Nations Bible

Levítico 20

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Nu vɔ̃wo kple wo ŋuti tohehewo

1Yehowa gblɔ na Mose be, 2“Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be woawu Israelvi alo amedzro si le Israel, ame si atsɔ viawo dometɔ aɖe ana Molek. Teƒe ma nɔlawo naƒu kpee. 3Emegbe nye ŋutɔ mado dɔmedzoe ɖe eŋu, eye maɖee ɖa le eƒe amewo dome, elabena etsɔ via sa vɔe na Molek, eto esia me wɔ nye Agbadɔ wòzu teƒe si medze be maganɔ o, eye wòdo vlo nye ŋkɔ kɔkɔe la. 4Ne anyigba la dzi tɔwo wɔ abe ɖe womenya naneke tso ame si tsɔ via na Molek ŋu o, eye wogbe be yewomawui o la, 5ekema nye ŋutɔ mado dɔmedzoe ɖe amea kple eƒe ƒometɔwo ŋu, eye matsrɔ̃ ame siwo katã subɔa Molek alo mawu bubuwo.

6“ ‘Maɖe ŋku atɔ ame sia ame si adze ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo yome, eye madze nye boŋ yome o; matsrɔ̃e ɖa le eƒe amewo dome.

7“ ‘Eya ta mikɔ mia ɖokuiwo ŋu, eye mianɔ kɔkɔe, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. 8Miwɔ nye seawo katã dzi, elabena nyee nye Yehowa, ame si kɔa mia ŋuti.

9“ ‘Ame sia ame si aƒo fi ade fofoa alo dadaa la, ele be woawui kokoko, elabena eƒo fi de eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kple ʋu.

10“ ‘Ne ŋutsu aɖe wɔ ahasi kple ehavi srɔ̃ la, ele be woawu ŋutsu ahasiwɔla la kple nyɔnu ahasiwɔla la siaa.

11“ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ fofoa srɔ̃ gbɔ la, eɖe fofoa ƒe amama ɖe go. Ele be woawu ŋutsu la kple nyɔnu la siaa, elabena woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui.

12“ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ toyɔvia gbɔ la, woawu wo ame eve la siaa; woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui to ɖiƒoƒo wo nɔewo me.

13“ ‘Tohehe si woana ŋutsu eve siwo dɔ wo nɔewo gbɔe nye woawu wo ame eve la. Woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui.

14“ ‘Ŋutsu si dɔ nyɔnu aɖe kple nyɔnu la dada gbɔ la, wɔ nu vɔ̃ triakɔ aɖe. Woatɔ dzo wo ame etɔ̃ la katã agbagbee be wòaɖe ŋukpenanu vɔ̃ɖi sia ɖa le mia dome.

15“ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi lãnɔ aɖe ŋu la, ele be woawu ŋutsu la kple lãnɔ la siaa, elabena woƒe ʋu anɔ woawo ŋutɔ ƒe ta dzi.

16“ ‘Ne nyɔnu aɖe na lã aɖe de asi eŋu la, ele be woawu nyɔnu la kple lã la siaa, elabena tohehe mae dze na wo.

17“ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi nɔvia nyɔnu, eɖanye fofoa ƒe vinyɔnu alo dadaa ƒe vinyɔnu ŋu la, enye ŋukpenanu, eye ele be woatsrɔ̃ wo ame eve la ɖa tso Israelviwo dome. Fɔɖiɖi la anɔ ŋutsu la dzi.

18“ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ nyɔnu aɖe si tsi gbɔto gbɔ la, woatsrɔ̃ wo ame eve la, elabena ŋutsu la ɖe nyɔnu la ƒe makɔmakɔnyenye ɖe go.

19“ ‘Ŋutsu aɖeke made asi fofoa nɔvinyɔnu alo dadaa nɔvinyɔnu ŋu o, elabena ƒometɔ tututu wonye na wo nɔewo. Woƒe fɔɖiɖi anɔ woawo ŋutɔ dzi.

20“ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi fofoa nɔviŋutsu srɔ̃ alo dadaa nɔviŋutsu srɔ̃ ŋu la, ekema eɖe fofoa nɔviŋutsu alo dadaa nɔviŋutsu la ƒe amama ɖe go. Woƒe tohehee nye woƒe nu vɔ̃ anɔ woƒe ta dzi, eye woatsi ko va se ɖe woƒe kugbe.

21“ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi nɔvia ŋutsu srɔ̃ ŋuti la, ewɔ nu makɔmakɔ, elabena eɖe nɔvia ŋutsu la ƒe amama ɖe go. Woatsi ko va se ɖe woƒe kugbe.

22“ ‘Eya ta miwɔ nye seawo kple nye ɖoɖowo katã dzi, ale be anyigba si metsɔ na mi la matu mi aƒu gbe o. 23Migawɔ dukɔ siwo manya ɖa le mia ŋgɔ la ƒe kɔnuwo o, elabena nu tovo siwo katã ŋu mede se na mi le la, woawoe wowɔna. Nu sia tae melé fu wo ɖo. 24Medo woƒe anyigba ŋugbe na mi. Matsɔe na mi wòazu mia tɔ. Enye anyigba aɖe si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu la, ame si de vovototo miawo kple dukɔ bubuwo ƒe amewo dome.

25“ ‘Eya ta ele be miade vovototo xe kple lã siwo meɖe mɔ na mi be miaɖu kple esiwo mebe migaɖu o la dome. Migaƒo ɖi mia ɖokui, eye miana magbe nu le mia gbɔ to miaƒe lã kple xe siwo mede se na mi be migaɖu o la ɖuɖu me o, togbɔ be wobɔ ɖe anyigba la dzi fũu hã. 26Ele be mianye ame kɔkɔewo nam, elabena nye Yehowa la, kɔkɔetɔe menye, eye meɖe mi ɖe aga tso dukɔ bubuwo me tɔwo katã gbɔ be mianye tɔnyewo.

27“ ‘Ele kokoko be woaƒu kpe ŋɔliyɔlawo alo bokɔwo, woɖanye ŋutsuwo alo nyɔnuwo o, woaku. Woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui.’ ”

¿Sabías que…?

Sanciones por Infidelidad y Desobediencia

  • Moloc era la divinidad nacional de los amonitas, asociada al sacrificio de niños mediante el fuego. Levítico 20 prohíbe estrictamente esta práctica y establece la pena de muerte por lapidación para cualquier israelita o extranjero residente que entregara a su descendencia a Moloc.Fuentes: Molech · el propio texto bíblico
  • Las prohibiciones y sanciones de este capítulo se fundamentan en el llamado a la santidad y a la separación de las naciones vecinas. Se ordenó a Israel guardar estos estatutos y distinguir entre animales puros e inmundos para que la tierra no los expulsara.Fuentes: el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.