Nations Bible

Ezequiel 17

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Adzototo le David ƒe aƒe la ŋuti

1Yehowa ƒe nya va nam be, 2“Ame vi, to adzo, eye nàgblɔ lododo aɖe na Israel ƒe aƒe la. 3Gblɔ na wo be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. Hɔ̃ lolo aɖe si ŋu aʋala sesẽ siwo ŋu fu didiwo le, eye wòto fu amadede vovovowo la, va Lebanon. Esi wòdze ɖe sedati aɖe tame la, 4eŋe eƒe ɖɔme hetsɔ yi asitsalawo ƒe anyigba dzi, eye wòdoe ɖe asitsalawo ƒe du gã aɖe me.

5“ ‘Etsɔ miaƒe anyigba ƒe ku aɖe, eye wòdoe ɖe anyigba nyui aɖe dzi. Edoe abe amuti ene ɖe afi si tsi sɔ gbɔ ɖo. 6Ati la dze, eye wòzu wainti kpehe aɖe si ƒe alɔwo vu. Eƒe alɔwo trɔ ɖo ɖe egbɔ, ke eƒe kewo ya nɔ ete. Ale wòzu wainti toalɔwo, eye aŋugbawo vu ɖe eŋu.

7“ ‘Ke hɔ̃ gã bubu aɖe li, si ŋu aʋala sesẽ nɔ, eye wòto fu kpoyo. Wainka la trɔ eƒe kewo ɖo ɖe egbɔ tso afi si wodoe ɖo, eye wòkeke eƒe aʋalawo hena tsii. 8Wodoe ɖe anyigba nyui aɖe si dzi tsi bɔ ɖo, ale be wòato alɔ, atse ku, eye wòazu wainti nyui aɖe.’

9“Gblɔ na wo be, Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ɖe wòava eme nenema? Ɖe womahoe, eye woagbe eƒe kutsetsewo, ale be wòaku oa? Eƒe alɔ yeyewo katã aku. Menye abɔ sesẽ aɖe alo ame geɖewoe ahoe kple ke o. 10Ne woahoe ado gɔ̃ hã ɖe, adzea? Ɖe maku keŋkeŋ ne ɣedzeƒeya ƒo lɔe oa? Ɖe maku le afi si wòtsi le oa?’ ”

11Eye Yehowa ƒe nya va nam be, 12“Gblɔ na ƒome dzeaglã la be, ‘Ɖe miese nu siawo gɔme oa?’ Gblɔ na wo be, ‘Babilonia fia yi Yerusalem, eye wòkplɔ eƒe fia kple bubumewo yi Babilonia. 13Elé fiaƒomea me tɔ aɖe, wɔ nubabla kplii, eye wòka atam nɛ. Ekplɔ anyigba la ƒe ame ŋkutawo dzoe, 14ale be wòate fiaɖuƒe la ɖe to, magate ŋu afɔ o, eye wòatsi agbe ne ewɔ nubabla la dzi ko. 15Ke fia la dze aglã ɖe eŋu esi wòɖo eƒe amewo ɖe Egipte be woaxɔ sɔwo kple aʋakɔ gã aɖe vɛ. Adze edzi nɛa? Ɖe ame si wɔ nu sia tɔgbi la ate ŋu asia? Ɖe wòatu nubabla la, gake ate ŋu asia?’

16“Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, ‘Zi ale si mele agbe la, aku ɖe Babilonia, ɖe fia si ɖoe zi dzi la ƒe anyigba dzi, ame si ƒe atam wòdo vloe kple ame si ƒe nubabla wòtu. 17Farao kple eƒe aʋakɔ triakɔ la kple eƒe ameha gã mana kpekpeɖeŋu aɖeke le aʋa me ne woƒo kpo ɖe eŋu, eye wotu xɔ tsralawo be woawu ame geɖewo o. 18Edo vlo atam la to nubabla la tutu me. Esi wòlɔ̃ ɖe nubabla la dzi hafi wɔ nu siawo katã ta la, mate ŋu asi o.’

19“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Zi ale si mele agbe la, mana nye atam si wòdo vloe kple nye nubabla si wòtu la nava eƒe ta dzi. 20Makeke nye ɖɔ nɛ, eye nye mɔ aɖee. Makplɔe ayi Babilonia, eye mabu fɔe le afi ma, elabena meto nyateƒe nam o. 21Eƒe aʋawɔla siwo le sisim la katã atsi yi nu, eye eƒe agbetsilawo akaka ɖe yawo katã nu, ekema mianya be nye Yehowae gblɔe.’

22“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. ‘Nye ŋutɔ maŋe sedati aɖe ƒe ɖɔme tso etame ke, eye madoe. Maŋe eƒe ɖɔme ado, eye madoe ɖe to kɔkɔ aɖe dzi. 23Israel ƒe to kɔkɔwo dzie madoe ɖo; aɖe alɔwo, atse ku, eye wòazu sedati nyui aɖe. Xevi ɖe sia ɖe ƒomevi awɔ atɔ ɖe eme. Woakpɔ sitsoƒe le eƒe alɔwo ƒe vɔvɔli te. 24Gbemetiwo katã anya be nye Yehowae bɔbɔ ati kɔkɔ la ɖe anyi, eye mena ati kpui la tsi hekɔ. Mena ati mumu la ku, eye ati kuku la dze.’

“Nye Aƒetɔ Yehowae ƒo nu, eye mawɔe ade goe.”

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

La parábola de las águilas y el cedro

  • Ezequiel presenta una alegoría política donde la primera gran águila representa al rey de Babilonia, quien deportó a la realeza de Jerusalén e impuso a un rey vasallo mediante un pacto solemne. La segunda águila representa a Egipto y a su faraón, a quienes el monarca de Judá recurrió en busca de caballería y tropas, quebrantando su lealtad jurada.Fuentes: el propio texto bíblico · Babylon · Egypt · Pharaoh
  • En el mensaje profético, romper un juramento de vasallaje contraído ante Babilonia no se consideraba solo una rebelión diplomática, sino una traición espiritual contra Dios, quien reclamaba dicho juramento como su propio pacto.Fuentes: el propio texto bíblico
  • El capítulo concluye revirtiendo las intrigas políticas humanas: Dios mismo promete tomar un retoño tierno de la copa del cedro y plantarlo en las cumbres montañosas de Israel, donde crecerá como un cedro majestuoso que brindará refugio a aves de toda clase.Fuentes: el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Lebanon · 33.540, 35.584 · versículo 3
  • Canaan · 32.767, 35.333 · versículo 4
  • Babylon · 32.543, 44.422 · versículos 12, 14, 15, 16, 17, 20
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 12, 17
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 15

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.