Jeremías 26
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Ŋɔdzidodo na Yeremia kple ku
1Le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, nya sia va nam tso Yehowa gbɔ. 2“Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu eye nàƒo nu na Yudatɔ siwo katã tso du vovovowo me va subɔsubɔ wɔ ge le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Gblɔ nu siwo katã mede se na wò be nàgblɔ na wo, nya ɖeka pɛ hã megato le eme o. 3Ɖewohĩ woaɖo to eye wo dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi. Ekema maɖe asi, eye nyemagahe gbegblẽ si meɖo ɖe wo ŋu le woƒe nu vɔ̃ɖi siwo wowɔ ta la ava wo dzi o.’ 4Gblɔ na wo be: ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ne mieɖo tom hewɔ ɖe nye se siwo mede na mi la dzi o, 5eye ne mieɖo to nye dɔla nyagblɔɖila siwo meɖo ɖe mi enuenu (ame siwo miedo tokui va yi la ƒe nyawo o la), 6ekema mawɔ gbedoxɔ sia abe Silo ene eye du sia azu fiƒodenu le anyigbadzidukɔwo katã dome.’ ”
7Nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple ame siwo katã le afi ma se Yeremia wònɔ nya siawo gblɔm le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. 8Kaka Yeremia nawu nya siwo katã Yehowa gblɔ nɛ be wòagblɔ nu la, nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple ame siwo le afi ma la dze Yeremia dzi kpli, helée eye wogblɔ nɛ be, “Èdze na ku! 9Nu ka ta nègblɔ nya ɖi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ me be gbedoxɔ sia azu abe Silo ene eye du sia azu aƒedo si me ame aɖeke maganɔ o?” Ale zi ƒo ɖe Yeremia ŋuti le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me.
10Esi Yuda ƒe dumegãwo se nu siawo la, wotso le fiasã la me heyi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la gbɔ eye woyi ɖatɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe Agbo Yeye la nu. 11Tete nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo gblɔ na dumegãwo kple ameha la be, “Ele be woatso kufia na ŋutsu sia, elabena egblɔ nya ɖi ɖe du sia ŋuti. Miawo ŋutɔ miesee kple miaƒe towo!”
12Tete Yeremia gblɔ na dumegãwo kple ameha la be, “Yehowae dɔm be magblɔ nya siwo miese la ɖi ɖe gbedoxɔ sia kple du sia ŋuti. 13Ke azɔ la, miɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo eye miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la. Ekema Yehowa atrɔ eƒe susu eye mahe vɔ̃ si wògblɔ ɖi ɖe mia ŋuti la va mia dzii o. 14Ke nye ya la, mele miaƒe asi me xoxo. Miwɔ nu si miesusu be enyo eye wòle eteƒe la kplim faa. 15Gake meka ɖe edzi na mi be ne miewum la, miahe ʋu maɖifɔ va miawo ŋutɔ, du sia kple emenɔlawo dzi; elabena le nyateƒe me la, Yehowae dɔm be magblɔ nya siawo katã ɖe miaƒe towo me.”
16Tete dumegãwo kple ameha la gblɔ na nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo be, “Mele be woatso kufia na ŋutsu sia o, elabena egblɔ nya na mi le Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me.”
17Dumegãwo dometɔ aɖewo do ɖe ŋgɔgbe hegblɔ na ameha la be, 18“Mika, Moresitɔ la gblɔ nya ɖi le Yuda fia Hezekia ƒe ŋkekewo me. Egblɔ na Yudatɔwo katã be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“ ‘Woaŋlɔ Zion abe agble ene,
Yerusalem azu glikpo gbagbã
eye gbedoxɔ ƒe togbɛ azu togbɛ si zu ave.’
19“Ɖe Hezekia, Yuda fia, alo ame aɖe le Yuda wuia? Ɖe Hezekia mevɔ̃ Yehowa hetrɔ ɖe eŋu eye wòdi amenuveve le egbɔ oa? Eye ɖe Yehowa metrɔ eƒe susu ale be megaxa he gbegblẽ si wòɖe gbeƒãe la va wo dzii oa? Míawo ya la míele gbegblẽ dziŋɔ aɖe he ge va mía ɖokuiwo dzii!”
20(Azɔ ame bubu si gagblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ mee nye Uria, Semaya ƒe vi si tso Kiriat Yearim. Eya hã gblɔ nya siwo ke Yeremia gblɔ ɖe du sia kple anyigba sia ŋuti. 21Esi Fia Yehoyakim kple eŋumewo kple eƒe dumegãwo se eƒe nyawo la, fia la di vevie be yeawui, Ke Uria see eye wòsi kple vɔvɔ̃ yi Egipte. 22Ke Fia Yehoyakim dɔ Elnatan, Akbor ƒe vi kple ŋutsu bubu geɖewo ɖe eyome. 23Woyi ɖakplɔ Uria tso Egipte vɛ na Fia Yehoyakim, ame si na wowui kple yi hetsɔ eƒe kukua ƒu gbe ɖe ame gbɔlowo ɖiƒe.)
24Gawu la, Safan ƒe vi, Ahikam de megbe na Yeremia ale wometsɔe de asi na ameawo be woawu o.

¿Sabías que…?
El juicio de Jeremías y sus precedentes
- Cuando sacerdotes y profetas exigieron la muerte de Jeremías por anunciar la ruina del templo, varios ancianos apelaron al precedente de Miqueas de Moreset, ocurrido más de un siglo atrás. En tiempos del rey Ezequías, Miqueas proclamó una advertencia similar contra Jerusalén, pero el monarca buscó el favor del Señor en lugar de ejecutar al profeta.Fuentes: el propio texto bíblico · Micah · Hezekiah
- El pasaje subraya el peligro que corría Jeremías al recordar la suerte de Urías hijo de Semaías, quien anunció un mensaje idéntico. Cuando el rey Joacim intentó matarlo, Urías huyó a Egipto, pero el monarca envió soldados a extraditarlo, lo hizo degollar y arrojó su cadáver a las fosas del pueblo común.Fuentes: el propio texto bíblico · Urijah · Jehoiakim
- Jeremías se salvó en gran medida gracias a la intervención de Ahicam hijo de Safán, un noble influyente cuya familia había colaborado en las reformas religiosas del rey Josías.Fuentes: el propio texto bíblico · Ahikam
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 6, 9, 18
- Shiloh · Hoy: Khirbet Seilun · 32.056, 35.290 · versículos 6, 9
- New Gate · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 10
- Mount Zion · 31.772, 35.229 · versículo 18
- Zion · Hoy: Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 18
- Kiriath-jearim · Hoy: Deir el Azar · 31.809, 35.104 · versículo 20
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 21, 22, 23
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org