Jeremías 25
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Aboyomenɔnɔ ƒe blaadre
1Le Yosia ƒe vi, Yehoyakim, Yuda fia ƒe ƒe enelia me si nye Babilonia fia Nebukadnezar ƒe ƒe gbãtɔ me la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia ku ɖe Yuda dukɔ la ŋu. 2Eya ta nyagblɔɖila Yeremia, gblɔ na Yudatɔwo katã kple ame siwo nɔ Yerusalem la be: 3Ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ sɔŋ nye esi mele nu ƒom na mi. Tso keke Amon ƒe vi Yosia, Yuda fia ƒe ƒe wuietɔ̃lia me va se ɖe fifia, Yehowa ƒe nya va nam, eye megblɔe na mi enuenu, gake mieɖo to o.
4Togbɔ be Yehowa dɔ eƒe dɔla nyagblɔɖilawo ɖo ɖe mi zi geɖe hã la, mieɖo to alo mietsɔ ɖeke le eme na wo o. 5Wogblɔ be, “Mitrɔ azɔ, mia dometɔ ɖe sia ɖe, tso miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi kple miaƒe nu tovowo wɔwɔ me, be miate ŋu anɔ anyigba si Yehowa tsɔ na mi la dzi, miawo ŋutɔ kple mia fofowo, tso mavɔ me yi mavɔ me. 6Migadze mawu tutɔwo yome, ahayi wo subɔ ge o. Migade ta agu na wo o, migado dziku nam kple nu siwo miaƒe asiwo wɔ la o. Ekema nyemawɔ nuvevi mi o.”
7Yehowa be, “Gake mieɖo tom o eye mietsɔ nu siwo miawo ŋutɔ ƒe asiwo wɔ la do dziku nam eye miehe vɔ̃ va mia ɖokuiwo dzii.”
8Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Esi mieɖo to nye nyawo o ta la, 9mayɔ anyiehemetɔwo katã, kple nye dɔla Nebukadnezar, Babilonia fia aƒo ƒu, woatso ɖe anyigba sia, edzinɔlawo kple dukɔ siwo katã ƒo xlãe la ŋuti. Matsrɔ̃ wo gbidigbidi, awɔ wo woanye ŋɔdzinu kple fewuɖunu, eye woazu aƒedo tegbetegbe. 10Mana dzidzɔ kple aseyetsotso nu natso eye womagase ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe alo te ƒe gbe alo woakpɔ akaɖi wòaganɔ keklẽm o. 11Anyigba sia katã azu aƒedo kple gbegbe eye dukɔ sia asubɔ Babilonia fia ƒe blaadre sɔŋ” Yehowae gblɔe.
12Yehowa be, “Ke ne ƒe blaadre la de la, mahe to na Babilonia fia kple eƒe dukɔ, Babiloniatɔwo ɖe woƒe agɔdzedze ta eye mawɔ woƒe anyigba wòazu gbegbe tegbetegbe. 13Mana nu siwo katã megblɔ ɖi ɖe anyigba ma ŋuti, nu siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me kple esiwo Yeremia gblɔ ɖi ɖe dukɔwo ŋuti la nava wo dzi. 14Woawo ŋutɔ la, dukɔ geɖewo kple fia xɔŋkɔwo awɔ wo kluviwoe. Maɖo eteƒe na wo ɖe woƒe nuwɔnawo nu kple nu siwo woƒe asiwo wɔ la ta.”
Mawu ƒe dɔmedzoekplu
15Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ nam nye esi: “Xɔ kplu si nye dɔmedzoewain yɔ la le asinye eye nàkpee na dukɔ siwo katã gbɔ madɔ wò ɖo la. 16Ne wonoe la, woazɔ sɔgɔsɔgɔ, eye woƒe tagbɔ atɔtɔ, le yi si maɖo ɖe wo dome la ta.” 17Ale mexɔ kplu la le Yehowa si eye mena dukɔ siwo katã gbɔ wòdɔm ɖo la noe.
18Ame siwo noe la woe nye Yerusalem nɔlawo, Yuda ƒe duwo, woƒe fiawo kple woƒe dumegãwo, be woagblẽ wo dome eye woazu ŋɔdzinu, fewuɖunu kple fiƒodenu abe ale si wole egbea ene.
19Bubuwoe nye Egipte fia, Farao, eŋutinɔlawo, eƒe dumegãwo kple eƒe dukɔmetɔwo, 20hekpe ɖe amedzro siwo katã le afi ma la ŋuti,
Uz fiawo katã,
Filistitɔwo ƒe fiawo katã esiwo tso Askelon, Gaza, Ekron, kpe ɖe ame siwo wogblẽ ɖe Asdod ŋu.
21Edom, Moab kple Amon;
22kpe ɖe Tiro kple Sidon fiawo katã ŋu, fia siwo tso ƒuta kple ƒugodo;
23Dedan Tema, Buz kpe ɖe didiƒetɔwo ŋu;
24Arabia fiawo katã kpe ɖe amedzrowo ƒe fia siwo le gbegbe la ŋu.
25Fia siwo katã le Zimri, Elam kple Media.
26Anyiehemefiawo katã, esiwo tso kpuiƒe kple didiƒe siaa. Wo katã noe ɖe wo nɔewo yome, ale fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la noe.
Ne wo katã noe vɔ la, ekema Sesak fia hã anoe.
27“Ekema gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Mino aha ne miamu, ne miaɖe xe eye miamu adze anyi be miagafɔ gbeɖe o, le yi si maɖo ɖe mia dome la ta.” ’ 28Ke ne wogbe be yewomaxɔ kplu la le asiwò ano o la, nàgblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “Ele na mi be mianoe!” 29Kpɔ ɖa, miedze egɔme le gbegblẽ hem va du si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la dzi eye wò ya nèsusu be magbe tohehe na yea? Nyemagbe tohehe na wò o, elabena medɔ yi ɖe anyigbadzitɔwo katã ŋu, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.’
30“Azɔ gblɔ nya siawo katã ɖi ɖe wo ŋu, nàgblɔ na wo be,
“Yehowa aɖe gbe tso dziƒo
eye aɖe gbe tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la.
Ate gbe sesĩe ɖe eƒe anyigba ŋuti.
Ado ɣli abe ame siwo le waintsetse fiam la ene
eye ado ɣli ɖe anyigbadzinɔlawo katã ŋuti.
31Hoowɔwɔ la aɖi le anyigba ƒe mlɔenuwo ke,
elabena Yehowa atsɔ nya ɖe dukɔwo ŋu,
ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ va amewo katã dzi
eye wòatsɔ ame vɔ̃ɖiwo ade asi na yi.”
Yehowae gblɔe.
32Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“Kpɔ ɖa, gbegblẽ le kakam tso dukɔ me yi dukɔ me.
Ahom sesẽ aɖe ho tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke.”
33Le ɣe ma ɣi la, ame siwo Yehowa wu la akaka ɖe afi sia afi, tso anyigba ƒe go sia dzi yi go kemɛ dzi. Womafa na wo alo aƒo wo ƒu alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba.
34Mi alẽkplɔlawo, mifa avi,
mido ɣli, mimli le ke me,
mi alẽha ƒe kplɔlawo.
Elabena miaƒe ɣeyiɣi de, be woawu mi,
miadze anyi agbã gudugudu abe tɔmedeze ene.
35Alẽkplɔlawo makpɔ teƒe aɖeke asi yi o,
eye alẽhawo ƒe kplɔlawo manya afi si woabe ɖo o.
36Se alẽkplɔlawo ƒe aviɣli ɖa;
ɖo to kplɔlawo ƒe ɣlidodo,
elabena Yehowa le woƒe lãnyiƒe la tsrɔ̃m.
37Gbe dama nyuiwo azu kuɖiɖinyigba
le Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la ta.
38Agblẽ eƒe ave ɖi abe dzata ene,
eye woƒe anyigba azu gbegbe
le ameteɖetola ƒe yi kple Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta.

¿Sabías que…?
Setenta años de exilio y la copa de la ira
- La profecía está fechada con precisión en el cuarto año del rey Joacim de Judá, coincidiendo con el primer año de Nabucodonosor, rey de Babilonia. Jeremías señala que había estado proclamando las advertencias de Dios continuamente durante veintitrés años, comenzando en el decimotercer año del rey Josías.Fuentes: el propio texto bíblico · Jeremiah · Jehoiakim · Nebuchadnezzar
- Este capítulo introduce la profecía de que Judá y las naciones vecinas servirían al rey de Babilonia durante setenta años. El texto también anuncia que, al cumplirse esos setenta años, la propia Babilonia y la tierra de los caldeos serían castigadas y quedarían desoladas.Fuentes: el propio texto bíblico · Babylon
- La visión del juicio se extiende mucho más allá de Judá mediante el símbolo de una copa de ira entregada a numerosos pueblos vecinos. Entre ellos figuraban Egipto, ciudades filisteas como Ascalón, Gaza y Asdod, así como vecinos regionales como Edom y Moab.Fuentes: el propio texto bíblico · Ashdod · Ashkelon · Gaza
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Babylon · 32.543, 44.422 · versículos 1, 9, 11, 12, 14
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 2, 18, 29
- Chaldea · 30.962, 46.104 · versículo 12
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 19, 20
- Ashdod · Hoy: Tel Ashdod · 31.757, 34.658 · versículo 20
- Ashkelon · Hoy: Tel Ashkelon · 31.664, 34.546 · versículo 20
- Ekron · Hoy: Tel Miqne · 31.777, 34.852 · versículo 20
- Gaza · Hoy: Tell Harube · 31.504, 34.464 · versículo 20
- Ammon · 31.955, 35.934 · versículo 21
- Edom · 30.746, 35.604 · versículo 21
- Moab · Hoy: Moab 1 · 31.181, 35.701 · versículo 21
- Sidon · Hoy: Sandikli archaeological site in Sidon · 33.561, 35.372 · versículo 22
- Tyre · 33.271, 35.196 · versículo 22
- Tema · Hoy: Tayma · 27.630, 38.552 · versículo 23
- Arabia · Hoy: Arabian Peninsula · 23.000, 46.000 · versículo 24
- Elam · 32.189, 48.258 · versículo 25
- Media · 34.806, 48.516 · versículo 25
- Sheshach · Hoy: Babylon · 32.543, 44.422 · versículo 26
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org