Hechos 28
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Woxɔ mí nyuie le Mɔlta
1Esi míekpɔ ɖeɖe megbe la, míeva nya be ƒukpo si woyɔna be Mɔlta la dzie míeva ɖo. 2Ƒukpoa dzi tɔwo xɔ mí nyuie ŋutɔ. Esi tsi nɔ dzadzam eye vuvɔ nɔ wɔwɔm ta la, wodo dzo gã aɖe na mí be míaƒu.
3Esi Paulo fɔ nake wuwlui aɖewo be yeade dzoa me ko la, da vɔ̃ɖi aɖe do tso nake la me, le dzoxɔxɔ la ta, eye wòbla ɖe Paulo ƒe alɔnu. 4Nu sia wɔ nuku, eye wòdo vɔvɔ̃ na ame siwo nɔ afi ma ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame sia la, hlɔ̃dola vɔ̃ɖi aɖee wònye; togbɔ be metsi ƒu me ku o hã la, Mawu ƒe hlɔ̃biabia melɔ̃ be wòatsi agbe o.”
5Ke Paulo ʋuʋu da la le alɔnu ɖe dzo bibi la me, eye naneke mewɔe o. 6Ameawo nɔ mɔ kpɔm be Paulo ƒe abɔ ate, eye wòadze anyi aku, ke esi wolala ʋuu nya aɖeke medzɔ ɖe edzi o la, wotrɔ woƒe susuwo hegblɔ be Paulo la, Mawu aɖe koko wòanye.
Paulo ƒe nukunuwɔwɔwo
7Ƒukpo sia ƒe Mɔmefia ŋkɔe nye Publio, ame sia ƒe anyigba kple aƒe te ɖe ƒuta, afi si míeva ɖi go ɖo. Publio xɔ mí ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒe me, hekpɔ mía dzi nyuie ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. 8Publio fofo ƒe lãme menɔ kɔkɔm tututu o, elabena asrã kple kpetadɔ nɔ fu ɖem nɛ. Paulo yi egbɔ, do gbe ɖa, heda asi ɖe edzi ale be eƒe lãme sẽ. 9Enumake dɔnɔ siwo katã nɔ teƒea la va Paulo gbɔ, eye wòda gbe le wo katã ŋu. 10Dzi dzɔ ƒukpoa dzi tɔwo ŋutɔ ale wotsɔ nunana ƒomevi geɖewo vɛ na mí, eye esi ɣeyiɣi de na mí be míadzo la, wodo agba na míaƒe tɔdziʋu la nyuie ŋutɔ kple nu siwo katã ava hiã mí le míaƒe mɔzɔzɔ la me.
Paulo ɖo Roma
11Míenɔ Mɔlta ƒukpo la dzi ɣleti etɔ̃ hafi gadze mɔ. Míeɖo tɔdziʋu aɖe si woyɔna be Venɔviwo si tso Aleksandria, eye wòva tsi ƒukpoa dzi le vuvɔŋɔli la me. 12Teƒe gbãtɔ si míetɔ ɖo lae nye Sirakusa, eye míenɔ afi ma ŋkeke etɔ̃. 13Tso Sirakusa la, míeƒo xlã nu heyi Regio, eye tso afi ma la, ya aɖe ƒo ɖe mí tso anyigbeme gome, ale be le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Puteoli, afi si míedo go xɔsetɔ aɖewo le. 14Xɔsetɔ siawo di tso mía si vevie be míanɔ yewo gbɔ vie, ale míelɔ̃, nɔ wo gbɔ ŋkeke adre. Tso Puteoli la, míeɖo ta Roma.
15Esi xɔsetɔ siwo le Roma la se be míegbɔna la, wo dometɔ aɖewo va kpe mí le keke teƒe si woyɔna be Apioforo, eye wòdidi tso Roma gbɔ abe agbadroƒe blaenyi sɔŋ ene. Ame bubuwo hã va kpe mí le afi si woyɔna be, “Amedzrodzeƒe etɔ̃awo.” Teƒe sia hã didi tso Roma gbɔ abe agbadroƒe blaadre ene. Esi Paulo kpɔ xɔsetɔ siawo la, dzi dzɔe ŋutɔ; dzi ɖo eƒo, eye wòda akpe na Mawu.
16Esi míeva ɖo Roma la, asrafowo ƒe amegã si ƒe kpɔkplɔ te Paulo nɔ la ɖe mɔ na Paulo be ate ŋu adze afi sia afi si eya ŋutɔ lɔ̃. Ke woɖe asrafo aɖe kpe ɖe eŋu be wòadzɔ eŋu ɣe sia ɣi.
Paulo gblɔ mawunya le Roma abe gamenɔla ene
17Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Paulo yɔ Yudatɔ siwo le Roma dua me la ƒo ƒu, eye wòƒo nu na wo gblɔ be, “Nɔvinyewo, edzɔ dzi nam be meva ɖo mia gbɔ afi sia. Medi be mianya be togbɔ be nyemewɔ naneke o, eye nyemeda le kɔnyinyi aɖeke dzi o hã la, Yudatɔ siwo le Yerusalem la lém, eye wotsɔm de asi na Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔ siwo le Yerusalem, be woadrɔ̃ ʋɔnum. 18Esi míeyi ʋɔnua la, Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔwo mekpɔ vodada aɖeke le ŋunye o, eya ta wodi be yewoaɖe asi le ŋunye, elabena wokpɔ be nyemedze na ku abe ale si Yudatɔwo ƒe amegãwo dii ene o. 19Ke esi mekpɔ be Yudatɔwo mekpɔ dzidzɔ le ale si wodrɔ̃ ʋɔnua ŋu o, eye wotsi tsitsre ɖe nyametsotsoa ŋu vevie ta la, nye hã megblɔ na ʋɔnua be metsɔ nye nya de asi na Kaisaro le Roma be wòadrɔ̃ ʋɔnum. 20Nya sia tae meyɔ mi vɛ, be makpɔ mi, eye maƒo nu kpli mi ɖo; elabena Israel ƒe mɔkpɔkpɔ la ta woblam kple kɔsɔkɔsɔ sia ɖo.”
21Ameawo ɖo eŋu na Paulo be, “Míawo la, ame aɖeke megagblɔ wò nya aɖeke na mí kpɔ loo alo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe mí tso Yudea le ŋuwò kpɔ o. Nɔvi Kristotɔ siwo tso Yerusalem va hã dometɔ aɖeke megblɔ nya aɖeke na mí tso ŋuwò kpɔ o. 22Ke míadi be nàɖe wò xɔse la me na mí nyuie, elabena nu si míenya koe nye be, ame aɖeke media Kristotɔwo ƒe nya le teƒe aɖeke o.”
23Ale woɖo ŋkeke bubu na takpekpe, eye esi ŋkekea ɖo la, ame geɖewo va ƒo ƒu ɖe Paulo ƒe aƒe me. Paulo ɖe mawunya me na wo tsitotsito, le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ŋu, tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖiawo me. Wonɔ takpekpea me tso ŋdi va se ɖe fiẽ ke. 24Paulo ƒe nyawo sɔ to me na ame aɖewo, eye wotrɔ zu Kristotɔwo; ke ame aɖewo mexɔe se o. 25Wodzro nyawo me le wo ɖokuiwo me ʋuu hafi kaka dzo. Ke nya si tsi to me na wo, eye wòɖe fu na wo dometɔ geɖewo lae nye esi Paulo gblɔ na wo be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nya si wògblɔ to Nyagblɔɖila Yesaya dzi la le eme tututu be,
26“ ‘Yi dukɔ sia gbɔ, eye nàgblɔ be,
“Miaƒe towo ase nyawo, gake miase wo gɔme o.
Miaƒe ŋkuwo akpɔ nu, gake miele si dze gee o.”
27Elabena miaƒe dziwo ku atri,
miaƒe towo sẽ, eye miesea nu o,
eye miemiã miaƒe ŋkuwo.
Ne menye nenema o la, miakpɔ nu, kple miaƒe ŋkuwo,
ase nu kple miaƒe towo,
ase nu gɔme kple miaƒe dziwo,
eye miatrɔ ɖe ŋunye, eye mada dɔ na mi.’
28“Eya ta medi be mianya be Mawu ƒe ɖeɖedɔ sia ɖo ame siwo menye Yudatɔwo o gbɔ, eye woaɖo toe.” [ 29Esi wògblɔ esia la Yudatɔwo dzo, eye nyahehe geɖe ɖo wo dome.]
Taƒonya
30Ke Paulo nɔ afi ma ƒe eve sɔŋ le xɔ si ta wòxe fe ɖo la me, eye ame geɖewo va nɔ ekpɔm ɖa le eƒe aƒe me. 31Enɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe la, nɔ nu fiam le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋuti dzideƒotɔe, eye ame aɖeke mexea mɔ nɛ le esiawo katã wɔwɔ me o.

¿Sabías que…?
Del naufragio en Malta hasta Roma
- La isla que los viajeros supieron que se llamaba Malta es la isla del Mediterráneo también conocida como Melita, la Malta actual. El Easton's Bible Dictionary (1897) dice que fue colonizada primero por fenicios, a quienes identifica con los “bárbaros” de Hechos 28:2, y que los griegos la tomaron en 736 a. C., después de lo cual pasó a los cartagineses. Pablo y sus compañeros permanecieron allí tres meses, hasta que pasó la temporada de tormentas.Fuentes: Melita · Publius · el propio texto bíblico
- Cerca había una propiedad de Publio, el principal de la isla, que recibió al grupo náufrago y lo hospedó con generosidad durante tres días. El Easton's Bible Dictionary (1897) señala que algunos suponen que la palabra griega protos, traducida como “hombre principal”, era propiamente un término maltés, el título oficial del gobernador.Fuentes: Publius · el propio texto bíblico
- Después de tres meses zarparon en un barco alejandrino que había invernado en la isla. Permanecieron tres días en Siracusa, en la costa sureste de Sicilia, que el Easton's Bible Dictionary (1897) describe como distinguida por su tamaño y esplendor; luego llegaron a Regio, en el estrecho de Mesina, y a Puteoli, que ese diccionario describe como el gran puerto de los barcos alejandrinos de grano, a unas 170 millas de Roma. Desde Puteoli siguieron hacia Roma por la Vía Apia, y unos hermanos salieron a su encuentro hasta el Foro de Apio y las Tres Tabernas.Fuentes: Syracuse · Rhegium · Puteoli · el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Malta · 35.933, 14.412 · versículo 1
- Alexandria · 31.183, 29.896 · versículo 11
- Syracuse · 37.064, 15.293 · versículo 12
- Puteoli · Hoy: Pozzuoli · 40.826, 14.121 · versículo 13
- Rhegium · Hoy: Reggio Calabria · 38.109, 15.644 · versículo 13
- Rome · 41.892, 12.485 · versículos 14, 15, 16, 30
- Forum of Appius · Hoy: Forum Appii · 41.466, 12.998 · versículo 15
- Three Taverns · 41.562, 12.874 · versículo 15
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 17
- Judea · Hoy: Judea 1 · 31.777, 35.234 · versículo 21
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org