Lucas 21
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Ahosi aɖe ƒe nudzɔdzɔ
1Esi Yesu nɔ tsitre ɖe gbedoxɔ la me la, enɔ ŋku lém ɖe ale si kesinɔtɔwo le woƒe nunanawo dam ɖe nudzɔɖaka la me ŋu. 2Ke ekpɔ ahosi dahe aɖe hã va, eye wòda pesewa eve ko ɖe nudzɔɖaka la me.
3Yesu kpɔe dũu, eye wògblɔ be, “Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ahosi dahe sia ƒe nunana sɔ gbɔ sãa wu nunalawo katã ƒe nunana. 4Elabena nenem ƒe ame siawo katã ƒe nunana la nye nu si wozã wòsusɔ la, ke ahosi dahe sia ya na nu si ŋu wòle be wòanɔ agbe ɖo la.”
Nyagblɔɖi tso gbedoxɔ la gbagbã ŋuti
5Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo nɔ nu ƒom le atsyɔ̃ gã si woɖo na gbedoxɔ la kple kpe nyuiwo ŋuti. Wokpɔ ŋudzedze le akpedanunana vovovo siwo ŋuti wokɔ hetsi wo ɖe gliawo ŋu la ŋu ŋutɔ.
6Yesu gblɔ na wo be, “Ɣeyiɣi aɖe li gbɔna esime woagbã nu siwo kafum miele la. Woagbãe ale gbegbe be kpe ɖeka pɛ hã magasusɔ ɖe nɔvia dzi o. Woatu asi nu sia nu aƒu anyi.”
Dzesiwo kple yometitiwo
7Wo katã wodo ɣli biae be, “Aƒetɔ! Ɣe ka ɣi nu siawo ava eme? Dzesi kae ado ŋgɔ na nu siawo?”
8Eɖo eŋu na wo be, “Mikpɔ nyuie be woagaflu mi o! Elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔ la dzi agblɔ be, ‘Nyee nye esi’ eye ‘Ɣeyiɣi la ɖo vɔ.’ Migadze wo yome o. 9Eye ne miese be aʋa dzɔ, eye ʋunyaʋunyawo hã dze egɔme la, dzidzi megaƒo mi o. Nyateƒe ele be nu siawo nava me gbã, gake nuwuwua mava enumake o. 10Elabena dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe akpe akɔ kple fiaɖuƒe. 11Anyigba aʋuʋu sesĩe le teƒewo, eye dɔ ato vevie le teƒe bubuwo hã. Dɔ vɔ̃ geɖewo akaka ɖe xexea me, eye nu dziŋɔ kple dzesi gãwo latso dziƒo.
12“Gake hafi nu siawo katã nava dzɔ la, woaɖo asi mia dzi, eye woawɔ fu mi. Woahe mi ayi woƒe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, woakplɔ mi ayi ʋɔnui le fiawo kple mɔmefia gãwo gbɔe. Woawɔ esiawo katã ɖe mia ŋu le tanye. 13Nu siawo anye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ na mi be miaɖi ɖase le ŋunye na wo. 14Eya ta migatsi dzi le ale si miawɔ aʋli mia ɖokuiwo ta nenye be wotsɔ nya ɖe mia ŋu la ŋu o, 15elabena mana nunya mi, eye made nya siwo katã miagblɔ la nu me na mi, ale be ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe nu siwo miagblɔ la ŋu o. 16Azɔ ame siwo nye miawo ŋutɔ ŋutimewo, abe mia dzilawo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo kple xɔlɔ̃ veviwo ene la ade mi asi, eye woana woava lé mi, eye woawu mia dometɔ aɖewo gɔ̃ hã. 17Ame sia ame alé fu mi, elabena mienye tɔnyewo ta. 18Gake le nyateƒe me la, miaƒe taɖa ɖeka pɛ hã matsrɔ̃ o. 19Elabena ne miele tsitre sesĩe la, ekema miaƒe luʋɔwo akpɔ ɖeɖe.
Nyagblɔɖi tso Yerusalem ƒe aƒedozuzu ŋuti
20“Nenye be miekpɔ asrafowo woƒo xlã Yerusalem dua la, ke minyae be dua gbãɣi ɖo vɔ. 21Ekema mina ame siwo le Yudea la nasi ayi togbɛwo dzi, eye ame siwo le Yerusalem la nadze agbagba asi. Ke ame siwo le dua godo la megate kpɔ be yewoatrɔ ayi dua me o. 22Ŋkeke siawoe nye hlɔ̃biaŋkekewo be nya si nyagblɔɖila xoxoawo katã gblɔ da ɖi la ava eme pɛpɛpɛ. 23Ke baba na nyɔnu siwo ƒo fu le kple ame siwo si vidzĩ fɛ̃wo le, elabena nuxaxa geɖe ava anyigba sia dzi eye Mawu ƒe dɔmedzoe ava dukɔ sia dzi. 24Woawu wo tamesesẽtɔe alo woaɖe aboyo wo ayi xexemedukɔ bubuwo mee. Ame siwo menye Yudatɔwo o la aɖu Yerusalem dua dzi agbãe gudugudu. Esia ayi dzi va se ɖe esime wòdze Mawu ŋu be wòaɖo asi ame siwo menye Yudatɔ siawo o dzi.”
Yesu gblɔ nya le eƒe vava zi evelia ŋuti
25“Azɔ la, dzesi dziŋɔwo ado ɖe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo me. Le anyigba dzi afi sia la, ʋunyaʋunya ava dukɔwo me, eye woatɔtɔ, elabena atsiaƒu aɖe gbe sesĩe, eye ƒutsotsoewo aŋe ŋɔdzitɔe. 26Ame geɖewo abu mɔkpɔkpɔ le vɔvɔ̃ ku ɖe nu dziŋɔ siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe anyigba sia dzi ta, elabena ŋusẽ siwo le dziƒo la hã aʋuʋu. 27Ale ame siwo le anyigba dzi la akpɔ nye Amegbetɔ Vi la manɔ lilikpowo dzi gbɔna le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe me. 28Eya ta ne nu siawo katã le dzɔdzɔm la, minɔ te sesĩe, eye mianɔ ŋudzɔ, elabena ɣeyiɣia ɖo vɔ be woaɖe mi.”
Nufiame tso gboti ŋu
29Azɔ edo lo sia na wo be, “Mikpɔ aŋutiti kple ati bubuawo katã ɖa, 30ne woto aŋgbawo la, miakpɔe adze sii le mia ɖokui si be dzomeŋɔli le ɖoɖom.” 31Nenema ke nenye be miekpɔ be nu siwo megblɔ na mi le eme vam la, minyae be mawufiaɖuƒe la te tu aƒe.
32“Vavã mele egblɔm na mi be, dzidzime sia anɔ agbe akpɔ nu siawo teƒe pɛpɛpɛ hafi aku. 33Eye togbɔ be dziƒo kple anyigba nu ava yi hã la, nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.
Nuxɔxlɔ̃ nusrɔ̃lawo hena ŋudzɔnɔnɔ
34“Mikpɔ nyuie be nutsuɖuɖu, ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe agbemenyawo ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkekea naɖi ɖe mi abe ale si mɔ ɖea ame ene o. 35Elabena adze ame siwo katã le anyigba dzi la dzi kpoyi. 36Minɔ ŋudzɔ ɖaa, eye miado gbe ɖa be ne edze Mawu ŋu la, miagakpɔ nu dziŋɔ siawo dometɔ aɖeke teƒe hafi miatsi tsitre ɖe Amegbetɔ Vi la ŋkume o.”
37Yesu nɔ nu fiam le gbedoxɔa me gbe sia gbe, eye le fiẽ me la, etrɔna yia Amito la dzi, afi si wòdɔna le zã me, 38eye ameha la katã ƒoa ƒu ŋdi sia ŋdi le gbedoxɔ la me be yewoaɖo to eƒe nufiafia.

¿Sabías que…?
Jerusalén, el templo y los días que vienen
- Una nota geográfica dice que el nombre Jerusalén está en el original en forma dual y significa “posesión de paz” o “fundación de paz”. Añade que esa forma probablemente se refiere a los dos montes sobre los que se construyó la ciudad, Sion y Moria, o, como algunos suponen, a la parte alta y la parte baja de la ciudad, y llama a Jerusalén una ciudad de montaña entronizada sobre un baluarte montañoso. En este capítulo, Jesús dice que esa ciudad será rodeada por ejércitos, quedará desolada y será hollada por los gentiles.Fuentes: Jerusalem · el propio texto bíblico
- Jesús dice que los que estén en Judea huyan a los montes cuando vean a Jerusalén rodeada de ejércitos. Una nota geográfica explica que, bajo los romanos, en el tiempo de Cristo, Judea designaba la más meridional de las tres divisiones de Palestina, distinta de Galilea y Samaria, aunque el nombre a veces se usaba para Palestina en general. Como provincia, incluía los territorios de las tribus de Judá, Benjamín, Dan, Simeón y parte de Efraín, y formaba parte de Siria.Fuentes: Judea · el propio texto bíblico
- El capítulo no empieza con ejércitos, sino con una viuda pobre que echa dos pequeñas monedas de cobre en el tesoro del templo. Jesús dice que ella dio más que los ricos, que contribuyeron de lo que les sobraba, porque ella puso todo lo que tenía para vivir. Los discípulos entonces comentan las hermosas piedras y las ofrendas consagradas del templo, y él responde que no quedará piedra sobre piedra.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 20, 21, 24
- Judea · Hoy: Judea 1 · 31.777, 35.234 · versículo 21
- Mount of Olives · 31.778, 35.246 · versículo 37
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org