Josué 8
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Israelviwo xɔ Ai, eye wotsrɔ̃e
1Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mègavɔ̃ o, eye dzi megaɖe le ƒowò o. Kplɔ aʋakɔ blibo la yi Ai, elabena ɣeyiɣi la de na mi azɔ be miaɖu Ai dzi. Metsɔ Ai fia kple eƒe ameawo katã de asi na mi. 2Miatsrɔ̃ wo abe ale si mietsrɔ̃ Yeriko kple woƒe fia ene. Ke azɔ ya la, miate ŋu atsɔ woƒe nuwo kple woƒe nyi siwo mieha la woazu mia tɔ. Na ameawo nade xa ɖe dua godo.”
3Ale Yosua dzra ɖo hena aʋahoho ɖe Ai ŋu kple eƒe aʋawɔlawo katã. Etia eƒe asrafo nyuitɔwo akpe blaetɔ̃ ɖo ɖa le zã me; 4egblɔ na wo do ŋgɔ be, “Mide xa ɖe dua ƒe akpa kemɛ, migade megbe tso dua ŋu fũu o, eye minɔ ŋudzɔ na wo dzi dzedze.”
5Egagblɔ na wo be, “Ne míaƒe aʋakɔ blibo la ho aʋa ɖe Aitɔwo ŋu la, Aitɔwo ado go ava kpe mí na aʋawɔwɔ abe ale si wowɔ zi gbãtɔ ene. 6Ekema míade asi sisi me, eye woakplɔ mí ɖo va se ɖe esi woƒe aʋawɔlawo katã ado go le dua me. Woagblɔ be, ‘Israelviwo gale sisim abe ale si wowɔ zi gbãtɔ ene!’ 7Ekema miado tso afi si miede xa ɖo, age ɖe dua me, elabena Yehowa miaƒe Mawu atsɔe na mí. 8Mitɔ dzo dua abe ale si Yehowa ɖo na mí ene. Esiawoe nye nye ɖoɖowo na mi.”
9Ale wodze mɔ zã ma me yi ɖade xa ɖe Betel kple Ai ƒe ɣetoɖoƒe gome, le esime Yosua kple aʋawɔla bubuawo tsi asaɖa la me le Yeriko. 10Esi ŋu ke ŋdi kanya la, Yosua yɔ aʋawɔlawo, eye woawo kple Israel ƒe ametsitsiwo ɖo ta Ai. 11Yosua kple aʋawɔla siwo nɔ eŋu la yi ɖe dua ƒe agbo gãtɔ gbɔ, woƒu asaɖa anyi ɖe anyiehe lɔƒo, eye balime aɖe nɔ asaɖa la kple Ai du la dome. 12Eɣla ame abe akpe atɔ̃ ene ɖe dua ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, le Betel kple Ai dome. 13Woɖo asrafoawo ɖe aʋawɔwɔ ŋu, ame geɖewo nɔ dua ƒe anyiehe lɔƒo, eye mamlɛawo nɔ dua ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Yosua tsi balime la le zã ma me.
14Ai fia kpɔ Israelviwo ɖa le balime la godo, eye wòkpe aʋa kpli wo le Araba gbedzi ŋdi kanya, ke menya be futɔwo de xa ɖe dua godo o. 15Yosua kple eƒe Israelviwo si to gbegbe la abe ɖe nugbe menyo na wo o ene. 16Ale Ai fia ɖe gbe na eƒe asrafo siwo katã nɔ dua me la be woati Israelviwo yome. Ale dutaʋlilawo vɔ le dua me; 17asrafo aɖeke kura meganɔ Ai alo Betel o. Gawu la, woʋu Ai ƒe agbowo da ɖi siãa.
18Yehowa gblɔ na Yosua be, “Tsɔ wò akplɔ do ɖe Ai lɔƒo, elabena matsɔ du la ana wò.” Yosua wɔ nenema. 19Esi xadelawo kpɔ Yosua ƒe dzesia ko la, wolũ ɖe dua dzi, ge ɖe eme eye wotɔ dzoe. 20Aitɔwo ƒe aʋawɔlawo nye kɔ kpɔ megbe, kasia wokpɔ dzudzɔ la wòyi ɖatɔ keke dziŋgɔli. Mɔ aɖeke meganɔ anyi na sisi o, elabena Israelviwo, ame siwo si ɖo ta gbegbe la, trɔ hena aʋawɔwɔ kpli wo azɔ. 21Yosua kple Israelviwo katã kpɔ be yewoƒe amewo xɔ dua, eye wotɔ dzoe, eya ta wotrɔ hede asi Aitɔwo wuwu me. 22Israelvi siwo nɔ Ai dua me la do go tso dua me, eye wode asi Aitɔwo wuwu me tso megbe. Ale Aitɔwo tsi Israelviwo dome, eye wowu wo katã, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe alo si o, 23negbe Ai fia, ame si wolé kplɔ vɛ na Yosua.
24Esi Israelviwo wu Aitɔ siwo nɔ dua godo vɔ la, wotrɔ yi dua me, eye wowu ame siwo katã ganɔ dua me. 25Ale wowu ame akpe wuieve (12,000) siwo nye Aitɔwo katã la gbe ma gbe. 26Yosua lé eƒe akplɔ do ɖe Ai du la gbɔ va se ɖe esime wowu Aitɔ mamlɛa. 27Aitɔwo ƒe lãwo kple kesinɔnuwo ko wometsrɔ̃ o, elabena Israelviwo ƒe aʋawɔlawo tsɔ wo na wo ɖokuiwo. Yehowa ŋutɔe gblɔe na Yosua be woate ŋu atsɔ wo. 28Ale Ai trɔ zu gli gbagbã siwo woli kɔe ɖi va se ɖe egbe.
29Yosua de ka ve na Ai fia ɖe ati aɖe ŋu, ke esi ɣe nɔ to ɖom la, eɖee tsɔ ƒu gbe ɖe dua ƒe agbo ŋgɔ. Wofɔ kpe gãwo li kɔ ɖe edzi. Kpeawo gali va se ɖe egbe.
Wogbugbɔ nubabla la wɔ le Ebal to la gbɔ
30Le esia megbe la, Yosua tu vɔsamlekpui aɖe na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ɖe Ebal to la gbɔ 31abe ale si Mose, Yehowa ƒe dɔla ɖo na Israelviwo be woawɔ ene. Etui abe ale si woŋlɔe ɖe Mose ƒe Segbalẽ la me ene be, “Tsɔ kpe siwo womegbã alo kpa o la tu vɔsamlekpui nam.” Yehowa gblɔ nya sia tso Ebal to la ŋuti. Nunɔlawo sa numevɔ kple ŋutifafavɔ na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi. 32Yosua ŋlɔ Mose ƒe Se Ewoawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe vɔsamlekpui la ƒe kpeawo dzi le Israelviwo ŋkume.
33Azɔ la, Israelviwo katã, woƒe ametsitsiwo, kplɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple amedzro siwo nɔ wo dome la ma ɖe akpa eve me. Akpa ɖeka tsi tsitre ɖe Gerizim to la te, eye akpa evelia hã nɔ Ebal to la te. Nunɔlawo kɔ nubablaɖaka la nɔ akpa eveawo dome hena yayranyawo xexlẽ. Wowɔ esia abe ale si Mose ɖo na wo gbe aɖe gbe ene. 34Yosua xlẽ yayranya kple fiƒodenya siwo katã Mose ŋlɔ ɖe Yehowa ƒe Segbalẽ la me la na wo. 35Exlẽ se siwo katã Mose de na wo kpɔ la hã na ameha blibo la, si me nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro siwo nɔ Israelviwo dome la hã nɔ.

¿Sabías que…?
La Caída de Hai y la Alianza en el Monte Ebal
- Hai fue la segunda ciudad cananea tomada por Israel, ubicada al este de Betel. Josué utilizó el terreno escarpado para tender una emboscada entre Betel y Hai, simulando una retirada para alejar a los defensores de la ciudad antes de ordenar que sus tropas la tomaran y la incendiaran.Fuentes: Ai · Bethel (of Palestine) · el propio texto bíblico
- Tras la victoria, Josué edificó un altar de piedras sin labrar en el monte Ebal, siguiendo la instrucción escrita en la Ley de Moisés que prohibía el uso de herramientas de hierro. Allí se ofrecieron holocaustos y ofrendas de paz, y se escribió sobre las piedras una copia de la ley.Fuentes: Mount Ebal · Moses · el propio texto bíblico
- Toda la asamblea de Israel —incluidos los naturales, los extranjeros residentes, las mujeres y los niños— se congregó en el valle entre el monte Ebal y el monte Gerizim. Situados a ambos lados del Arca del Pacto, escucharon a Josué proclamar todas las bendiciones y maldiciones de la ley.Fuentes: Mount Ebal · Mount Gerizim · el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Jericho · Hoy: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · versículo 2
- Arabah · 30.417, 35.151 · versículo 14
- Mount Ebal · 32.234, 35.273 · versículos 30, 33
- Mount Gerizim · 32.199, 35.273 · versículo 33
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org