Lucas 20
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Wobia nya Yesu le eƒe ŋusẽtsoƒe ŋuti
1Esi Yesu nɔ nu fiam amewo, eye wònɔ nyanyui la gblɔm na wo le gbedoxɔ la me le ŋkeke mawo dometɔ ɖeka dzi la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo va ƒo xlãe heɖe ɖeklemi kplii. 2Wogblɔ nɛ be, “Gblɔe na mí, ŋusẽ kae nètsɔ wɔ esiawoe? Alo ame kae na ŋusẽ sia wò?”
3Eɖo eŋu be, “Nye hã mabia nya ɖeka mi hafi maɖo miaƒe biabia ŋu na mi. 4Biabia lae nye, ‘Yohanes ƒe mawutsidede ta na ame ɖe, Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa?’ ”
5Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋutie miexɔ edzi se o?’ 6Ne míegblɔ hã be, ‘Amewo gbɔ wòtso la,’ ekema ameha la katã awɔ funyafunya mí, elabena woxɔe se vevie be Yohanes nye nyagblɔɖila.”
7Mlɔeba la woɖo eŋu nɛ be, “Míenya afi si wòtso o.”
8Ale Yesu gblɔ na wo be, “Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ wɔ nu siawo la na mi o.”
Lododo le waingble kple edzikpɔlawo ŋu
9Yesu gatrɔ ɖe ameha la gbɔ, eye wòdo lo sia na wo be, “Ŋutsu aɖe de waingble, eye wòtsɔe de agbledela bubuwo si hedzo yi du didi aɖe me afi si wònɔ ƒe geɖe. 10Esi nuŋeɣi ɖo la, edɔ eƒe dɔla ɖeka ɖo ɖe agbledelawo gbɔ be wòava xɔ waingble la ƒe kutsetsea ƒe akpa si nye etɔ gome la vɛ. Gake agblea dzi kpɔlawo ƒo dɔla la vevie, eye wogbugbɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlu. 11Agbletɔ la gadɔ dɔla bubu ɖa, gake wowɔ eya hã nenema; woƒoe, eye esi wodo ŋukpee la, wonyae wòdzo asi ƒuƒlu. 12Agbletɔ la gadɔ ame etɔ̃lia ɖo ɖa agblea dzi kpɔlawo. Wode abi eŋu, eye wotsɔe le agblea me ƒu gbe.
13“Agbletɔ la gblɔ na eɖokui azɔ be, ‘Menya nu si mawɔ! Madɔ vinye lɔlɔ̃tɔ la ɖe wo gbɔ. Meka ɖe edzi be woade bubu eya ŋu.’
14“Gake esi agblea dzi kpɔlawo kpɔ via wògbɔna la, wogblɔ be, ‘Nu si dim míele la va ɖo. Ame si ava nyi eƒe dome nenye be megali o lae nye esi va do! Mina míawui be eƒe domenyinu nazu mía tɔ.’ 15Ale wolée, hee do goe le waingblea me heyi ɖawu.”
Yesu bia ameha la be, “Nu ka miebu be agbletɔ la awɔ? 16Magblɔe na mi. Agbletɔa ava, eye wòana woawu ame vɔ̃ɖi siawo, eye wòatsɔ waingble la de ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te.”
Nyaselawo alo ameha la gblɔ nɛ be, “Kpao, meganɔ nenema o!”
17Yesu kpɔ wo dũu hegblɔ be, “Ke nu kae mawunya wɔnɛ esi wogblɔ be,
“ ‘Kpe si xɔtulawo gbe la,
eyae va zu kpe si wotsɔ ɖo dzogoe na xɔa’?”
18Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Ame sia ame si akli kpe sia la aŋe afɔ. Ke ame si dzi wòage adze la, agbã gudugudu.”
19Esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo se ŋutinya si Yesu gblɔ la, wodi be yewoalée enumake elabena wonya be yewo ŋutie wòdo loa ɖo, gake wovɔ̃ ameha la.
Nudzɔdzɔ na Kaisaro
20Esi wonɔ mɔnu dim le eŋu ta la, wodɔ ame aɖewo ɖe egbɔ be woawɔ wo ɖokuiwo abe ame dzɔdzɔewo ene, ne woalée le nya me, ne yewoadee asi na amegãwo kple mɔmefia hena tohehe nɛ. 21Wova Yesu gbɔ va gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míenyae be nufiala anukwaretɔe nènye. Ètoa nyateƒe ɣe sia ɣi, eye mèkpɔa ame aɖeke hã ŋkume o, ke boŋ èfiaa nu si nye Mawu ƒe mɔwo. 22Azɔ gblɔ wò susu na mí tso nya sia ŋuti. Enyo be míadzɔ nu na Kaisaro loo alo menyo o.”
23Yesu kpɔ aye si wɔm ameawo nɔ la dze sii, eya ta wògblɔ be, 24“Mitsɔ kɔba ɖeka nam makpɔ ɖa. Ame ka ƒe tatae nye esia le kɔba sia dzi? Eye ame ka ƒe ŋkɔe le tata la te?”
Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro si nye Roma duwo katã dzi ɖula ƒe tatae.”
25Egblɔ na wo be, “Ekema mitsɔ nu si nye Kaisaro tɔ la nɛ, eye mitsɔ nu si nye Mawu tɔ la na Mawu!”
26Ale mɔ si wotre nɛ be wòaɖee le ameha la ŋkume la mete ŋu ɖee o. Eƒe nyaŋuɖoɖo la wɔ nuku na wo ale gbegbe be ɖoɖoe zi le wo nu.
Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple srɔ̃ɖeɖe
27Azɔ Zadukitɔ aɖewo, ame siwo xɔe se be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o la 28va Yesu gbɔ kple nya sia be, “Mose ƒe se gblɔ be nenye be ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, gake wo kple srɔ̃a medzi vi hafi wòku o la, nɔvia ŋutsu naɖe ahosia, eye vi si woadzi la anye ame si ku la tɔ. 29Míenya ƒome aɖe, si me ɖekakpui adre nɔ. Tsitsitɔ ɖe srɔ̃, gake medzi vi aɖeke hafi ku o. 30Ame si dzɔ ɖe eyome la ɖe ahosia, gake eya hã medzi vi kplii hafi trɔ megbe o. 31Ke etɔ̃lia hã ɖee, eye nu sia yi edzi ʋuu va se ɖe esime ɖekakpui adreawo katã ɖe ahosia kpɔ, gake ɖeke medzi vi kplii hafi ku o. 32Nyɔnua hã va ku mlɔeba. 33Azɔ míaƒe biabia lae nye be, ame ka srɔ̃e nyɔnu sia anye nenye be wofɔ tso ku me? Elabena ŋutsuawo katã ɖee kpɔ!”
34Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ame siwo le agbe le xexe sia mee woɖo srɔ̃ɖeɖe anyi na. 35Gake ame siwo dze be woƒe asi nasu xexe kemɛ kple fɔfɔ ɖe tsitre yi dziƒo la, womaɖe srɔ̃ o, eye womatsɔ wo ana be woaɖe hã o. 36Womagaku hã o, ale woanɔ abe mawudɔlawo ene, eye woanye Mawu viwo, elabena wofɔ wo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.
37“Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, Mose gɔ̃ hã gblɔe fia le ŋuve mumu si nɔ bibim la gbɔ, esi wòyɔ Mawu be, ‘Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.’ 38Menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo tɔe, elabena wo katã wole agbe nɛ.”
39Sefialawo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Nufiala, ègblɔe nyuie ŋutɔ!” 40Ale wodzudzɔ woƒe nyawo biabia, elabena dzi megale wo ƒo be woagabia nya aɖekee o.
Ame ka vie nye Kristo
41Azɔ Yesu tsɔ biabia sia ɖo woƒe ŋkume be, “Nu ka ta wogblɔ be Kristo la nye Fia David ƒe vi ɖo? 42Elabena David ŋutɔ gblɔ le Psalmowo ƒe agbalẽ me be,
“ ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be,
“Bɔbɔ nɔ nye nuɖusime,
43va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo
awɔ wò afɔɖodzinu.” ’
44David yɔe be, ‘Aƒetɔ’ Aleke wɔ wòaganye via?”
Yesu xlɔ̃ nu nusrɔ̃lawo le agbalẽfialawo ŋuti
45Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu le esime ameha la nɔ to ɖomii, eye wògblɔ na wo be, 46“Mikpɔ nyuie le sefialawo ŋuti, elabena wolɔ̃a awu ʋlayawo dodo, eye wodina be amewo nado gbe na yewo ne yewole zɔzɔm le ablɔwo dzi. Wolɔ̃a teƒe kɔkɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo, eye wodia kplɔ̃tanɔnɔ vevie le nuɖukplɔ̃ɖoƒewo. 47Woxɔa ahosiwo ƒe aƒewo le wo si, eye wodoa kpɔkpɔ wo ɖokuiwo to gbe didiwo dodo ɖa me. Ame siawo tɔgbi axɔ tohehe sesẽtɔ.”

¿Sabías que…?
Debates en los atrios del templo
- Cuando le preguntan con qué autoridad actúa, Jesús pregunta si el bautismo de Juan venía del cielo o de los hombres. Los líderes no responden: si dicen que del cielo, él puede preguntar por qué no le creyeron; si dicen que de los hombres, temen que el pueblo los apedree, pues la multitud está convencida de que Juan era profeta. El Easton's Bible Dictionary (1897) describe a Juan el Bautista como de linaje sacerdotal —su padre, Zacarías, sacerdote del turno de Abías, y su madre, Elisabet, de las hijas de Aarón— y señala que su misión fue objeto de profecía.Fuentes: el propio texto bíblico · John the Baptist
- Unos saduceos, que dicen que no hay resurrección, preguntan de quién sería esposa una mujer si, como escribió Moisés, siete hermanos se hubieran casado con ella, uno tras otro, para suscitar descendencia. Jesús señala el pasaje de la zarza ardente, donde Moisés llama al Señor el Dios de Abraham, el Dios de Isaac y el Dios de Jacob, y dice que Dios es Dios de los vivos. El Easton's Bible Dictionary llama a Abraham, hijo de Taré, padre de una multitud; a Isaac, único hijo de Abraham con Sara; y a Jacob, también llamado Israel, segundo gemelo de Isaac y Rebeca, el que sigue los talones de otro.Fuentes: el propio texto bíblico · Abraham · Isaac · Jacob (Israel)
- Jesús pregunta cómo el Cristo puede ser hijo de David si el propio David, en el libro de los Salmos, lo llama Señor. El Easton's Bible Dictionary identifica a David como el octavo y más joven hijo de Isaí, ciudadano de Belén, que al principio apacentaba las ovejas de su padre en las tierras altas de Judá.Fuentes: el propio texto bíblico · David
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org