Nations Bible

Apocalipsis 13

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Lã wɔadã si do go tso atsiaƒu me

1Ale ʋɔ driba la nɔ tsitre ɖe atsiaƒu la to. Tete mekpɔ lã wɔadã aɖe wòdo go tso atsiaƒu me gbɔna. Eto dzo ewo kple ta adre; fiakuku ewo nɔ dzoawo dzi, eye woŋlɔ busuŋkɔwo ɖe ta adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 2Lã wɔadã si mekpɔ la ɖi lãkle, gake eƒe afɔwo nɔ abe sisiblisi tɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata tɔ ene. Ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋusẽ, fiazikpui kple dziɖuɖuŋusẽ na lã wɔadã la. 3Edze abe lã wɔadã la ƒe tawo dometɔ ɖeka ɖe wòxɔ abi vevie ene, gake abi gã si wòxɔ la ku. Xexea me katã ƒe nu ku, eye wodze lã wɔadã la yome. 4Amewo subɔ ʋɔ driba la, elabena etsɔ dziɖuɖu ƒe ŋusẽ na lã wɔadã la, eye wosubɔ lã wɔadã la hã hebia be, “Ame kae le abe lã wɔadã la ene? Ame kae ate ŋu awɔ aʋa kplii?”

5Wona nu lã wɔadã la be wòagblɔ adegbeƒonyawo kple busunyawo, eye be wòaɖu dzi hena ɣleti blaene-vɔ-eve. 6Eke eƒe nu be yeagblɔ busunya ɖe Mawu ŋu, eye yeaƒo ɖi eƒe ŋkɔ, eƒe nɔƒe kple ame siwo katã li kplii le dziƒo la. 7Wona ŋusẽe be wòawɔ aʋa kple ame kɔkɔeawo, eye wòaɖu wo dzi. Nenema ke wona dziɖuɖuŋusẽe ɖe to sia to, ƒome sia ƒome, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple dukɔ sia dukɔ dzi. 8Anyigbadzitɔwo katã asubɔ lã wɔadã la, ame siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe Alẽvi si wowu tso xexea me ƒe gɔmedzedze ke la ƒe agbegbalẽ la me o.

9Ame si to senu li na la nesee.

10“Ne ame aɖe ayi aboyo me la,

aboyo mee wòayi.

Ne woawu ame aɖe kple yi la,

yie woatsɔ awui.”

Esia hiã na dzigbɔɖi le dzidodo me kple nuteƒewɔwɔ le ame kɔkɔeawo ƒe akpa dzi.

Lã wɔadã si do go tso anyigba ƒe tume

11Eye mekpɔ lã wɔadã bubu wònɔ dodom tso anyigba ƒe tume. Eto dzo eve abe agbovi ene, gake enɔ nu ƒom abe ʋɔ driba ene. 12Ewɔ lã wɔadã gbãtɔ ƒe dziɖuɖuŋusẽwo katã ŋu dɔ ɖe lã wɔadã gbãtɔ teƒe, eye wòna be anyigba kple edzinɔlawo katã nasubɔ lã wɔadã gbãtɔ, ame si ƒe kubi wowɔ wòku la. 13Ewɔ dzesi kple nukunu gãwo, eye wòna be dzo gɔ̃ hã ge tso dziƒo va dze anyi le amewo ƒe ŋkume. 14Le ŋusẽ si wonae be wòawɔ nukunuwo ɖe lã wɔadã gbãtɔ teƒe ta la, eble anyigbadzitɔwo katã. Ede se na wo be woali legba abe bubudede lã wɔadã si ŋu wode abi kple yi, eye wògale agbe la ŋu ene. 15Wona ŋusẽe be wòade gbɔgbɔ lã wɔadã gbãtɔ ƒe legba me, ale be legba la nate ŋu aƒo nu, eye be woawu ame siwo katã gbe be yewomasubɔ lã wɔadã la ƒe legba o la. 16Nenema ke wòzi ame sia ame, suewo kple gãwo, kesinɔtɔwo kple ame dahewo, ablɔɖeviwo kple kluviwo dzi be woade dzesi woƒe nuɖusibɔ alo woƒe ŋgonu, 17ale be ame aɖeke mate ŋu aƒle nu alo adzra nu o, negbe ɖe wòxɔ dzesi si nye lã wɔadã la ƒe ŋkɔ alo xexlẽme si nye eƒe ŋkɔ la hafi.

18Esia hiã nunya. Ne sidzedze le ame aɖe si la, nebu lã wɔadã la ƒe xexlẽme kpɔ, elabena enye ame ƒe xexlẽme ƒe dzesi. Eƒe xexlẽme ƒe dzesie nye alafa ade blaade-vɔ-ade.

¿Sabías que…?

Dos bestias, adoración y el número 666

  • La primera bestia sube del mar con siete cabezas y diez cuernos, con diez coronas reales en los cuernos y nombres blasfemos en las cabezas. Es como un leopardo, con patas de oso y boca de león, y el dragón le da su poder, su trono y gran autoridad.Fuentes: el propio texto bíblico
  • Una de las cabezas parece herida de muerte, pero la herida mortal se sana, y el mundo entero se maravilla y sigue a la bestia. La gente adora al dragón que dio autoridad a la bestia, y adora a la bestia; a esta se le permite hablar blasfemias arrogantes y actuar durante cuarenta y dos meses, hacer la guerra a los santos y vencerlos, y tener autoridad sobre toda tribu, pueblo, lengua y nación.Fuentes: el propio texto bíblico
  • Una segunda bestia sube de la tierra con dos cuernos como los de un cordero, pero habla como un dragón y ejerce toda la autoridad de la primera bestia. Mediante grandes señales, incluso fuego que desciende del cielo, engaña a los habitantes de la tierra para que hagan una imagen de la bestia que fue herida por la espada y sin embargo vivió, y exige que todas las personas, pequeñas y grandes, ricas y pobres, libres y esclavos, reciban una marca en la mano derecha o en la frente, de modo que nadie pueda comprar o vender sin ella. El capítulo llama a la sabiduría para calcular el número de la bestia, el número de un hombre: 666.Fuentes: el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.