Josué 9
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Gibeontɔwo ƒe amebeble
1Ale si Israelviwo ɖu dukɔwo dzi la va ɖo to me na fia aɖewo. Fia siawo ƒe dukɔwoe nye esiwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe, dukɔ siwo nɔ towo kple togbɛwo dzi, esiwo nɔ Domeƒu la ŋu kple esiwo nɔ dzigbeme heyi keke Lebanon. Dukɔ siawoe nye Hititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo. 2Dukɔ siawo ƒe aʋakɔwo wɔ ɖeka enumake hena aʋawɔwɔ kple Yosua kple Israelviwo.
3Ke Gibeontɔwo, ame siwo nye Hivitɔwo la se nu si Yosua wɔ Yeriko kple Ai. 4Eya ta woɖo be yewoaflu Yosua. Wodo agba na woƒe tedziwo kple kotoku xoxowo kple waingolo vuvuwo. 5Wodo awu vuvuwo kple afɔkpa siwo te vuvu wogbugbɔ tɔ, eye abolo si wotsɔ ɖe asi hã ƒu hedze fufu. 6Esi wova ɖo Israelviwo ƒe asaɖa me le Gilgal la, wogblɔ na Yosua kple Israelviwo be, “Míetso teƒe didi aɖe; míedi be míawɔ ŋutifafa kpli mi.”
7Israelviwo gblɔ na Hivitɔ siawo be, “Aleke míawɔ hafi anya be menye teƒe kpui aɖee mietso o? Ne mietso kpuiƒe la, míate ŋu awɔ ŋutifafa kpli mi o.”
8Woɖo eŋu be, “Míazu miaƒe kluviwo.”
Yosua bia be, “Ame kawoe mienye eye afi ka mietso?”
9Woɖo eŋu na Yosua be, “Wò dɔlawo tso anyigba didi aɖe dzi. Míese nu tso Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋusẽ kple nu siwo katã wòwɔ le Egipte 10kpakple nu si wòwɔ Amoritɔwo ƒe fia eveawo, Sixɔn, Hesbon fia kple Ɔg, Basan fia si nɔ Astarot ŋu, 11eya ta míaƒe ametsitsiwo kple míaƒe amewo gblɔ na mí be, ‘Midzra ɖo na mɔ didi aɖe zɔzɔ. Miyi Israelviwo gbɔ, eye miatsɔ míaƒe dukɔ na wo, ale be míazu woƒe subɔlawo, eye miabia ŋutifafa.’ 12Woɖe abolo sia dzodzoe tso abolokpo me teti ko míedze mɔ, ke fifia la, abe ale si miawo ŋutɔ miakpɔe ene la, eƒu hedze fufu. 13Waingolo siawo nye nu yeyewo, ke fifia la, wodo xoxo hevuvu. Míaƒe awuwo kple afɔkpawo vuvu le mɔzɔzɔ la ƒe didi kple sesẽ ta.”
14Amedzroawo na nuɖuɖu Israelviwo, eye woxɔe abe ɖekawɔwɔ ƒe dzesi ene le esime womebia Yehowa gbã tso eŋu o. 15Yosua wɔ ŋutifafa ƒe nubabla kple Gibeontɔwo, eye wòna be woatsi agbe. Israelviwo ƒe kplɔlawo do ŋugbe be yewoawɔ ɖe nubabla la dzi.
16Nyateƒe la va dze go le ŋkeke etɔ̃ megbe be Gibeontɔwo ƒe nɔƒe te ɖe Israelviwo ŋu kpokploe. 17Israelviwo ƒe aʋakɔ dze mɔ enumake be yeaku nya la gɔme, eye woɖo woƒe duwo me le ŋkeke etɔ̃ pɛ ko megbe. Woƒe duwo ƒe ŋkɔwoe nye: Gibeon, Kefira, Beerot kple Kiriat Yearim, 18Ke Israelviwo metsrɔ̃ duawo o le adzɔgbe si Israelviwo ƒe kplɔlawo ɖe le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me la ta. Israelviwo do dɔmedzoe ɖe woƒe kplɔlawo ŋu le ŋutifafa ƒe nubabla la ta.
19Kplɔlawo ɖo eŋu be, “Míeka atam le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me be míawɔ nuvevi wo o, eya ta míaka asi wo ŋu hã o. 20Ele be míana woanɔ agbe, elabena ne mietu míaƒe atam la la, Yehowa ado dɔmedzoe ɖe mia ŋu.”
21Ale Gibeontɔwo zu kluviwo na Israelviwo, wozu nakefɔlawo kple tsidulawo na wo.
22Yosua yɔ Gibeon ƒe kplɔlawo, eye wòbia wo be, “Nu ka ta mieble mí be miaƒe anyigba le didiƒe, le afi aɖe ke, le esime wònye ele kpuiƒe, afi sia ko le mía dome ɖo? 23Fifia la, fiƒode ava mia dzi; tso egbe sia dzi la, miazu subɔlawo na mí. Ɣe sia ɣi miafɔ nake, adu tsi na mí hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ na Mawu.”
24Gibeontɔwo ƒe kplɔlawo ɖo eŋu be, “Míeble mi nenema, elabena míese be Yehowa ɖo na eƒe dɔla, Mose be wòaɖu anyigba blibo la dzi, eye wòatsrɔ̃ ameawo katã le anyigba la dzi. Ale míevɔ̃ mi, ɖe míaƒe agbe ta, eya ta míeble mi nenema ɖo. 25Ke azɔ la, míele miaƒe asi me, miwɔ nu si dze mia ŋu la kpli mí.”
26Yosua meɖe mɔ na Israelviwo be woawu Gibeontɔwo o, 27ke boŋ wozu nakefɔlawo kple tsidulawo na Israelviwo. Woawoe adu tsi na Yehowa ƒe subɔsubɔdɔwɔwɔ le afi sia afi si woawɔ subɔsubɔdɔ le ko. Ɖoɖo sia gale edzi kokoko va se ɖe egbe.

¿Sabías que…?
El tratado con los gabaonitas
- Los habitantes de Gabaón eran heveos cuyo territorio comprendía cuatro ciudades: Gabaón, Cafira, Beerot y Quiriat-jearim. Situada a pocos kilómetros al noroeste de Jerusalén, Gabaón era una importante ciudad montañosa que optó por la diplomacia en lugar de unirse a la alianza militar de los reyes cananeos vecinos.Fuentes: el propio texto bíblico · Gibeon · Hivite
- Para fingir una larga travesía, los gabaonitas llevaron odres agrietados, sandalias gastadas, ropas raídas y pan seco y enmohecido. Los líderes de Israel examinaron las provisiones físicas pero descuidaron consultar al Señor, lo que los llevó a concertar un pacto de paz.Fuentes: el propio texto bíblico
- En el antiguo Israel, un juramento hecho en el nombre del Señor era inviolable, incluso si se obtenía mediante engaño. Dado que los líderes habían jurado por Dios, los israelitas perdonaron la vida a los gabaonitas y los asignaron como leñadores y aguadores para la comunidad y para el altar.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Great Sea · Hoy: Mediterranean Sea · 31.805, 34.170 · versículo 1
- Jericho · Hoy: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · versículos 1, 3
- Jordan · Hoy: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículos 1, 10
- Lebanon · 33.540, 35.584 · versículo 1
- Shephelah · 31.692, 34.875 · versículo 1
- Gibeon · Hoy: El Jib · 31.847, 35.183 · versículos 3, 17
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 9
- Bashan · 32.781, 35.935 · versículo 10
- Kiriath-jearim · Hoy: Deir el Azar · 31.809, 35.104 · versículo 17
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org