Nations Bible

Ezequiel 31

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Sedati aɖe le Lebanon

1Le ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti etɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, 2“Ame vi, gblɔ na Farao, Egipte fia kple eƒe ame gbogboawo be,

“Ame kae woate ŋu atsɔ asɔ kple wò le fianyenye me?

3Bu Asiria ŋu kpɔ. Enye sedati kpɔ le Lebanon.

Eƒe atilɔ dzeaniwo keke tsyɔ ave la dzi.

Ekɔ nyuie, kɔ wu ati bubuawo

4Tsiwo na nunyiamewoe,

tsitsetse goglowo na wòkɔ,

woƒe tɔsisiwo tsa ƒo xlã ete,

eye wodo eƒe alɔdzewo ɖe ati

siwo katã le gbedzi la gbɔ.

5Ale wògakɔ ɖe edzi wu ati bubuwo katã le gbea dzi.

Eƒe alɔwo sɔ gbɔ ɖe edzi,

eye eƒe alɔdzewo didi hekla ɖe tsi ƒe agbɔsɔsɔ ta.

6Dziƒoxeviwo katã wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo dzi,

gbemelãwo katã dzi vi ɖe eƒe alɔwo te,

eye dukɔ gãwo katã nɔ eƒe vɔvɔli te.

7Eɖi fia le eƒe nyonyo me,

le eƒe alɔwo ƒe keke ta,

elabena eƒe kewo le tsi sɔgbɔ me.

8Sedati siwo nɔ Mawu ƒe abɔ me la

mete ŋu ke ɖi kplii o,

sesewu ƒe alɔwo mete ŋu de etɔwo nu o,

eye womate ŋu atsɔ xetiwo

ƒe alɔwo asɔ kple etɔwo o.

Ati siwo katã nɔ Mawu ƒe abɔ me la,

mede enu le nyonyo me o.

9Mewɔe wònyo kple eƒe alɔdze geɖewo,

eye wònye ŋubiã na ati siwo katã nɔ Edenbɔ,

Mawu ƒe abɔ la me.

10“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi wòkɔ bobobo wu ati bubuwo, eye wòdana le eƒe kɔkɔ ta la, 11metsɔe de asi na dukɔwo dziɖula be wòatu nu kplii ɖe eƒe ŋutasesẽ ta. Meɖee ɖe aga, 12eye amedzro dukɔ si mekpɔa nublanui kura o la tsɔe ƒu anyi hedzo le egbɔ. Eƒe alɔdzewo dze towo kple balimewo katã dzi; eƒe alɔdzewo ŋe, kaka ɖe anyigba la katã dzi. Dukɔwo katã le anyigba dzi do le eƒe vɔvɔli te, eye wogblẽe ɖi. 13Dziƒoxeviwo katã dze ɖe ati si mu la dzi, eye gbemelãwo katã nɔ eƒe alɔdzewo dome. 14Eya ta ati bubu siwo le tsiwo to la dometɔ aɖeke magada le eƒe kɔkɔ ta o, eye woƒe ɖɔme magakɔ wu avemeti bubuawo tɔwo o. Ati bubu siwo le tsiwo to la magade dzi nenema o. Ele na wo katã be woaku kokoko ayi tome, anɔ ame kukuwo dome kple ame siwo ayi aʋlime.’

15“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Gbe si gbe wokɔe de yɔdo me la, mena tsi dzidzi goglowo fa konyi ɖe wo ta. Eya ta meda viviti ɖe Lebanon dzi, eye ati siwo katã le gbedzi la ku. 16Mena eƒe anyidzedze ƒe ɖiɖi na dukɔwo dzo nyanyanya, esi mena wòge ɖe yɔdo me kple ame siwo yi aʋlime. Ekema atiwo katã le Eden, Lebanon ƒe ati nyuitɔwo, ati siwo katã ŋu tsi nɔ nyuie, wofa akɔ na wo katã le aʋlime. 17Ame siwo nɔ eƒe vɔvɔli te, ame siwo wòtsɔ aʋae le dukɔwo dome la, hã yi yɔdo me kplii, kpe ɖe ame siwo tsi yinu la ŋuti.

18“ ‘Ati siwo nɔ Eden la dometɔ kae woatsɔ asɔ kpli wò le nyonyo kple fianyenye me? Ke woatsɔ wò hã akpe ɖe Eɖen ƒe atiwo ŋuti ade yɔdo me. Ànɔ aʋamatsomatsotɔwo dome, akpe ɖe ame siwo tsi yinu la ŋuti.

“ ‘Ame siawoe nye Farao kple eƒe ame gbogboawo’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

El cedro caído del Líbano

  • Ezequiel emplea la metáfora de un imponente cedro del Líbano —una célebre cordillera en Siria— para ilustrar la grandeza y el repentino colapso del imperio asirio como advertencia directa al faraón y a Egipto.Fuentes: el propio texto bíblico · Lebanon · Assyria · Pharaoh
  • La alegoría describe el majestuoso árbol como superior en altura y esplendor a todos los árboles del jardín de Dios, o Edén, una antigua región fértil situada a lo largo de los grandes ríos de Asia occidental.Fuentes: el propio texto bíblico · Eden
  • A causa de su orgullo, el gran árbol es talado por despiadados conquistadores extranjeros y arrojado al Seol, demostrando que ningún imperio o gobernante terrenal está exento de la mortalidad y del juicio.Fuentes: el propio texto bíblico · Pharaoh

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 2, 10, 18
  • Assyria · 36.359, 43.153 · versículos 3, 15
  • Lebanon · 33.540, 35.584 · versículos 3, 15, 16

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.