Ezequiel 32
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Konyifaha aɖe tso Farao ŋu
1Le ƒe wuievelia ƒe ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Yehowa ƒe gbe va nam be, 2“Ame vi, kpa konyifaha aɖe tso Farao, Egipte fia ŋu, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Èle abe dzata ene le dukɔwo dome, èle abe lã dziŋɔ aɖe ene le atsiaƒuwo me. Èle tsi ƒum le wò tɔsisiwo me,
“ ‘Èle tsi la trom kple wò afɔwo,
Eye nèna ba ge ɖe tsiawo me.
3“ ‘Aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi,
“ ‘Ameha gã aɖe akpe ɖe ŋunye,
Mada nye ɖɔ ɖe dziwò,
Eye woahe wò ava gota le nye ɖɔ me.
4Matsɔ wò aƒu gbe ɖe anyigba dzi,
Eye mada wò ɖe gbedzi,
Mana dziƒoxeviwo katã nadze ɖe dziwò,
Eye anyigbadzilã wɔadãwo katã
Nanya avuzi le dziwò.
5Makaka wò ŋutilã ɖe toawo dzi,
Eye mana balimewo nayɔ fũu kple wò kukua.
6Mana wò ʋu natsa le anyigba la dzi,
Ayi keke toawo te ke,
Eye balimewo ayɔ fũu kple wò ŋutilã.
7Ne mena nuwò yi la,
Matsyɔ nu dziƒo nu.
Mana woƒe ɣletiviwo nado viviti.
Matsɔ lilikpo atsyɔ ɣe ŋkume,
Eye ɣleti magana kekeli o.
8Dziƒokaɖi keklẽwo katã,
Mana woado viviti ɖe dziwò.
Mahe viviti ava wò anyigba dzi,
Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
9Maɖe fu na dukɔ geɖewo ƒe dzi,
Ne mehe wò tsɔtsrɔ̃ vɛ,
Le dukɔwo dome.
Le anyigba siwo mènya o la dzi.
10Mana dukɔ geɖewo ƒe nu naku ɖe tawò,
Eye woƒe fiawo nadzo nyanyanya
Kple vɔvɔ̃ ɖe tawò,
Ne menye nye yi le yame le woƒe ŋkume.
Le wò anyidzedze ƒe ŋkeke la dzi la,
Wo dometɔ ɖe sia ɖe adzo nyanyanya
Ɣeawo katã ɣi ɖe eƒe agbe ta.
11“ ‘Elabena aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔ,
“ ‘Babilonia fia ƒe yi
Ado ɖe ŋuwò.
12Mana wò amewo natsi ame sesẽwo,
Ame siwo sẽa ŋuta wu
Le dukɔwo katã dome la ƒe yinu.
Woatsi Egipte ƒe dada nu,
Eye woaɖu eƒe ame gbogboawo dzi.
13Matsrɔ̃ eƒe nyiwo katã
Tso tsi gãwo to,
Tsi gã siwo ame ƒe afɔ magablu o,
Eye nyiwo ƒe afɔwo magablu ba ɖe wo me o.
14Ekema mana eƒe tsiwo nadze anyi,
Eye mana woatsa abe ami ene.’
Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
15“Ne mena Egipte zu gbegbe,
Meɖe nu sia nu si le edzi ɖa,
Eye meƒo ame siwo katã le edzi ƒu anyi la,
Ekema woanya be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.
16“Esiae nye konyifaha si woadzi nɛ. Dukɔawo ƒe vinyɔnuviwo adzii nɛ. Woadzii na Egipte kple eƒe amewo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
17Le ƒe wuievelia ƒe ɣletia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, 18“Ame vi, fa avi ɖe Egipte ƒe ame gbogboawo ŋu, eye nàna woayi tome, Egipte kple dukɔ sesẽwo ƒe vinyɔnuviwo kple ame siwo yi aʋlime. 19Gblɔ na wo be, ‘Ɖe wònyo na mi wu ale si wònyo na ame bubuwoea? Miyi tome, eye miamlɔ bolotɔwo dome.’ 20Woamlɔ ame siwo tsi yinu la dome. Wolé yi la ɖe asi, mina woakplɔe adzoe kple eƒe ame gbogboawo. 21Le yɔdo la me la, kplɔla ŋusẽtɔwo agblɔ tso Egipte kple ame siwo wòtsɔ aʋae la ŋu be, ‘Wova ɖo tome, eye woamlɔ bolotɔwo, ame siwo tsi yinu la dome.’
22“Asiria le afi ma kple eƒe aʋakɔ blibo la; eƒe ame siwo wowu la ƒe yɔdowo ƒo xlãe, ame siwo katã tsi yinu. 23Woƒe yɔdowo le do la ƒe gogloƒe, eye eƒe aʋakɔ la ƒo xlã yɔdo la. Wowu ame siwo katã do ŋɔdzi na agbagbeawo ƒe anyigba, wotsi yi nu.
24“Elam le afi ma, eye eƒe amehawo katã ɖe to ɖe eƒe yɔdo, Ame tsiaʋawo sɔŋ wonye, eye wotsi yinu, wonye bolotɔwo yi tsiẽƒe, woawoe de ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi; azɔ ŋu akpe wo akpe ɖe aʋlimeyilawo ŋu. 25Wotsɔ eya kple eƒe amehawo katã mlɔ Ame tsiaʋawo dome, woƒe yɔdowo ɖe to ɖee, bolotɔwo sɔŋ wonye, eye woda yi wo, elabena wode ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi; azɔ ŋu akpe wo akpe ɖe aʋlimeyilawo ŋu; Ame tsiaʋawo dome wokɔ wo mlɔe.
26“Mesek kple Tubal le afi ma kple woƒe ame gbogboawo katã, ƒo xlã yɔdoawo. Wo katã wonye bolotɔwo, wowu wo kple yi, elabena wokaka woƒe ŋɔdzidoname ɖe agbagbeawo ƒe anyigba dzi. 27Ɖe womemlɔ aʋawɔla bubuawo, ame siwo nye bolotɔwo dome, ame siwo ku, woyi yɔdo la me kple woƒe aʋawɔnuwo, ame siwo ƒe yi wotsɔ da ɖe woƒe ta te oa? Woƒe nu vɔ̃wo ƒe tohehe le woƒe ƒuwo dzi togbɔ be aʋawɔla siawo ƒe ŋɔdzidoname xɔ agbagbeawo ƒe anyigba dzi hã.
28“Wò hã, O! Farao, woagbã wò gudugudu, eye nàmlɔ bolotɔwo kple ame siwo tsi yinu la dome.
29“Edom le afi ma, eƒe fiawo kple fiaviŋutsuwo katã. Togbɔ be wonye ŋusẽtɔwo hã la, wotsɔ wo mlɔ ame siwo tsi yinu la dome. Womlɔ bolotɔwo kple ame siwo yi aʋlime la dome.
30“Anyiehe fiaviwo katã kple Sidontɔwo katã le afi ma. Woyi aʋlime kple ŋukpe kple ame siwo wowu le ŋɔdzi si woƒe ŋusẽ do na amewo megbe. Womlɔ anyi aʋamatsomatsoe kple ame siwo yi aʋlime.
31“Farao, eya kple eƒe aʋakɔ blibo la, akpɔ wo, eye woafa akɔ na wo le woƒe ame gbogbo siwo tsi yi nu la ta. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 32Togbɔ be meɖe mɔ, wòdo ŋɔdzi na amewo le agbagbeawo ƒe anyigba dzi hã la, woakɔ Farao kple eƒe ame gbogboawo katã amlɔ bolotɔwo kple ame siwo tsi yinu la dome.” Aƒetɔ Yehowa gblɔe.
¿Sabías que…?
Un lamento fúnebre por Egipto y los imperios caídos
- Ezequiel presenta un lamento visionario donde Egipto desciende al inframundo (el Seol o la Fosa) para unirse a una asamblea de imperios caídos. Entre ellos figuran Asiria, Elam al este de Babilonia, Mesec y Tubal de las regiones del norte, y Edom, todos representados en sus tumbas tras haber dominado el mundo antiguo.Fuentes: el propio texto bíblico · Elam · Meshech · Edom
- El poema refleja antiguas costumbres de entierro militar, mencionando guerreros ilustres sepultados con honores, con sus espadas colocadas bajo sus cabezas y sus escudos sobre sus huesos, en contraste con quienes mueren en deshonra.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 2, 12, 14, 15, 16, 18, 19, 20, 21, 28
- Babylon · 32.543, 44.422 · versículo 11
- Assyria · 36.359, 43.153 · versículo 22
- Elam · 32.189, 48.258 · versículos 24, 25
- Meshech · Hoy: about 200 km around Gordion · 39.655, 31.994 · versículo 26
- Edom · 30.746, 35.604 · versículo 29
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org