Nations Bible

Ezequiel 18

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Luʋɔ si wɔ nu vɔ̃ la aku

1Yehowa ƒe nya va nam. 2“Nya ka gblɔm amewo le ne wodo lo sia tso Israel ŋu be,

“ ‘Fofowo ɖu waintsetse gbogbowo,

eye aɖu nyɔ wo viwo?’ ”

3“Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, ‘Zi ale si mele agbe la, miagado lo sia le Israel o. 4Elabena luʋɔ ɖe sia ɖe nye tɔnye, fofo kple vi, wo ame eveawo siaa nye tɔnye. Luʋɔ si wɔ nu vɔ̃ lae aku!’

5“Le kpɔɖeŋu me, ne ame dzɔdzɔe aɖe li,

si wɔa nu dzɔdzɔe, eye wole eteƒe

6Meɖua nu le nuxeƒewo, le tawo dzi loo

alo kpɔa Israel ƒe aƒe ƒe legbawo dzi ɖa o.

Medɔa nɔvia srɔ̃ gbɔ o.

Alo dɔa nyɔnu gbɔ ne ekpɔ dzinu o.

7Metea ame aɖeke ɖe to o.

Ke egbugbɔa awɔbanu si wòxɔ ɖe fe nu la na nutɔ.

Medaa adzo ame o, ke boŋ enaa eƒe nuɖuɖu dɔwuitɔ,

eye wònaa nutata amamanɔla.

8Medoa ga, xɔa deme ɖe edzi o,

alo baa ame o.

Eɖea eƒe asi ɖa le nu vɔ̃ wɔwɔ me,

eye wòdrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe

le ame kple ehavi dome.

9Ezɔna ɖe nye ɖoɖowo nu,

eye wòwɔa nye seawo dzi nyateƒetɔe.

Ame ma nye ame dzɔdzɔe,

eye wòanɔ agbe godoo.”

Aƒetɔ Yehowae gblɔe.

10“Le kpɔɖeŋu me, ne viŋutsu sẽŋuta aɖe le esi, ame si kɔa ʋu ɖi, eye wòwɔa nu vɔ̃ bubu siawo dometɔ aɖe, 11togbɔ be fofoa ya mewɔa nu vɔ̃ siawo dometɔ aɖeke o hã. Eɖua nu le nuxeƒewo le towo dzi, Edɔna kple nɔvia srɔ̃.

12“Etea ame dahewo kple hiãtɔwo ɖe to.

Edaa adzo ame.

Megbugbɔa awɔbanu na nutɔ o.

Ekpɔa legbawo dzi ɖa.

Ewɔa ŋukpenanuwo.

13Edoa ga, xɔa deme ɖe edzi, eye wòbaa ame.

Ame sia tɔgbi anɔ agbea? Manɔ agbe o. Esi wòwɔ ŋunyɔnu siawo katã ta la, woawui godoo, eye eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi.

14“Ke ne viŋutsu sia dzi viŋutsu, ame si kpɔa nu vɔ̃ siwo katã fofoa wɔna, gake togbɔ be ekpɔ fofoa ƒe nu vɔ̃wo hã la, mewɔa nu vɔ̃ ma tɔgbiwo o.

15“Meɖua nu le nuxeƒewo, le towo dzi o,

alo kpɔa Israel ƒe aƒe ƒe legbawo dzi ɖa o.

Medɔa ehavi srɔ̃ gbɔ o.

16Metea ame aɖeke ɖe to o,

eye mexɔa awɔbanu hafi doa ga na ame o.

Medaa adzo ame o,

ke boŋ enaa eƒe nuɖuɖu dɔwuitɔwo,

eye wònaa nutata amamanɔlawo.

17Eɖea eƒe asi ɖa le nu vɔ̃ wɔwɔ me,

eye mexɔa deme alo baa ame o.

Ewɔa nye sewo dzi, eye wòzɔna ɖe nye ɖoɖowo nu.

Maku ɖe fofoa ƒe nu vɔ̃wo ta o; anɔ agbe godoo. 18Ke fofoa ya aku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta, elabena exɔa nu sesẽtɔe le ame si, daa adzo nɔvia, eye wòwɔa nu si gblẽ la le eƒe amewo dome.

19“Ke miebia be, ‘Nu ka ta viŋutsu maxɔ fofoa ƒe nu vɔ̃ ƒe akpa aɖe o?’ Esi viŋutsu la wɔ nu si le dzɔdzɔe, henyo, eye wòkpɔ egbɔ be yelé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi ta la, anɔ agbe godoo. 20Luʋɔ si wɔ nu vɔ̃ lae aku. Viŋutsu la maxɔ fofoa ƒe nu vɔ̃ ƒe akpa aɖeke o. Woatsɔ ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye ana eya ŋutɔ, eye woatsɔ ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ nɛ.

21“Ke ne ame vɔ̃ɖi aɖe ɖe asi le nu vɔ̃ siwo katã wòwɔ la ŋuti, eye wòlé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi, eye wòwɔ nu si dzɔ, henyo la, anɔ agbe godoo; maku o. 22Womagaɖo ŋku nu vɔ̃ siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke dzi ɖe eŋu o. Le nu nyui siwo wòwɔ ta la, anɔ agbe. 23Ɖe mekpɔa dzidzɔ le ame vɔ̃ɖi ƒe ku ŋutia? Ke boŋ ɖe nyemekpɔa dzidzɔ ne wotrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi henɔ agbe nyui oa?” Nenemae Aƒetɔ Yehowa gblɔ.

24“Ke ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu vɔ̃ kple ŋukpenanu siwo ame vɔ̃ɖiwo wɔna la, ɖe wòanɔ agbea? Womagaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke dzi o. Le nuteƒe si mewɔ o kple nu vɔ̃ siwo wòwɔ ta la, aku.

25“Ke miegblɔna be, ‘Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o.’ ” See, O! Israel ƒe aƒe. Ɖe nye mɔ mele eteƒe oa? Menye miawo boŋ ƒe mɔwoe mele eteƒe oa? 26Ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu vɔ̃ la, aku le eta. Le nu vɔ̃ si wòwɔ ta la, aku. 27Ke ne nu vɔ̃ wɔla aɖe ɖe asi le eƒe nu vɔ̃ siwo wòwɔ ŋu, eye wòwɔ nu si dzɔ, eye wònyo la, aɖe eƒe agbe. 28Esi wòbu nu vɔ̃ siwo katã wòwɔ ŋu, eye wòɖe asi le eŋu ta la, anɔ agbe godoo; maku o. 29Ke Israel ƒe aƒe le gbɔgblɔm be, “Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o?” Menye miawo ƒe mɔwo boŋue mele eteƒe oa?

30Eya ta Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, “O! Israel ƒe aƒe, esia ta madrɔ̃ ʋɔnu mi, ame sia ame ɖe eƒe mɔwo nu. Mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe dzidadawo katã ŋuti, ekema nu vɔ̃ manye miaƒe anyidzedze o. 31Miɖe miaƒe nu vɔ̃ siwo katã miewɔ la ɖa le mia ɖokuiwo ŋu, eye miaxɔ dzi yeye aɖe kple gbɔgbɔ yeye aɖe. Nu ka ta miaku, O! Israel ƒe aƒe? 32Elabena nyemekpɔa dzidzɔ le ame aɖeke ƒe ku ŋuti o. Mitrɔ dzi me ne mianɔ agbe. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Responsabilidad individual y arrepentimiento

  • El proverbio popular sobre los padres que comieron uvas agrias y los dientes de los hijos sufriendo la dentera reflejaba la creencia fatalista de que esa generación era castigada únicamente por las faltas de sus antepasados. El capítulo rechaza este dicho y afirma el principio de que cada individuo es responsable de sus propias decisiones morales.Fuentes: el propio texto bíblico
  • Para ilustrar la responsabilidad individual, el texto examina tres generaciones sucesivas: un padre justo, un hijo violento y un nieto íntegro. El mensaje destaca que ni la justicia ni la culpa se heredan, y que incluso una persona malvada que se arrepiente vivirá, pues Dios no se complace en la muerte de nadie.Fuentes: el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.