Nations Bible

Ezequiel 45

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Anyigba la mama

1“ ‘Ne miema anyigba la abe domenyinu ene la, ele be miana anyigba la ƒe akpa aɖe Aƒetɔ Yehowa abe teƒe kɔkɔe ene, wòadidi mita akpe wuietɔ̃ (13,000) wòakeke mita akpe wuiɖeke (11,000), eye teƒe la katã nanye teƒe kɔkɔe. 2Eƒe akpa aɖe si ƒe didime kple kekeme siaa anye mita alafa eve blaade-vɔ-atɔ̃ (265), anye kɔkɔeƒe la tɔ, eye woaɖe mita blaeve-vɔ-adre le eŋu aƒo xlãe godoo hena gbadzaƒe la. 3Le anyigba la ƒe teƒe kɔkɔe la ŋu la, midzidze akpa aɖe wòadidi mita akpe wuietɔ̃ (13,000), eye wòakeke mita akpe atɔ̃ alafa etɔ̃ (5,300). Afi siae Kɔkɔeƒe si nye Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la anɔ. 4Anye anyigba la ƒe akpa kɔkɔe na nunɔlawo, ame siwo wɔa subɔsubɔdɔwo le Kɔkɔeƒe la, eye wotena vana be woasubɔ le Yehowa ŋkume. Anye teƒe na woƒe aƒewo kple Kɔkɔeƒe la siaa. 5Teƒe aɖe si adidi mita akpe wuietɔ̃ (13,000), eye wòakeke mita akpe atɔ̃ alafa etɔ̃ (5,300) la, anye Levitɔ siwo subɔna le gbedoxɔ me la tɔ be woanɔ le duwo me.

6“ ‘Ele na mi be miatsɔ anyigba si keke mita akpe eve alafa adre (2,700), eye wòdidi mita akpe wuietɔ̃ alafa atɔ̃ (13,000) la ana du gã la abe etɔ ene, eye wòatɔ ɖe teƒe kɔkɔe la ŋu. Anye Israel ƒe aƒe blibo la tɔ.

7“ ‘Fiaviŋutsu la axɔ anyigba le teƒe kɔkɔe la kple du gã la ƒe anyigba dome. Aɖo ta ɣetoɖoƒe lɔƒo tso ɣedzeƒekpa dzi, eye eƒe didime ato ɣetoɖoƒekpa dzi ayi ɣedzeƒeliƒo la dzi anɔ axadzi na to ɖeka ƒe anyigba. 8Teƒe sia anye etɔ le Israel. Nye fiaviŋutsuwo magate nye amewo ɖe to o, ke boŋ woaɖe mɔ na Israel ƒe aƒe la be anyigba la nanye wo tɔ le woƒe towo nu.

9“ ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esɔ gbɔ na mi azɔ, O! Israel ƒe fia ŋutsuviwo! Miɖe asi le miaƒe nuveviwɔame kple miaƒe ameteteɖeto ŋuti, miawɔ nu si le dzɔdzɔe, eye wònyo. Midzudzɔ nuwo xɔxɔ le nye amewo si,” Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 10Ele na mi be miawɔ nudanu dzɔdzɔewo ŋu dɔ, nudanu kple nudzidzenu si de. 11Lolome ɖeka nanɔ dzidzenu si wotsɔ dzidzea nu siwo menye tsinuwo o kple dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinuwo la si. Dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinuwo la nanye galɔn ene eye dzidzenu si wotsɔ dzidzea nu siwo menye tsinuwo o la hã nanye galɔn ene eye wòanye dzidzenu ɖeka si dzi woda asi ɖo la na dzidzenu eveawo. 12Woada ga home ɖe sia ɖe woasɔ ɖe dzidzenu.

Vɔsawo kple ŋkeke kɔkɔewo

13“ ‘Esiae nye nu tɔxɛ si miana, lu kilogram etɔ̃ tso lu kotoku ɖe sia ɖe me kple ƒo kilogram eve tso ƒo kotoku ɖe sia ɖe me. 14Woadzidze ami si woana la kple dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinu, eye woanye dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinuwo la ƒe si nye galɔn ene. 15Kpe ɖe esiawo ŋu la, woana alẽ ɖeka tso alẽ alafa eve ƒe alẽha me tso gbeɖuƒe siwo tsi bɔ ɖo le Israel. Woawɔ esiawo ŋu dɔ hena nuɖuvɔsawo, numevɔsawo kple akpedavɔsawo, be woalé avu ɖe ameawo nu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 16Anyigba la dzi tɔwo katã ana nunana tɔxɛ sia hena Israel ƒe fiaviŋutsu la ƒe ŋu dɔ wɔwɔ. 17Anye fiaviŋutsu la ƒe dɔdeasi be wòana nu hena numevɔsawo, nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo le Ɣleti Yeye kple Dzudzɔgbewo ƒe ŋkekenyuiwo dzi, hekpe ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe ŋkekenyui ɖoɖiwo ŋuti. Ana nu hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo, nuɖuvɔsawo, numevɔsawo kple akpedavɔsawo ne woalé avu ɖe Israel ƒe aƒe la nu.

18“ ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Le ɣleti gbãtɔ me, le ŋkeke gbãtɔa gbe la, ele na mi be miatsɔ nyitsu fɛ̃ ɖeka si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la, eye miakɔ Kɔkɔeƒe la ŋu. 19Nunɔla la aku nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã la ƒe ʋu aɖe asisi ɖe gbedoxɔ la ƒe ʋɔtrutiwo ŋu kple vɔsamlekpui la ƒe kɔwo ƒe dzogoe eneawo ŋu kple xɔxɔnu emetɔ ƒe agbonutiwo ŋu. 20Ele na mi be miagawɔ nu mawo ke le ɣleti la ƒe ŋkeke adrelia gbe na ame sia ame si awɔ nu vɔ̃ maɖowɔ aɖe alo ato manyamanya me la ta. Ale miawɔ avuléle ɖe gbedoxɔ la nu.

21“ ‘Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe la, miaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la, ŋkekenyui si axɔ ŋkeke adre, ŋkeke siwo me miaɖu abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã. 22Gbe ma gbe la, fiavi ŋutsuvi la ana nyitsu ɖeka hena nuvɔ̃ŋutivɔsa ɖe eɖokui kple ame siwo katã le anyigba la dzi la ta. 23Gbe sia gbe le ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo me la, ana nyitsu adre kple agbo adre siwo ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la, hena numevɔsa na Yehowa, eye wòagana gbɔ̃tsu ɖeka hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. 24Ana nuɖuvɔsa bli agba ɖeka kpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu eye agba ɖeka kpe ɖe agbo ɖe sia ɖe ŋu, eye wòana ami lita ene kpe ɖe agba ɖe sia ɖe ŋu.

25“ ‘Le ŋkekenyui si dzea egɔme le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia gbe ƒe ŋkeke adreawo me la, agana nu mawo ke kple ami hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo, numevɔsawo kple nuɖuvɔsawo.’ ”

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

La porción santa de la tierra y el liderazgo justo

  • La visión describe un distrito sagrado dedicado al santuario, con tierras asignadas para los sacerdotes, los levitas y la ciudad, flanqueado por propiedades para el príncipe con el fin de evitar que los gobernantes despojaran u oprimieran al pueblo.Fuentes: el propio texto bíblico
  • El texto exige prácticas comerciales justas al estandarizar las medidas, fijando tanto el bato para líquidos como el efa para granos en una décima parte del homer, y definiendo la mina como sesenta siclos.Fuentes: el propio texto bíblico
  • En lugar de exigir sacrificios para su propio provecho, el príncipe tiene la responsabilidad de proveer las ofrendas comunitarias de grano, aceite y animales para las festividades señaladas, los días de reposo y la Pascua.Fuentes: el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Most Holy Place · Hoy: on Mount Moriah · 31.778, 35.236 · versículo 3

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.