Apocalipsis 14
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Alẽvi la kple ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene
1Kasia mekpɔ Alẽvi la le ŋkunyeme. Enɔ tsitre ɖe Zion to la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene (144,000), ame siwo ƒe ŋgowo nu woŋlɔ eŋkɔ kple Fofoa tɔ ɖo la nɔ tsitre ɖe egbɔ. 2Mese gbe aɖe tso dziƒo abe tsi geɖewo ƒe hoowɔwɔ alo dzi ƒe gbeɖeɖe ene. Gbe si mese la nɔ abe kasaŋkuƒolawoe nɔ woƒe kasaŋkuwo ƒom ene. 3Tete wodzi ha yeye le fiazikpui la ŋgɔ kple nu gbagbe eneawo kpakple amegãxoxoawo ƒe ŋkume. Ame aɖeke mete ŋu srɔ̃ ha la o, negbe ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene (144,000), ame siwo woɖe tso anyigba dzi la ko. 4Ame siawoe nye ame siwo meƒo ɖi wo ɖokuiwo kple nyɔnunya o, elabena wowɔ wo ɖokuiwo kɔkɔe. Wokplɔa Alẽvi la ɖo yia afi sia afi si wòyina la. Woƒle wo tso amegbetɔwo dome, eye wotsɔ wo na Mawu kple Alẽvi la abe nukuwo ƒe gbãtɔwo ene. 5Womekpɔ alakpa aɖeke le woƒe nu me o, elabena wonye mokakamanɔŋutɔwo.
Mawudɔla etɔ̃awo kple woƒe gbedeasiwo
6Tete mekpɔ mawudɔla bubu wònɔ dzodzom le yame, eye nyanyui mavɔ la le esi ne wòaɖe gbeƒãe na ame siwo le anyigba dzi, na dukɔ ɖe sia ɖe, to ɖe sia ɖe, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe kple ƒome ɖe sia ɖe. 7Egblɔ kple gbe gã aɖe be, “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ, elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe gaƒoƒo la va ɖo. Misubɔ eya ame si wɔ dziƒowo, anyigba, atsiaƒu kple tsi dzidziwo.”
8Mawudɔla evelia kplɔe ɖo le ɣli dom be, “Womui! Womu Babilonia Gã la, Babilonia si na dukɔwo no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoewain la.”
9Mawudɔla etɔ̃lia kplɔ wo ɖo le gbɔgblɔm kple gbe gã aɖe be, “Ne ame aɖe asubɔ lã wɔadã la kple eƒe legba, eye wòaxɔ eƒe dzesi ɖe ŋgonu alo eƒe asi ŋuti la, 10eya hã ano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe wain si wokɔ ɖe Mawu ƒe dziku helĩhelĩ ƒe kplu la me wòyɔ banaa la. Woawɔ funyafunyae kple aŋɔdzo le mawudɔla kɔkɔeawo kple Alẽvi la ŋkume, 11eye woƒe fuwɔame ƒe dzudzɔ atu ayi dziƒo tso mavɔ me yi mavɔ me. Dzudzɔ aɖeke meli na ame siwo subɔ lã wɔadã la kple eƒe legba la zã kple keli, alo na ame si xɔ eƒe ŋkɔ ƒe dzesi ɖe eƒe ŋgonu o.” 12Esia hiã dzigbɔɖi le dzidodo me le ame kɔkɔeawo ƒe akpa dzi, ame siwo wɔa Mawu ƒe sededewo dzi, eye wonɔa nuteƒewɔwɔ dzi na Yesu.
13Ke mese gbe aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Ŋlɔ agbalẽ be: Woayra ame siwo ku le Aƒetɔ la me tso azɔ dzi heyina.”
“Ɛ̃,” Gbɔgbɔ la le gbɔgblɔm be, “Woadzudzɔ tso woƒe dɔwɔwɔwo me, elabena woƒe nuwɔnawo adze wo yome.”
Xexeame ƒe nuŋeɣi la ɖo
14Tete mekpɔ lilikpo ɣi aɖe le nye ŋkume, eye ame aɖe si le abe Amegbetɔ Vi la ene la nɔ anyi ɖe lilikpo la dzi. Sikafiakuku le ta nɛ, eye wòlé nuxahɛ gobɛ ɖaɖɛ ɖe asi. 15Kasia mawudɔla bubu do tso gbedoxɔ la me, eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ gblɔ na ame si nɔ anyi ɖe lilikpo la dzi be, “Tsɔ wò nuxahɛ gobɛ la, eye nàxa nu, elabena nuŋeɣi ɖo, eye anyigba ƒe nukuwo ɖi hena xaxa.” 16Ale ame si nɔ lilikpoa dzi la nye eƒe nuxahɛ gobɛ la ɖe anyigba blibo la tame, ale wòxa nukuwo le anyigba la dzi.
17Mawudɔla bubu do tso gbedoxɔ si le dziƒo la me. Nuxahɛ gobɛ ɖaɖɛ nɔ eya hã ƒe asi me. 18Mawudɔla bubu kplɔ eya hã ɖo; eyae nye ame si kpɔa dzo la dzi. Edo tso vɔsamlekpui la me, eye wògblɔ na ame si lé nuxahɛ gobɛ ɖaɖɛ la ɖe asi la kple gbe sesẽ aɖe be, “Tsɔ wò hɛ gobɛ ɖaɖɛ la, eye nàxa wainkpo siwo le anyigba ƒe wainkawo ŋu, elabena eƒe waintsetseawo ɖi.” 19Mawudɔla la nye eƒe nuxahɛ gobɛ la ɖe anyigba dzi, eye wòxa eƒe wain tsetsewo hetsɔ wo trɔ ɖe Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe wainfiaƒe gã la. 20Wonya avuzi le wo dzi le wainfiaƒe la le du la godo; ʋu si do le wainfiaƒe la me le ɖɔɖɔm va se ɖe sɔwo ƒe numegawo ŋuti ke; afi si wòsi ɖo la anɔ abe kilomita alafa etɔ̃ (300) ene.

¿Sabías que…?
El Cordero en Sion, la caída de Babilonia y la cosecha
- En esta visión, el Cordero está de pie en el monte Sion con 144.000 que tienen su nombre y el nombre de su Padre escritos en la frente. El monte Sion era la colina suroriental de Jerusalén, una de las alturas sobre las que se construyó la ciudad; se elevaba 105 pies por encima del monte Moriah y estaba rodeado de valles profundos por todos lados excepto el norte. David se lo quitó a los jebuseos, construyó allí una ciudadela y un palacio, y el lugar llegó a conocerse como la ciudad de David.Fuentes: el propio texto bíblico · Mount Zion
- Un segundo ángel anuncia que ha caído la gran Babilonia, la que hizo beber a todas las naciones el vino de la pasión de su inmoralidad. Babilonia es la forma griega de Babel; el nombre semítico Babilu significa “La puerta de Dios”, y en las tablillas asirias significa “La ciudad de la dispersión de las tribus”. La ciudad estaba junto al Éufrates, unas 200 millas río arriba de la confluencia de ese río con el Tigris.Fuentes: el propio texto bíblico · Babylon
- El capítulo termina con dos cosechas. Uno semejante al Hijo del Hombre, con una corona de oro y sentado en una nube blanca, blande una hoz afilada, porque la cosecha de la tierra está madura. Otro ángel recoge las uvas maduras de la vid de la tierra y las echa en el gran lagar de la ira de Dios, pisado fuera de la ciudad.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org