Números 11
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Dzo tso Yehowa gbɔ
1Ameawo de asi liʋĩliʋĩlilĩ me le woƒe fukpekpewo katã ta. Yehowa see, eye wòdo dɔmedzoe ɖe wo ŋu le woƒe liʋĩliʋĩlilĩ ta. Ale Yehowa ƒe dzo de asi ame siwo le asaɖa la ƒe mlɔenu la tsɔtsrɔ̃ me. 2Wodo ɣli na Mose be wòaxɔ na yewo. Esi Mose do gbe ɖa na Yehowa ɖe wo ta la, dzo la tsi. 3Tso ɣe ma ɣi dzi la, wona ŋkɔ teƒe la be “Dzobiteƒe,” elabena dzo tso Yehowa gbɔ bi le ameawo dome le afi ma.
Tegliwo tso Yehowa gbɔ
4Nuɖuɖu bubuwo de asi yakame siwo le wo dome la dzodzro me, eye Israelviwo gade asi liʋĩliʋĩlilĩ me hegblɔna be, “Ne míakpɔ lã aɖu ko! 5Míeɖo ŋku tɔmelã siwo míeɖu le Egipte femaxee kple dzamatre, aɖiba, agumetaku, sabala kple ayo dzi. 6Ke fifia la, míegakpɔa nu siawo o; mana ko míeɖuna gbe sia gbe!”
7Mana la le ɣie abe bliku ene gake ele gbadzɛe, eye wòvivina abe anyitsibolo ene. 8Ameawo fɔnɛ le anyigba, tonɛ le to me, ɖanɛ eye wòwɔa tatalĩ si vivina abe tatalĩ si wotɔ le ami me ene. 9Mana gena kple zãmu ƒe dzadza le zã me.
10Ƒomewo tsia tsitre ɖe woƒe agbadɔwo nu henɔa avi fam. Mose se woƒe avifafa. Yehowa gado dɔmedzoe ɖe edzi wu, eye Mose hã mekpɔ ŋudzedze le nu sia ŋu o. 11Mose gblɔ na Yehowa be, “Nu ka ta mève nu nye eye nètiam be yeadro dukɔ sia tɔgbi ƒe agba ɖe dzinye? 12Vinyewo wonyea? Nyee nye wo fofoa? Nu sia tae nède dɔ asi nam be makpɔ wo dzi abe vidzĩwo ene va se ɖe esime míaɖo anyigba si ŋugbe nèdo na mía tɔgbuiwo la dzia? 13Afi ka makpɔ lã tsoe ana ame siawo katã? Wole avi fam nam le gbɔgblɔm be, ‘Na lã mí’ 14Nye ɖeka nyemate ŋu atsɔ dukɔ sia ƒe nyawo o. Agba la kpe nam akpa! 15Nenye aleae nàwɔm la, ekema meɖe kuku, wum fifi laa, eye wòanye nunyee nève boŋ! Ɖem tso nye xaxa dziŋɔ sia me!”
16Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Na Israelviwo ƒe ametsitsi blaadre naƒo ƒu ɖe nye ŋkume. Kplɔ wo va agbadɔ la me, eye woatsi tsitre ɖe afi ma kpli wò. 17Maɖi ava ƒo nu kpli wò le afi ma. Maɖe Gbɔgbɔ si le dziwò la ƒe ɖe le dziwò ada ɖe woawo hã dzi. Woatsɔ dukɔ la ƒe agba akpe ɖe ŋuwò ale be dɔdeasi la maganɔ wò ɖeka ko dzi o.
18“Gblɔ na ameawo be woakɔ wo ɖokuiwo ŋuti, elabena woakpɔ lã aɖu etsɔ. Gblɔ na wo be, ‘Yehowa se miaƒe liʋĩliʋĩlilĩwo tso nu siwo katã miegblẽ ɖe megbe le Egipte la ŋu, eye wòle lã na ge mi. 19Miaɖui ŋkeke ɖeka, alo ŋkeke eve, atɔ̃, ewo alo blaeve ko o, 20ke ɣleti blibo ɖeka, va se ɖe esime wòado to ŋɔtime na mi, eye wòati mi, elabena miegbe Yehowa, ame si le mia dome, eye miefa avi le eŋkume gblɔ be, “Nu ka ta koŋ míedzo le Egipte ɖo?” ’ ”
21Mose gblɔ be, “Ŋutsuawo ɖeɖe de akpe alafa ade, nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o; le esime nèdo ŋugbe be yeana lã wo ɣleti blibo ɖeka! 22Ne míawu míaƒe lãwo katã hã la, made wo nu o! Ele be míaɖe tɔmelã ɖe sia ɖe tso atsiaƒu me hafi nàte ŋu awɔ wò ŋugbedodo dzi!”
23Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɣe ka ɣie ŋusẽ vɔ le ŋunye? Azɔ la, miakpɔe ne nye nya nye nyateƒe loo alo alakpa!”
24Mose dzo le agbadɔ la me, eye wògblɔ Yehowa ƒe nyawo na ameawo. Eƒo ƒu ametsitsi blaadreawo nu, eye wòna woƒo xlã agbadɔ la. 25Yehowa ɖiɖi le lilikpo la me, ƒo nu kple Mose, eye woɖe gbɔgbɔ si nɔ Mose dzi la ƒe akpa aɖe da ɖe ametsitsi blaadreawo dzi. Esi gbɔgbɔ la ɖiɖi ɖe wo dzi la, wogblɔ nya ɖi ɣeyiɣi aɖe.
26Ke ametsitsi blaadreawo dometɔ eve, Eldad kple Medad, ganɔ asaɖa la me ko, eye esi gbɔgbɔ la dze ɖe wo dzi la, wogblɔ nya ɖi le afi ma. 27Ɖekakpui aɖewo ƒu du yi ɖagblɔ nya si dzɔ la na Mose.
28Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ame si Mose ŋutɔ tia be wòanye yeƒe kpeɖeŋutɔ la gblɔ be, “Amegã, na woadzudzɔ!”
29Ke Mose ɖo eŋu be, “Ɖe nèle ŋu ʋãm ɖe nunyea? Ɖe boŋ madi be Yehowa ƒe amewo katã nazu nyagblɔɖilawo, eye Yehowa nada eƒe gbɔgbɔ ɖe wo katã dzi hafi!” 30Emegbe la, Mose kple Israelviwo ƒe ametsitsiawo trɔ yi asaɖa la me.
31Azɔ ya sesẽ aɖe ƒo tso Yehowa gbɔ, eye wòkplɔ tegliwo vɛ tso atsiaƒu dzi. Ena wodze ɖe anyigba ƒo xlã asaɖa la katã. Woli kɔ ɖe wo nɔewo dzi, anɔ abe mita ɖeka ene tso anyigba, eye woƒe kekeme tso asaɖa la gbɔ anye ŋkeke ɖeka ƒe azɔli. 32Ŋkeke kple zã blibo la kpakple ŋkeke si kplɔe ɖo la, ameawo do go yi ɖalé tegliawo, eye ame aɖeke melé tegliawo wòle sue wu kilo eve kple afã o. Wosia wo ƒo xlã asaɖa blibo la kpe ɖo. 33Esi ame sia ame de asi lã la ɖuɖu me la, Yehowa do dɔmedzoe ɖe ameawo ŋu, eye wòtsɔ dɔvɔ̃ wu ame geɖewo. 34Eya ta wotsɔ ŋkɔ na teƒe la be Kibrot Hatava, elabena afi mae woɖi ame siwo dzro nuɖuɖu bubu la ɖo.
35Tso Kibrot Hatava la, ameha la zɔ mɔ yi Hazerot, eye wonɔ afi ma.

¿Sabías que…?
Quejas, codornices y el Espíritu en el campamento
- Los lugares mencionados en este capítulo deben sus nombres a sucesos de la travesía: Taberá significa "ardor" o "fuego", nombrada tras el fuego que consumió las afueras del campamento, mientras que Kibrot-hataavá significa "tumbas de la codicia" o del deseo, donde sepultaron a quienes ansiaban carne.Fuentes: Taberah · Kibroth-hattaavah · el propio texto bíblico
- Aunque setenta ancianos fueron elegidos para ayudar a Moisés en el liderazgo, Eldad y Medad se quedaron en el campamento en lugar de acudir a la Tienda de Reunión, pero el Espíritu reposó sobre ellos y profetizaron. Cuando Josué pidió a Moisés que los detuviera, Moisés respondió deseando que todo el pueblo del Señor fuera profeta.Fuentes: Eldad · Joshua · el propio texto bíblico
- El texto describe el maná como semejante a la semilla de cilantro y a la resina, el cual los israelitas recogían, molían en molinos de mano o machacaban en morteros, y cocían en ollas o preparaban en tortas con sabor a panecillos horneados con aceite.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org