fiakuku geɖewo nɔ eƒe ta. Woŋlɔ ŋkɔ aɖe ɖe eŋuti, esi ame aɖeke menya o, negbe eya ŋutɔ ko. 13Edo awu ʋlaya si wonyrɔ ɖe ʋu me la, eye eƒe ŋkɔe nye Mawu ƒe Nya. 14Dziƒoʋakɔwo nɔ eyome. Wonɔ sɔ ɣiwo dom, eye wodo awu siwo wotɔ kple aklala biɖibiɖi, wofu tititi la, eye wo ŋuti kɔ. 15Yi ɖaɖɛ aɖe do tso eƒe nu me, esi wòatsɔ adza dukɔwo akɔ ɖi; atsɔ gatikplɔ akplɔ wo. Efia wain le wainfiaƒe kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dziku helĩhelĩ. 16Woŋlɔ ŋkɔ sia ɖe eƒe awu ʋlaya kple eƒe ata ŋu be,
Fiawo ƒe Fia kple Aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ.
17Mekpɔ mawudɔla aɖe le tsitre ɖe ŋdɔgbe, ame si do ɣli kple gbe sesẽ na xevi siwo katã le dzodzom le yame la be, “Miva ƒo ƒu hena Mawu ƒe fiẽnuɖuɖu ƒe kplɔ̃ɖoɖo gã la, 18ale be miaɖu fiawo, aʋafiawo, kalẽtɔwo, sɔwo kple wo dolawo kple amewo katã ƒe lã, ablɔɖeviwo kple kluviwo, ame gblɔewo kple ŋusẽtɔwo siaa.”
19Tete mekpɔ lã wɔadã la kple anyigbadzifiawo kple woƒe aʋakɔwo woƒo ƒu hena aʋawɔwɔ kple ame si le sɔ ɣi la dzi la kple eƒe aʋakɔ. 20Ke wolé lã wɔadã la kple aʋatsonyagbɔɖila la, ame si wɔ nukunu geɖewo le eƒe ŋkɔ me. Etsɔ dzesi siawo ble ame siwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi, ame siwo hã subɔ eƒe legba la. Wotsɔ wo kple eve la katã ƒu gbe ɖe aŋɔdzota si le bibim la me agbagbee. 21Wowu wo dometɔ mamlɛawo kple yi si do go tso sɔdola la ƒe nu me la, eye dziƒoxeviwo va ɖu woƒe lã, eye woɖi ƒo.
¿Sabías que…?
El aleluya del cielo y las bodas del Cordero
- Este capítulo registra cuatro veces el grito “Aleluya”. Se oye un sonido como el de una gran multitud en el cielo, que alaba a Dios porque sus juicios son verdaderos y justos: ha juzgado a la gran prostituta que corrompió la tierra con su inmoralidad y ha vengado la sangre de sus siervos, derramada por mano de ella. Los veinticuatro ancianos y los cuatro seres vivientes se postran y adoran a Dios, que está sentado en el trono, diciendo “Amén, Aleluya”, y una voz desde el trono llama a alabarlo a todos los que le sirven y le temen, pequeños y grandes por igual.Fuentes: el propio texto bíblico
- La multitud anuncia que han llegado las bodas del Cordero y que su novia ya se ha preparado. Se le da un vestido de lino fino, resplandeciente y puro, y el propio texto explica que ese lino fino son las acciones justas de los santos. Un ángel manda a Juan escribir que son bienaventurados los invitados a la cena de las bodas del Cordero, y declara que estas son las verdaderas palabras de Dios.Fuentes: el propio texto bíblico
- Juan cae a los pies del ángel para adorarlo, pero el ángel no se lo permite. Dice que es consiervo de Juan y de los hermanos de Juan que se apoyan en el testimonio de Jesús, y le ordena adorar a Dios, porque el testimonio de Jesús es el espíritu de la profecía. Luego el cielo queda abierto, y Juan ve a un jinete en un caballo blanco, llamado Fiel y Verdadero, cuyo nombre es la Palabra de Dios; de su boca sale una espada aguda, y en el manto y en el muslo está escrito Rey de reyes y Señor de señores.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org