Nations Bible

Jueces 18

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Dan ƒe viwo ɖo ŋkutsalawo ɖe gbedzi

1Fia aɖeke menɔ Israel ɣe ma ɣi o.

Dan ƒe to la nɔ teƒe aɖe dim be yewoanɔ elabena womenya amewo ɖa le anyigba si woma na wo la dzi haɖe o 2eya ta Dan ƒe to la tia kalẽtɔ atɔ̃ tso Zora kple Estaol duwo me be woayi aɖatsa ŋku le anyigba si dzi wodi be yewoanɔ la dzi. Esi wova ɖo Efraim ƒe tonyigba dzi la, wodze Mika ƒe aƒe me. 3Wolé to ɖe Levitɔ la ƒe gbegbɔgblɔ ŋu eye woɖe kpɔe hebiae be, “Nɔvi, nu ka wɔm nèle le afi sia? Afi ka nètso?” 4Egblɔ dɔ si wɔm wòle na Mika abe eƒe nunɔla ene la na wo.

5Wobia tso esi be, “Ekema bia Mawu be mɔ si dzi míele la adze edzi na mí mahã?”

6Nunɔla la ɖo eŋu be, “Miyi le ŋutifafa me, Yehowa le mia ta kpɔm.”

7Ale ame atɔ̃awo yi Lais du la me eye wokpɔ ale si ameawo le dedie le afi mae, abe Sidontɔwo ene. Woɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, wometsi dzi be dukɔ aɖeke aho aʋa ɖe yewo ŋu o elabena dukɔ sesẽ aɖeke menɔ nuto me ma o. Woƒe nɔƒe didi tso wo nɔvi Sidontɔwo gbɔ eye womedea ha kple du siwo te ɖe wo ŋu la o. 8Ale ŋkutsalawo trɔ yi wo nɔviwo gbɔ le Zora kple Estaol. Wobia wo be, “Aleke miedee eye nu kawo miekpɔ?”

9Ŋkutsalawo ɖo eŋu be, “Mina míaho aʋa ɖe wo ŋu! Míekpɔ anyigba la: enyo ŋutɔ. Migawɔ kuvia le anyigba la xɔxɔ ŋu o. 10Ne mieyi la, miakpɔ be ameawo le ŋutifafa me, anyigba la nyo eye wòlolo. Naneke mahiã mí le anyigba la dzi o, Mawu tsɔ anyigba la de asi na mí xoxo!”

11Ale ŋutsu alafa ade tso Dan ƒe to la me bla akpa eye wodze mɔ tso Zora kple Estaol. 12Gbã la, woƒu asaɖa anyi ɖe teƒe aɖe si nɔ Kiriat Yearim ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo le Yudanyigba dzi. Woyɔa teƒe sia egbegbe be, “Maham” si gɔmee nye “Dan ƒe Asaɖa.” 13Tso afi ma wolia to la yi Efraim to la ƒe anyigba dzi.

Woxɔ Mika ƒe legbawo eye wolé nunɔla la

14Esi wova to Mika ƒe aƒe ŋu yina la, ŋkutsala atɔ̃awo gblɔ na wo nɔviwo be, “Kɔmewu, aƒeli, aklamakpakpɛ kple legbawo le aƒe sia me. Eme kɔ ƒãa be mienya nu si wòle be miawɔ!”

15Ale woge ɖe Levitɔ ɖekakpui la ƒe aƒe me le Mika ƒe teƒe hedo gbe nɛ. 16Ame alafa ade tso Dan ƒe to la me, ame siwo bla akpa na aʋawɔwɔ la tsi tsitre ɖe agbo la nu. 17Ŋkutsala atɔ̃awo ge ɖe xɔ la me eye wolɔ aklamakpakpɛawo, kɔmewu la, aƒeli la kple legba la esime nunɔla la nɔ agbo la nu kple asrafo alafa ade (600) siwo kpla woƒe aʋawɔnuwo.

18Esi Levitɔ la kpɔ be wotsɔ nu siawo la, ebia wo be, “Nu ka wɔm miele?”

19Wogblɔ nɛ be, “Zi ɖoɖoe, mègagblɔ nya aɖeke o. Dze mía yome eye nànye fofo kple nunɔla na mí katã. Ɖe menyo be nànye nunɔla na Israel ƒe to blibo ɖeka wu nànye nunɔla na ame ɖeka pɛ ko ƒe aƒe oa?” 20Levitɔ la lɔ̃ be yeayi kpli wo, ale wòtsɔ kɔmewu la, aƒedomemawuwo kple aklamakpakpɛwo hedze wo yome. 21Wotsɔ woƒe viwo, woƒe lãhawo kple woƒe nunɔamesiwo ɖo ŋgɔ eye wotrɔ hedzo.

22Esi wogblẽ Mika ƒe aƒe ɖe megbe ʋɛe ko la, ŋutsu siwo nye Mika ƒe aƒelikawo la ƒo wo ɖokui nu ƒu eye wosi du va tu Dan ƒe viwo. 23Esi wole ɣli dom le wo yome la Dan ƒe viwo trɔ gblɔ na Mika be, “Nu kae le wɔwòm be nèyɔ wò amewo be woawɔ avu kpli mí?”

24Eɖo eŋu na wo be, “Mietsɔ mawu siwo mewɔ kple nye nunɔla dzoe. Nu kae gasusɔ ɖe asinye? Nu ka ŋutie miabiam be, ‘Nu kae le wɔwòm mahã?’ ”

25Dan ƒe to la ɖo eŋu be, “Mègahe nya kpli mí o, ne menye nenema o la, ame siwo doa dziku kabakaba la dometɔ aɖewo adze mia dzi eye wò kple wò aƒe miabu miaƒe agbe.” 26Ale Dan ƒe to la gaho ɖe edzi eye esi Mika kpɔ be ameawo sẽ wu ye akpa ta la, etrɔ dzo yi aƒe me.

27Dan to la tsɔ Mika ƒe legbawo eye wokplɔ eƒe nunɔla la va ɖo Lais. Lais dua me tɔwo nɔ anyi le ŋutifafa me eye womenya be naneke le dzɔdzɔm o. Wodze wo dzi kple yi eye wotɔ dzo woƒe dua. 28Kpeɖeŋutɔ aɖeke menɔ anyi axɔ na wo o elabena woƒe teƒea didi tso Sidon gbɔ eye womedo ka kple ame bubu aɖekewo hã o. Du la nɔ balime si te ɖe Bet Rehob ŋu.

Dan ƒe to la gbugbɔ du la tu nyuie eye wònɔ afi ma. 29Woyɔa du la tsã be Lais, ke Dan ƒe to la tsɔ wo fofo, Dan, Israel viŋutsu ƒe ŋkɔ nɛ. 30Wowɔ teƒe na legbawo eye wowɔ Gersom ƒe vi kple Mose ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si ŋkɔe nye Yonatan la kple via ŋutsuwo nunɔlawoe. Amewo tso ƒome sia me nye nunɔlawo va se ɖe esime woɖe aboyo anyigba la. 31Ale Dan ƒe to la subɔ Mika ƒe legbawo ŋkeke ale si Mawu ƒe agbadɔ la nɔ Silo.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

La migración de Dan y el santuario robado

  • En busca de un territorio propio, espías danitas encontraron Lais, un asentamiento tranquilo y aislado en el extremo norte, cerca de las fuentes del Jordán. Debido a que la ciudad carecía de alianzas militares y estaba lejos de la ciudad fenicia de Sidón, seiscientos guerreros danitas la capturaron e incendiaron con facilidad, reconstruyéndola con el nombre de Dan.Fuentes: el propio texto bíblico · Laish · Dan · Sidon
  • En su marcha hacia el norte, los danitas confiscaron la imagen tallada, el efod y los ídolos domésticos de Micaías, convenciendo a su joven sacerdote levita de unirse a ellos como sacerdote tribal. Al final del relato, el sacerdote es identificado como Jonatán, hijo de Gersón, descendiente de Moisés, cuya familia mantuvo este sacerdocio en el norte durante generaciones.Fuentes: el propio texto bíblico · Jonathan · Gershom · Micah
  • Los seiscientos guerreros danitas se movilizaron desde las ciudades de Zora y Estaol. Su campamento temporal al oeste de Quiriat-jearim, en el territorio de Judá, pasó a llamarse Mahaneh-dan, que significa 'Campamento de Dan'.Fuentes: el propio texto bíblico · Mahaneh-dan · Zorah · Eshtaol

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Aram · 33.511, 36.306 · versículos 7, 28
  • Dan · Hoy: Tel Dan · 33.249, 35.652 · versículos 7, 14, 27, 29
  • Sidon · Hoy: Sandikli archaeological site in Sidon · 33.561, 35.372 · versículos 7, 28
  • Kiriath-jearim · Hoy: Deir el Azar · 31.809, 35.104 · versículo 12
  • Shiloh · Hoy: Khirbet Seilun · 32.056, 35.290 · versículo 31

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.