Nations Bible

Números 10

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Klosalokpẽwo

1Yehowa gblɔ na Mose be, 2“Tsɔ klosalo wɔ kpẽ eve hena ameawo yɔyɔ be woaƒo ƒu kple gbeƒãɖeɖe be woaho. 3Ne woku kpẽ eveawo ƒo ƒui la, ameawo anya be, ele be yewoakpe ta le agbadɔ la ƒe mɔnu. 4Ke ne woku kpẽ ɖeka ko la, ekema kplɔlawo kple Israel ƒe toawo ƒe tatɔwo ava ƒo ƒu ɖe ŋkuwòme. 5Ne woku kpẽa la, ekema to siwo ƒu asaɖa anyi ɖe ɣedzeƒe la aho. 6Ne kpẽa gaɖi zi evelia tu ɖe nu la, to siwo le dziehe lɔƒo la hã adze mɔ. Kpẽa ƒe ɖiɖi nye nyanyanana be woadze mɔ. 7Ke ne wodi be dukɔ la katã nakpe ta la, woaku kpẽ la kpuie ko.

8“Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la koe kpɔ mɔ aku kpẽawo. Esia nye nuɖoanyi na mi tso dzidzime yi dzidzime. 9Ne mieyi aʋa kple miaƒe futɔwo, ame siwo le mia tem ɖe anyi le miawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi la, ekema miku kpẽawo. Ekema Yehowa, miaƒe Mawu la aɖo ŋku mia dzi, eye wòaɖe mi tso miaƒe futɔwo ƒe asi me. 10Miku kpẽawo le dzidzɔɣiwo hã. Miku wo le miaƒe ƒe sia ƒe Ŋkekenyuiwo dzi kple dzinu yeye ɖe sia ɖe ƒe Ŋkekenyuiwo dzi. Miku kpẽawo hã ɖe miaƒe numevɔsawo kple ŋutifafavɔsawo hã ŋu, eye woanye ŋkuɖodzi na mi le miaƒe Mawu la ŋkume. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.”

Israelviwo dzo le Sinai to la gbɔ

11Lilikpo la ho le agbadɔ la tame le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ƒe evelia ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke blaevelia gbe. 12Ale Israelviwo dzo le Sinai gbegbe la. Wodze lilikpo la yome va se ɖe esime wòtɔ ɖe Paran gbegbe la. 13Esiae nye woƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ esi woxɔ Yehowa ƒe se siwo wòde na Mose tso mɔzɔzɔ la ŋuti.

14Yuda ƒe to la dze ŋgɔ, nɔ woƒe aflaga la yome. Woƒe kplɔlae nye Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu. 15Isaka ƒe to la kplɔ wo ɖo. Woƒe kplɔlae nye Netanel, Zuar ƒe viŋutsu. 16Eliab, Helon ƒe viŋutsu kplɔ Zebulon ƒe to la dze wo yome. 17Wokaka Agbadɔ la, eye Gerson kple Merari ƒe viwo tso Levi ƒe viwo dome kplɔ wo ɖo. Wokɔ Agbadɔ la ɖe abɔta.

18Ruben ƒe to la kple woƒe aflaga dze wo yome le woƒe kplɔla Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te. 19Simeon ƒe to la kplɔ woawo hã ɖo. Wonɔ woƒe kplɔla Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te. 20To si kplɔ wo ɖo lae nye Gad ƒe to la. Woƒe kplɔlae nye Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu. 21Kohat ƒe viwo kplɔ Gad ƒe to la ɖo. Woawoe tsɔa nu kɔkɔeawo. Wotua agbadɔ la ɖe teƒe yeyea hafi wova ɖona.

22Efraim ƒe to la kplɔ Kohat ƒe viwo ɖo. Wonɔ woƒe aflaga yome le Elisama, Amihud ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te. 23Manase ƒe to la nɔ Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te kplɔ wo ɖo, 24eye Benyamin ƒe to la nɔ woƒe kplɔla Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te kplɔ wo ɖo.

25Ame mamlɛtɔwoe nye Dan ƒe to la. Wonɔ woƒe aflaga yome le woƒe kplɔla, Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te. 26Aser ƒe to la, ame siwo Pagiel, Okran ƒe viŋutsu kplɔ, 27kple Naftali ƒe to la, ame siwo Ahira, Enan ƒe viŋutsu kplɔ la dze wo yome. 28Ɖoɖo sia mee Israelviwo ƒe towo nɔna hezɔa mɔ.

29Gbe ɖeka la, Mose gblɔ na srɔ̃a nɔviŋutsu, Hobab si nye Midiantɔ Reuel ƒe viŋutsu be, “Mlɔeba la, míele mɔ dzem ɖo ta Ŋugbedodonyigba la dzi. Na míayi. Míalé be na wò, elabena Yehowa do nu nyui geɖewo ŋugbe na Israel!”

30Ke Hobab gblɔ nɛ be, “Ao, ele be matrɔ ayi mía de aɖanɔ nye amewo dome.”

31Mose ɖe kuku nɛ be, “Nɔ mía gbɔ, elabena ènya teƒe siwo míaƒu asaɖa anyi ɖo, eye ànye ŋku na mí. 32Ne èkplɔ mí ɖo la, àkpɔ gome le nu nyui siwo katã Yehowa wɔna na mí la me.”

33Wozɔ mɔ ŋkeke etɔ̃ tso Sinai to, Yehowa ƒe to la gbɔ. Nubablaɖaka la le wo ŋgɔ be yeatia teƒe si woatɔ ɖo la na wo. 34Wodze mɔ le ŋkeke me. Yehowa ƒe lilikpo la nɔ zɔzɔm le ŋgɔ na wo.

35Ne wokɔ nubablaɖaka la dze mɔ la, Mose doa ɣli be,

“O! Yehowa, tsi tsitre, eye nàka wò futɔwo hlẽ.

Na woasi le ŋgɔwò.”

36Ne wodro nubablaɖaka la ɖi la, egblɔna be,

“Yehowa, trɔ gbɔ va

Israelvi akpe akpeawo gbɔ.”

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Las Trompetas de Plata y la Partida del Sinaí

  • Dos trompetas de plata labrada a martillo servían como sistema de comunicación de Israel en el desierto, tocadas exclusivamente por los sacerdotes hijos de Aarón con toques largos o cortos para reunir a la congregación, ordenar la marcha de los campamentos, dar la alarma en la guerra y anunciar los sacrificios festivos.Fuentes: el propio texto bíblico
  • El día veinte del segundo mes del segundo año tras salir de Egipto, la nube se alzó sobre el tabernáculo, marcando la partida de Israel del desierto de Sinaí tras haber acampado allí casi un año entero, dirigiéndose hacia el desierto de Parán.Fuentes: el propio texto bíblico · Sinai · Paran
  • Moisés rogó a Hobab, hijo de su suegro madianita Reuel, que los acompañara para servirles de ojos, aprovechando su familiaridad con el terreno desértico y los lugares para acampar a cambio de compartir los bienes prometidos a Israel.Fuentes: el propio texto bíblico · Jethro

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 11
  • Paran · 30.303, 34.777 · versículo 12
  • Wilderness of Sinai · Hoy: about 50 km around Jebel Musa · 28.540, 33.973 · versículo 12

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.