Nations Bible

Jeremías 37

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Wode Yeremia gaxɔ me

1Babilonia fia Nebukadnezar tsɔ Yosia ƒe vi, Zedekia ɖo fiae ɖe Yuda, ɖe Yehoyakim ƒe vi, Yehoyatsin teƒe. 2Ke eya loo, alo eƒe dɔlawo alo ame siwo le anyigba dzi la meɖo to nya siwo Yehowa gblɔ to Nyagblɔɖila Yeremia dzi o.

3Ke hã la, Fia Zedekia dɔ Yehukal, Selemia ƒe vi kple nunɔla Zefania, Maaseya vi ɖo ɖe Nyagblɔɖila Yeremia gbɔ be woagblɔ nɛ be: “Míeɖe kuku, do gbe ɖa na Yehowa míaƒe Mawu la ɖe mía ta.”

4Ke azɔ la, ablɔɖe le Yeremia si be wòado ɖe dukɔ la dome agagbɔ, elabena womedee gaxɔ me haɖeke o. 5Farao ƒe aʋakɔwo ho tso Egipte eye esi Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe Yerusalem se esia la, woho dzo le Yerusalem.

6Yehowa ƒe nya va na Nyagblɔɖila Yeremia be, 7“Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Gblɔ na Yuda fia, ame si dɔ wò be nàbia gbem la be, ‘Farao ƒe aʋakɔ siwo ho be woava akpe ɖe ŋutiwò la agbugbɔ ayi ɖe Egipte, woƒe anyigba dzi. 8Ekema Babiloniatɔwo atrɔ gbɔ, ava dze du sia dzi, axɔe ahatɔ dzoe wòabi azu dzowɔ.’

9“Ale Yehowa gblɔe nye esi: Migable mia ɖokuiwo, asusu be, ‘Babiloniatɔwo aɖe asi le yewo ŋuti o.’ Womaɖe asi o! 10Kura gɔ̃ hã, ne miaɖu Babiloniatɔ siwo ho aʋa ɖe mia ŋu la ƒe aʋakɔwo katã dzi eye abixɔlawo koe asusɔ ɖe woƒe asaɖa me hã la, woado ava xɔ du sia atɔ dzoe.”

11Esi Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔwo ho dzo le Yerusalem, le Farao ƒe aʋakɔwo ta la, 12Yeremia do le dua me be yeayi ɖe Benyaminyigba dzi be yeaxɔ yeƒe gome ɖe ame siwo le afi ma la dome. 13Gake esi wòɖo Benyamin ƒe Agbo nu la, agbonudzɔlawo ƒe amegã si ŋkɔe nye; Iriya, Selemia ƒe vi, Hananiya ƒe vi, lée hegblɔ be, “Èsi, be yeayi ɖe Babiloniatɔwo dzi!”

14Yeremia ɖo eŋu be, “Alakpae, nyemele sisim be mayi ɖe Babiloniatɔwo dzi o.” Ke Iriya gbe meɖo toe o, ke boŋ elé Yeremia eye wòkplɔe yi ɖe dumegãwo gbɔe. 15Wodo dziku ɖe Yeremia ŋu vevie, wona woƒoe hetsɔe de ga me ɖe agbalẽŋlɔla Yonatan ƒe aƒe si wotsɔ wɔ gaxɔe la me.

16Ale wotsɔ Yeremia de gaxɔ dometɔ si sesẽ hedo viviti la me, afi si wònɔ ɣeyiɣi didi aɖe. 17Tete Fia Zedekia dɔ ame ɖa be woaɖakplɔe vɛ eye wokplɔe va fiasã la mee, afi si wòbiae le, le bebeme be, “Gbe aɖe va tso Yehowa gbɔa?”

Yeremia ɖo eŋu be, “Ɛ̃, woakplɔ wò ade asi na Babilonia fia.”

18Tete Yeremia gblɔ na Fia Zedekia be, “Agɔ kae medze le dziwò, wò dumegãwo alo ame siawo dzi, be nètsɔm de gaxɔ me? 19Afi ka wò nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi na wò be, ‘Babilonia fia mava dze dziwò alo anyigba sia dzi o la le?’ 20Ke azɔ la, nye aƒetɔ fia, meɖe kuku, ɖo to nàsee. Na matsɔ nye biabia aɖo ŋkuwòme: Mègatrɔm ɖo ɖe agbalẽŋlɔla Yonatan ƒe aƒe me o, ne menye nenema o la, maku ɖe afi ma.”

21Tete fia Zedekia ɖe gbe be, woatsɔ Yeremia ada ɖe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu eye woatsɔ abolo ɖeka nɛ gbe sia gbe tso aboloƒolawo ƒe ablɔ me, va se ɖe esime abolo vɔ le dua me. Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu.

¿Sabías que…?

La advertencia y el arresto de Jeremías durante el asedio

  • Durante el asedio babilónico a Jerusalén, el avance del ejército egipcio del faraón provocó la retirada temporal de los caldeos. Aunque esta retirada despertó falsas esperanzas en Judá, Jeremías advirtió al rey Sedequías que las tropas egipcias regresarían a su tierra y los babilonios volverían para conquistar y quemar la ciudad.Fuentes: el propio texto bíblico · Zedekiah
  • Jeremías fue arrestado en la Puerta de Benjamín por el capitán de la guardia, Irías, quien lo acusó de desertar al bando babilónico cuando el profeta solo se dirigía al territorio de Benjamín para atender asuntos de su propiedad. A pesar de negar la acusación, los oficiales lo golpearon y lo encerraron en una celda dentro de la casa del escriba Jonatán.Fuentes: el propio texto bíblico · Gate of Benjamin · Jeremiah
  • El rey Sedequías interrogó a Jeremías en secreto en el palacio y, tras escuchar la súplica del profeta de no ser devuelto a la mazmorra del escriba, ordenó su traslado al patio de la guardia y le asignó una ración diaria de pan de la calle de los panaderos.Fuentes: el propio texto bíblico · Zedekiah

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Babylon · 32.543, 44.422 · versículos 1, 17, 19
  • Chaldea · 30.962, 46.104 · versículos 5, 8, 9, 10, 13, 14
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 5, 7
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 5, 11, 12
  • Benjamin Gate · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 13

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.