Nations Bible

Levítico 21

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Nunɔlawo ƒe sewo

1Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron ƒe vi nunɔlawo be, ‘Mele be nunɔla naƒo ɖi eɖokui to asikaka ame kukuwo ŋu me o, 2negbe eƒe ƒometɔ kekeake ko, abe dadaa alo fofoa, Via ŋutsu alo via nyɔnu, nɔvia ŋutsu, 3alo nɔvia nyɔnu si meɖe srɔ̃ haɖe o, eye wòle eƒe dzikpɔkpɔ te, esi srɔ̃ mele esi o ta ene. Ate ŋu agblẽ kɔ na eɖokui le nɔvia nyɔnu sia ta. 4Ele be wòanɔ alea, elabena nunɔla nye kplɔla le ameawo dome, eye mele be wòaƒo ɖi eɖokui abe ame bubu siwo menye nunɔlawo ene o.

5“ ‘Nunɔla aɖeke mekpɔ mɔ aƒlɔ eƒe ta alo afɔ eƒe ge dzi alo asi eƒe ŋutigbalẽ o. 6Ele be woanɔ kɔkɔe na woƒe Mawu, eye womado vlo woƒe Mawu la ƒe ŋkɔ o. Esi wònye be woawoe tsɔa dzovɔsa vɛ na Yehowa, nu si nye woƒe Mawu ƒe nuɖuɖu ta la, ele na wo be woanɔ kɔkɔe. 7Mele be nunɔla naɖe gbolo alo nyɔnu si gbe atsu o, elabena nunɔlawo le kɔkɔe na woƒe Mawu la. 8Mibu wo be wole kɔkɔe, elabena woawoe tsɔa miaƒe Mawu la ƒe Nuɖuɖunana. Mibu wo kɔkɔe, elabena nye Yehowa mele kɔkɔe, nye ame si wɔ mi miele kɔkɔe. 9Ne nunɔla aɖe ƒe vinyɔnu gblẽ kɔ ɖo na eɖokui hetrɔ zu gbolo la, edo ŋukpe fofoa, ele be woatɔ dzoe agbagbe.

10“ ‘Nunɔlagã la, ame si wosi ami ɖe ta na le nɔvia ŋutsuwo dome, eye woɖoe nunɔlae be wòado nunɔlawu la, mele be wòakaka ɖa ɖe ta alo adze awu le eɖokui ŋu o. 11Mekpɔ mɔ age ɖe teƒe si ame kuku le o. Mekpɔ mɔ hã be wòagblẽ kɔ ɖo na eɖokui, na fofoa alo dadaa gɔ̃ hã o. 12Mekpɔ mɔ agblẽ eƒe Mawu la ƒe kɔkɔeƒe ɖi alo ado gui o, elabena wokɔ eya amea ŋuti kple eƒe Mawu la ƒe ami kɔkɔe; nyee nye Yehowa. 13Ele be wòaɖe ɖetugbivi dzadzɛ aɖe. 14Maɖe ahosi alo nyɔnu si gbe atsu alo nyɔnu si atsu gbe loo alo gbolo o. Ele be wòaɖe ɖetugbi dzadzɛ tso eya ŋutɔ ƒe to la me, 15elabena mele be wòanye fofo na ɖevi siwo nyɔnu si wòɖe la kplɔ va atsuƒee o; nu sia aɖi gbɔ̃ eya ŋutɔ ƒe viwo le eƒe amewo dome, elabena nyee nye Yehowa, ame si wɔe kɔkɔe.’ ”

16Yehowa gblɔ na Mose be, 17“Gblɔ na Aron be, ‘Le dzidzime siwo gbɔna me la, nuwɔametɔ aɖeke mekpɔ mɔ ate va be yeatsɔ eƒe Mawu ƒe nuɖuɖu asa vɔ̃e o. 18Manye le kpɔɖeŋu me, ame si nye ŋkuagbãtɔ alo xɔdrɔ̃, ame si ƒe ŋɔti gbã alo ame si to asibidɛ ade alo afɔbidɛ ade, 19alo wòŋe ata alo abɔ 20alo wòɖo kpo alo wònye ame kpui zegede alo tasi le ŋku dzi nɛ, wòdze akpa alo wòɖo vo o. 21Ne amea nye Aron ƒe dzidzimevi hã la, womeɖe mɔ nɛ be wòawɔ dzovɔsa aɖeke na Yehowa o, le eƒe nuwɔametɔnyenye ta. Womaɖe mɔ nɛ be wòawɔ vɔsa aɖeke na Mawu o. 22Ke ekpɔ mɔ aɖu nunɔlawo ƒe nu tso vɔ siwo wosa na Mawu la me, tso vɔsa kɔkɔewo kple vɔsa kɔkɔetɔwo kekeake me, 23gake mekpɔ mɔ ayi xɔmetsovɔ la godo alo ate ɖe vɔsamlekpui la ŋu o, le eƒe nuwɔametɔnyenye ta, ale be magaƒo ɖi nye teƒe kɔkɔe la o, elabena Yehowae kɔ eŋuti.’ ”

24Ale Mose de se siawo na Aron kple via ŋutsuwo kple Israelviwo katã.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Santidad y Requisitos para el Sacerdocio

  • Los sacerdotes comunes solo tenían permitido guardar luto por parientes consanguíneos directos —padres, hijos y hermanos solteros—, mientras que el sumo sacerdote tenía estrictamente prohibido contaminarse por cualquier cadáver, incluidos sus propios padres, y no podía rasgar sus vestiduras en señal de duelo.Fuentes: el propio texto bíblico
  • Mientras que a los sacerdotes comunes se les prohibía casarse con mujeres divorciadas o prostitutas, el sumo sacerdote debía cumplir una norma aún más estricta: solo podía casarse con una mujer virgen de su propio pueblo.Fuentes: el propio texto bíblico
  • Los descendientes de Aarón con defectos físicos o lesiones quedaban inhabilitados para presentar ofrendas encendidas en el altar, pero conservaban el derecho de comer de los alimentos santos y santísimos.Fuentes: el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.