Nations Bible

Jueces 19

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Levitɔ aɖe kple eƒe ahiãvi

1Le ɣe ma ɣi me la, fia aɖeke menɔ Israel o.

Ŋutsu aɖe tso Levi ƒe viwo dome nɔ Efraim ƒe tonyigba dzi ƒe kɔƒe aɖe me. Etsɔ ahiãvi tso Betlehem le Yuda. 2Ke nyɔnuvi la do dɔmedzoe ɖe eŋu eye wòsi yi fofoa gbɔ le Betlehem, henɔ afi ma ɣleti ene. 3Ŋutsu sia kplɔ subɔla ɖeka kple tedzi eve yi be yewoable ahiãvi la nu akplɔe agbɔe. Esi woɖo Betlehem la, nyɔnuvi la xɔ wo nyuie eye wòɖe wo fia fofoa, ame si hã xɔ wo nyuie 4eye wòbia tso wo si be woanɔ yewo gbɔ vie. Ale wonɔ wo gbɔ ŋkeke etɔ̃ le dzidzɔ kple dzidzeme me. Woɖu nu, no nu eye wotsi afi ma dɔ ŋkeke etɔ̃.

5Le ŋkeke enelia gbe la, wofɔ kaba hedzra ɖo na dzodzo, ke nyɔnuvi la fofo zi wo dzi be woaɖu ŋdinu gbã. 6Ale wo kple eve la wonɔ anyi, eye woɖu nu, no nu ɖekae. Emegbe la nyɔnuvi la fofo gblɔ be, “Meɖe kuku tsi mía gbɔ egbe sia hã eye nàdo dzidzɔ na ɖokuiwò.” 7Ŋutsu la melɔ̃ ɖe edzi gbã o gake aƒea tɔ ƒoe ɖe enu va se ɖe esime wòlɔ̃. 8Esi ŋu ke la, wogafɔ kaba hena dzodzo gake nyɔnuvi la fofo gagblɔ nɛ be, “Miganɔ anyi egbea ko eye miadzo egbe fiẽ.” Ale woganɔ anyi, ɖu nu, no nu ŋkeke ɖeka kpee.

9Gbe ma gbe ɣetrɔ esi Levitɔ la kple eƒe ahiãvi la kple subɔla la nɔ dzadzram ɖo na dzodzo la, nyɔnuvi la fofo gagblɔ na wo be, “Zã do xoxo, miganɔ mía gbɔ zã sia hã; míagaɖu nu, miano nu, ekema miate ŋu adze mɔ ŋdi kanya.”

10Ke ŋutsu la melɔ̃ be yeagatsi anyi zã ma me o, ale wodze mɔ heɖo ta Yebus si woyɔna hã be Yerusalem kple eƒe tedzi eve siwo wodo agba na kple eƒe ahiãvi la. 11Esi woɖo afi ma la, subɔla la gblɔ nɛ be, “Zã do akpa na mɔzɔzɔ eya ta na míatsi afi sia adɔ.”

12Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ao, míayi amedzrowo ƒe du me, du si me tɔwo menye Israelviwo o. Míayi Gibea.” 13Eyi edzi be, “Mina míadze agbagba be míaɖo Gibea alo Rama eye míatsi teƒe mawo dometɔ ɖeka adɔ.”

14Ale woyi mɔzɔzɔ la dzi. Ɣe nɔ to ɖom esime wova ɖo Gibea, si nye Benyamin ƒe du sue aɖe me. 15Woɖo be yewoatsi afi ma adɔ, ke esi ame aɖeke mekpe wo be woava dze ye gbɔ o ta la, wodro ɖe dua ƒe ablɔme. 16Sẽe ko la, ŋutsu tsitsi aɖe tso agble gbɔ va yina aƒe me. Etso Efraim ƒe tonyigba dzi, ke fifia la ele Gibea, togbɔ be Gibea nɔ Benyamin ƒe anyigba dzi hã. 17Esi wòkpɔ be amedzroawo dro ɖe ablɔme la, ebia afi si wotso kple afi si woyina la wo.

18Levitɔ la ɖo eŋu be, “Míetso Betlehem le Yuda eye míeyina Efraim ƒe tonyigba dzi ƒe mlɔea nu te ɖe Silo ŋu. Ame aɖeke mekpe mí be míava dze ye gbɔ o, 19togbɔ be nuɖuɖu le mía si na míaƒe tedziwo eye nuɖuɖu kple wain hã sɔ gbɔ na nye ŋutɔ kple nye ahiãvi kple subɔla la hã hafi.”

20Ŋutsu tsitsi la gblɔ be, “Miva dze gbɔnye, menyo be miatsi ablɔme le afi sia o elabena mianɔ dedie o.”

21Ŋutsu tsitsi la kplɔ wo yi aƒe mee, ena nuɖuɖu woƒe tedziwo. Esi woklɔ woƒe afɔwo vɔ la, woɖu nu eye wono nu. 22Esi wonɔ dzidzɔ dom na wo ɖokui la, ŋutsu vlo aɖewo tso dua me va ƒo xlã aƒe la eye wonɔ ʋɔa ƒom sesĩe nɔ ɣli dom bobobo gblɔ na ŋutsu tsitsi la be, “Kplɔ ŋutsu si va dze aƒewò me la do goe ne míadɔ kplii.” 23Aƒea tɔ do ɖe wo ŋuti eye wògblɔ na wo be, “Ao, xɔ̃nyewo, migawɔ nu vɔ̃ɖi sia o. Esi ŋutsu sia nye nye amedzro ta la, migawɔ ŋukpenanu sia ɖe eŋuti o. 24Mina maɖe asi le vinye ɖetugbi si menya ŋutsu haɖe o kple ŋutsu la ƒe ahiãvi ŋuti na mi. Makplɔ wo do goe eye miate ŋu awɔ nu sia nu kpli wo, gake migawɔ nu vɔ̃ɖi, nyɔŋu sia tɔgbi ɖe ŋutsu sia ŋu o.”

25Ame vloawo meɖo toe o. Tete Levitɔ la he ahiãvi la do goe tso xɔ la me na wo. Ameawo wɔ fui, dɔ kplii ɖekaɖeka to zã blibo la me. Esi woɖe asi le eŋu mlɔeba le fɔŋli la, 26eyi eƒe aƒetɔ ƒe aƒe me, edze anyi ɖe aƒea ƒe mɔnu eye wòtsi afi ma va se ɖe esime ŋu ke nyuie. 27Esi Levitɔ la ʋu ʋɔa hena mɔdzedze la, ekpɔ eƒe ahiãvi la wòmlɔ anyigba le ʋɔtrua ŋgɔ, eye eƒe asiwo nɔ kpui dzi. 28Egblɔ nɛ be, “Tso mídzo,” gake meɖo nya la ŋu nɛ o. Tete ŋutsu la kɔe da ɖe eƒe tedzi dzi eye wolé aƒemɔ tsɔ. 29Esi wòɖo aƒe la, etsɔ hɛ fli eƒe ahiãvi la ɖe eƒe ƒunuɖeƒewo ɖe akpa wuieve me eye wòɖo akpa ɖeka ɖe Israel ƒe to ɖe sia ɖe. 30Ame sia ame si kpɔ nu sia la gblɔ be, “Womekpɔ nu sia tɔgbi kpɔ alo wòdzɔ kpɔ tso esime Israelviwo do go tso Egipte la o. Mibu eŋuti! Mide ŋugble le eŋuti! Migblɔ nu si míawɔ la na mí!”

¿Sabías que…?

Un Viajero en Guibeá

  • El levita decidió no pasar la noche en Jebús (Jerusalén) porque todavía era una ciudad cananea extranjera, y prefirió avanzar más al norte hasta Guibeá para quedarse entre compatriotas israelitas de la tribu de Benjamín.Fuentes: Jebus · el propio texto bíblico
  • En el mundo antiguo, los viajeros sin alojamiento previo solían esperar en la plaza pública a que algún habitante les ofreciera hospedaje. En Guibeá, ninguno de los residentes locales benjaminitas les brindó refugio, hasta que un anciano originario de la región montañosa de Efraín los invitó a su casa.Fuentes: el propio texto bíblico
  • La narración comienza señalando que en aquellos días no había rey en Israel. La violencia posterior en Guibeá desató una crisis nacional que casi condujo a la destrucción total de la tribu de Benjamín.Fuentes: Gibeah · el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Bethlehem · 31.704, 35.208 · versículos 1, 2, 3, 18
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 10
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 30

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.