Nations Bible

Apocalipsis 18

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Babilonia ƒe anyidzedze

1Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla bubu wòɖi tso dziƒo gbɔna. Ŋusẽ gã aɖe nɔ esi, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba dzi klẽ. 2Edo ɣli kple gbe gã aɖe be,

“ ‘Womui! Womu Babilonia Gã la!’

Eva zu aƒe na gbɔgbɔ vɔ̃wo

kple mɔ sesẽ na gbɔgbɔ makɔmakɔwo

kple xadza na xevi makɔmakɔwo

kple lã siwo womeɖuna o la,

3elabena dukɔwo katã no

eƒe dɔmedzoe ƒe wain si nye eƒe gbolowɔwɔ la.

Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii,

eye anyigbadzisitsala gãwo zu hotsuitɔ gãwo to eƒe kesinɔnu gbogboawo me.”

4Tete mese gbe bubu tso dziƒo le gbɔgblɔm be,

“ ‘Nye amewo, mido go le wo dome,’

be miagakpɔ gome le woƒe nu vɔ̃wo me o,

be woƒe dɔvɔ̃wo dometɔ aɖeke nagava mia dzi o,

5elabena woƒe nu vɔ̃wo li kɔ yi ɖe dziƒo ke,

eye Mawu ɖo ŋku woƒe nu tovowo wɔwɔ dzi.

6Wɔe nɛ abe ale si wòwɔ ene.

Ɖo eteƒe nɛ zi eve ɖe nu si wòwɔ la ta.

Tɔtɔ eya ŋutɔ ƒe kplu eve ne nàtsɔ nɛ.

7Egblɔ le eƒe dzi me dadatɔe be,

‘Menɔ anyi abe nyɔnufia ene,

nyemenye ahosi o, eye nyemafa konyi akpɔ o.’

Eya ta tsɔ fuwɔame kple vevesese

nɛ wòasɔ gbɔ abe ale si wòtsɔ ŋutikɔkɔe

kple kesinɔnuwo na eɖokui ene.

8Eya ta le ŋkeke ɖeka me la,

eƒe dɔvɔ̃wo ava ƒo ɖe edzi,

esiwo nye ku, konyifafa kple dɔwuame.

Dzo ava fiae keŋkeŋ,

elabena ŋusẽtɔe nye Aƒetɔ Mawu, ame si drɔ̃ ʋɔnui.

9“Ne anyigbadzifia siwo wɔ ahasi kplii, eye wokpɔ gome le eƒe kesinɔnuwo me kpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ la, woafa avi, eye woafa nɛ. 10Eƒe fuwɔame ado ŋɔdzi na wo ale gbegbe be woanɔ adzɔge ke anɔ avi fam kple ɣli be,

“ ‘Baba! O du gã, baba na wò.

O Babilonia, du si ŋu ŋusẽ le!

Le gaƒoƒo ɖeka me, wò tsɔtsrɔ̃ va ɖo!’

11“Anyigbadzisitsalawo afa avi, eye woafa nɛ, elabena ame aɖeke megale woƒe adzɔnuwo ƒlem o. 12Adzɔnu siawoe nye sika, klosalo, kpe xɔasiwo, dzonuwo, aklala biɖibiɖiwo, ago, sedavɔ, avɔ dzĩwo, ati ʋeʋĩ vovovowo kple nu vovovo siwo wowɔ kple nyiɖu, ati xɔasiwo, akɔbli, gayibɔ kple kpe xɔasiwo. 13Bubuawoe nye atike ʋeʋĩ, sinamɔn, detsiƒonu ʋeʋĩwo, dzudzɔʋeʋĩdonuwo, kotoklobo, lifi, wain, amitimi, wɔ memi, lu, nyiwo, alẽwo, sɔwo kple woƒe tasiaɖamwo, kluviwo kple amewo ƒe luʋɔwo.

14“Wo katã woagblɔ be, ‘Kutsetse si nèdi vevie la do le asiwò me. Wò kesinɔnuwo kple wò atsyɔ̃ hã tsrɔ̃; womagatrɔ agbɔ gbeɖe o.’ 15Asitsala siwo dzra nu siawo, eye wokpɔ woƒe kesinɔnuwo tso egbɔ la atsi tsitre ɖe adzɔge ke le ŋɔdzi si lé wo ɖe eƒe fuwɔame ta la ta. Woafa avi, afa konyi, 16eye woado ɣli be,

“ ‘Baba! O du gã si do aklala biɖibiɖi

kple avɔ dzĩ kple avɔ blɔtɔ ƒe awu legbe,

eye nède sikakɔga si le dzo dam,

kpe xɔasiwo kple dzonu ƒuƒuiwo, baba na wò!

17Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me la,

wò kesinɔnu gbogbo siawo tsrɔ̃!’

“Azɔ la, kuɖɔɖola ɖe sia ɖe, ame siwo katã ɖoa tɔdziʋu, tɔdziʋukulawo kple ame siwo katã kpɔa woƒe abolo tso ƒudzidɔwɔwɔ me la katã anɔ adzɔge. 18Ne wokpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ le tutum la, woado ɣli be, ‘Du aɖe nɔ anyi kpɔ abe du gã sia enea?’ 19Woalɔ ke akɔ ɖe tame, woafa avi, eye woado konyifaɣli be,

“ ‘Baba! O du gã,

afi si ame siwo katã si tɔdziʋu si nɔa ƒu dzi le la

kpɔ woƒe kesinɔnuwo le.

Baba na wò! Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me, wotsrɔ̃e keŋkeŋ.’

20“O dziƒo, dzɔ dzi le eya amea ta!

Mi Mawu ƒe amewo

apostolowo kple nyagblɔɖilawo, mitso aseye!

Elabena Mawu drɔ̃ ʋɔnui

ɖe ale si wòwɔ fu mi la ta.”

Babilonia ƒe nuwuwu

21Tete mawudɔla triakɔ aɖe tsɔ kpe aɖe si ƒe lolome anɔ abe wɔtute ene la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye wògblɔ be,

“Aleae woatsɔ dziku

kple ŋusẽ aƒu Babilonia,

du gã la anyii, eye magafɔ gbeɖe o.

22Kasaŋkuƒolawo, hadzilawo,

dzekulawo kple kpẽkulawo la,

womagase woƒe ŋkɔ le mewò akpɔ gbeɖe o.

Nenema ke womagakpɔ asinudɔwɔla

aɖeke tɔgbi le mewò akpɔ gbeɖe o.

Womagase wɔtutewo ƒe wɔtutu

le mewò akpɔ gbeɖe o.

23Womagakpɔ akaɖi ƒe bibi le mewò akpɔ gbeɖe o.

Nenema ke ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe magaɖi le mewò akpɔ gbeɖe o.

Wò asitsalawoe nye ame xɔŋkɔwo le xexea me;

ètsɔ wò akunyawɔwɔ kplɔ dukɔwo katã trae.

24Wokpɔ nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo

kpakple ame siwo katã wowu le anyigba dzi la ƒe ʋu le mewò.”

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

La caída de la gran Babilonia

  • “Babilonia”, en este capítulo, es la forma griega del nombre Babel. Un diccionario bíblico presenta la forma semítica Babilu, que significa “la puerta de Dios”, y señala que las tablillas asirias la llaman “la ciudad de la dispersión de las tribus”. La misma entrada sitúa la ciudad a orillas del Éufrates, unas doscientas millas río arriba de la confluencia de ese río con el Tigris.Fuentes: Babylon · el propio texto bíblico
  • El capítulo muestra la riqueza de Babilonia a través de quienes se lucraban con ella. Los reyes que vivieron en el lujo con ella, y los capitanes de barco, los marineros y los demás que vivían del mar, se quedan a distancia y lloran al ver el humo del fuego que la consume. Los mercaderes se lamentan porque ya no queda quien compre su cargamento, que va del oro, la púrpura, la seda y las especias hasta el ganado, los caballos, los carros y esclavos y almas de hombres.Fuentes: el propio texto bíblico
  • La caída se presenta como súbita y definitiva. En su corazón, la ciudad dice que se sienta como reina, que no es viuda y que jamás verá pesar; el capítulo, en cambio, dice que la muerte, el pesar y el hambre llegan en un solo día y que ella es consumida por el fuego, mientras quienes observan de lejos claman que el desastre llegó en una sola hora. Un ángel poderoso arroja al mar una piedra del tamaño de una gran piedra de molino y declara que Babilonia será derribada con la misma violencia y que nunca más será vista; cesan la música, el trabajo de los artesanos, el sonido de la piedra de molino, la luz de las lámparas y las voces de la novia y del novio.Fuentes: el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Babylon · Hoy: Rome · 41.892, 12.485 · versículos 2, 10, 21

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.