Jeremías 36
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Yehoyakim tɔ dzo Yeremia ƒe lãgbalẽ si dzi wòŋlɔ nu ɖo
1Le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me la, Yehowa ƒe nya sia va na Yeremia be, 2“Tsɔ lãgbalẽ nàŋlɔ nu siwo katã megblɔ na wò tso Israel, Yuda kple dukɔ bubuwo ŋuti la ɖe edzi. Ŋlɔe tso gbe si gbe medze nuƒoƒo kpli wò le Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo me dzi va se ɖe fifia. 3Ɖewohĩ ne Yudatɔwo ase gbegblẽ siwo katã meɖo be mahe va wo dzii la, wo dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi; ekema matsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo kple nu vɔ̃ ake wo.”
4Tete Yeremia yɔ Neria ƒe vi, Baruk eye esi Yeremia le nya siwo katã Yehowa gblɔ nɛ la gblɔm la Baruk ŋlɔ wo katã ɖe lãgbalẽ la dzi. 5Yeremia gblɔ na Baruk be, “Mele ga me eya ta nyemate ŋu ayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me o. 6Eya ta wò, yi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me le nutsitsidɔ ŋkeke aɖe dzi eye nàxlẽ Yehowa ƒe nya siwo megblɔ na wò nèŋlɔ la na wo. Xlẽe na Yudatɔ siwo katã tso woƒe du vovovowo me va. 7Ɖewohĩ woabɔbɔ wo ɖokui kple kokoƒoƒo le Yehowa ŋkume eye woatrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi elabena dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ si Yehowa gblɔ ɖi tso ame siawo ŋuti la lolo ŋutɔ.”
8Neria ƒe vi, Baruk wɔ nu siwo katã Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ nɛ be wòawɔ. Le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la, exlẽ Yehowa ƒe nya na wo tso lãgbalẽ la me. 9Le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi, ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia ƒe ɣleti asiekɛlia me la, woɖe gbeƒã nutsitsidɔ le Yehowa ŋkume na Yerusalemtɔwo kple ame siwo katã tso Yuda ƒe duwo me va. 10Tso Safan ƒe vi, Gemaria, agbalẽŋlɔla ƒe xɔ si le xɔxɔnu dzigbetɔ si le gbedoxɔ ƒe Agboyeyea nu me la, Baruk xlẽ Yeremia ƒe nya siwo le lãgbalẽ la dzi la na ame siwo katã le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.
11Esi Mikaya, Gemaria ƒe vi, Safan ƒe vi la se Yehowa ƒe nya siwo katã woŋlɔ ɖe lãgbalẽ la dzi la, 12eɖiɖi yi ɖe agbalẽŋlɔla ƒe xɔ si le fiasã me la me, afi si dumegãwo ƒo ta kpli ɖe aɖaŋu me le. Woawoe nye: nuŋlɔla, Elisama, Delaya; Semaya ƒe vi, Elnatan, Akbor ƒe vi; Gemaria, Safan ƒe vi; Zedekia, Hananiya ƒe vi kple dumegã bubuwo katã. 13Esi Mikaya gblɔ nu siwo katã Baruk xlẽ na ameawo tso lãgbalẽ la me la, 14dumegãwo katã dɔ Yehudi, Netania ƒe vi, Selemia ƒe vi, Kusi ƒe vi ɖo ɖe Baruk be woagblɔ nɛ be, “Tsɔ lãgbalẽ si me nèxlẽ nu le na dukɔ la, ne nàva.” Tete Neria ƒe vi, Baruk, yi wo gbɔ kple lãgbalẽ la. 15Wogblɔ nɛ be, “Míeɖe kuku nɔ anyi, ne nàxlẽe na mí.”
Tete Baruk xlẽe na wo. 16Esi wose nya siawo katã la, vɔvɔ̃ ɖo wo eye wode asi wo nɔewo ƒe ŋkume kpɔkpɔ me kple vɔvɔ̃ eye wogblɔ na Baruk be, “Ele be nàka nya siawo ta na fia la.” 17Tete wobia Baruk be, “Gblɔe na mi, aleke nèwɔ ŋlɔ nu siawo? Yeremiae gblɔ wo na wòa?”
18Baruk ɖo eŋu be, “Ɛ̃, eyae gblɔ nya siawo katã nam eye metsɔ nuŋlɔtsi ŋlɔe ɖe lãgbalẽ la dzi.”
19Dumegãwo gblɔ na Baruk be, “Wò kple Yeremia, miyi miaɣla mia ɖokui. Migana ame aɖeke nanya afi si miele o.”
20Esi wotsɔ lãgbalẽ la da ɖe agbalẽŋlɔla Elisama ƒe xɔ me vɔ la, woyi ɖe fia la gbɔ le xɔxɔnu eye wogblɔ nya ɖe sia ɖe nɛ. 21Fia la dɔ Yehudi be wòaɖatsɔ lãgbalẽ la vɛ. Yehudi yi ɖatsɔe le agbalẽŋlɔla Elisama ƒe xɔ me eye wòxlẽe na fia la kple eƒe dumegã siwo katã le tsitre ɖe exa. 22Enye ɣleti asiekɛlia eye fia la nɔ anyi ɖe eƒe vuvɔŋɔlixɔ me eye wodo dzo ɖe ze me da ɖe eƒe akɔme. 23Ne Yehudi xlẽ lãgbalẽ la fli etɔ̃ alo ene ko la, fia la tsɔa agbalẽŋlɔlawo ƒe hɛ lãnɛ ɖa hetsɔna ƒua gbe ɖe dzo si le ekɔme la me. Ewɔe alea va se ɖe esime wòtsɔ lãgbalẽ la katã de dzo me. 24Fia la kple eŋutime siwo katã se agbalẽ la me nyawo la meɖe vɔvɔ̃ aɖeke fia alo dze awu le wo ɖokuiwo ŋuti o. 25Togbɔ be Elnatan, Delaya kple Gemaria ƒoe ɖe fia la nu be megade lãgbalẽ la dzo me o hã la, edo toku wo. 26Le esia teƒe boŋ la, fia la ɖe gbe be Yerameel, via ŋutsuwo dometɔ ɖeka, Seraya, Azriel ƒe vi kple Selemia, Abdeel ƒe vi, woayi aɖalé Baruk, agbalẽŋlɔla kple Yeremia, nyagblɔɖila la vɛ, ke Yehowa tsɔ wo ɣla.
27Esi fia la tɔ dzo lãgbalẽ si dzi Baruk ŋlɔ nya siwo katã Yeremia gblɔ nɛ ɖo la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia be: 28“Tsɔ lãgbalẽ bubu, eye nàŋlɔ nya siwo katã nɔ gbãtɔ dzi la ɖe edzi, nya siwo ke Yuda fia Yehoyakim tɔ dzoe. 29Gawu la, gblɔ na Yuda fia Yehoyakim be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ètɔ dzo lãgbalẽ ma, hegblɔ be, “Nu ka ta nèŋlɔ ɖe edzi be Babilonia fia ava kokoko agblẽ anyigba sia eye wòatsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo siaa ɖa le edzi?” 30Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda fia Yehoyakim ŋutie nye si: Ame aɖeke masusɔ nɛ, si anɔ David ƒe fiazikpui dzi o, woatsɔ eƒe ŋutilã kukua aƒu gbe ɖe gota, eye ŋdɔkutsu aɖui le ŋkeke me eye ahũ aƒoe le zã me. 31Mahe to na eya kple viawo kple eƒe dɔlawo katã le woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta. Mahe gbegblẽ ɖe sia ɖe si megblɔ ɖi la va wo, ame siwo le Yerusalem kple Yudatɔwo dzii, elabena womeɖo to o.’ ”
32Ale Yeremia tsɔ lãgbalẽ bubu na Neria ƒe vi, Baruk, agbalẽŋlɔla la, eye esi Yeremia le nyawo gblɔm la, Baruk ŋlɔ nya siwo katã Yuda fia, Yehoyakim tɔ dzoe le gbãtɔ dzi la ɖe edzi. Wotsɔ nya siwo le abe gbãtɔ ene la kpe ɖe nyawo ŋuti.

¿Sabías que…?
El rollo quemado de Jeremías
- Como Jeremías tenía prohibido entrar al templo, le dictó las profecías a Baruc, hijo de Nerías, quien las escribió con tinta en un rollo y las leyó en público durante un día de ayuno.Fuentes: el propio texto bíblico · Baruch
- La sala donde Baruc leyó el rollo por primera vez pertenecía a Gemarías, hijo de Safán, quien había sido escriba real durante el reinado de Josías. Varios miembros de esta influyente familia mostraron respeto por el mensaje e incluso rogaron al rey Joacim que no destruyera el manuscrito.Fuentes: el propio texto bíblico · Gemariah · Shaphan · Michaiah
- El rey Joacim escuchó la lectura mientras se calentaba junto a un brasero en sus aposentos de invierno, pero cada tres o cuatro columnas cortaba el rollo con un cortaplumas de escriba y lo arrojaba al fuego.Fuentes: el propio texto bíblico · Baruch · Jehoiakim
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 9, 31
- New Gate · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 10
- Babylon · 32.543, 44.422 · versículo 29
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org