2 Samuel 3
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
David ƒe viwo
1Aʋawɔwɔ didi aɖe nɔ edzi yim le Saul ƒe aƒe kple David aƒe dome. David ƒe aƒe la nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi le esime Saul ƒe aƒe ya nɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖe edzi.
2Wodzi ŋutsuviwo na David esi wònɔ Hebron.
Via ŋutsu tsitsitɔe nye Amnon, ame si dadae nye Ahinoam tso Yezreel.
3Via ŋutsu eveliae nye Kileab, ame si Abigail, Nabal, Karmeltɔ la ƒe ahosi dzi nɛ.
Via ŋutsu etɔ̃liae nye Absalom, ame si Maaka, Gesur Fia, Talmai ƒe vinyɔnu dzi nɛ.
4Eneliae nye Adoniya, ame si Hagit dzi nɛ.
Via atɔ̃liae nye Sefatia eye dadae nye Abital
5Adeliae nye Itream eye dadae nye Egla.
Abner ʋu yi David gbɔ
6Esi aʋa la nɔ edzi yim la, Abner va kpɔ ŋusẽ gã aɖe le Saul yomedzelawo dome. 7Ewɔ nɔƒe si wòkpɔ la ŋu dɔ eye wòdɔ Saul ƒe ahiãvi aɖe si woyɔna be Rizpa, si dadaa nye Aya gbɔ. Ke esi Is Boset bia gbe Abner le nuwɔna sia ŋu la, 8Abner do dɔmedzoe le Is Boset ƒe nyawo ta hegblɔ bena, “Avue menye le Yuda be woanɔ ƒoyem tso afii yi afimɛa? Menyo na wò kple fofowò vɔ be nyemetsɔ mi de asi na David o. Nye fetue nye miakpɔ vodada le nye kple nyɔnu aɖe ŋua? 9Mawu nafia fu Abner vevie ne nyemewɔ nu si Yehowa do ŋugbe, eye wòka atam ɖe edzi be mawɔ na David o, 10ne nyemexɔ fiaɖuƒe la tso Saul ƒe aƒe me eye ne nyemeɖo David ƒe fiazikpui la gɔme anyi ɖe Israel kple Yuda dzi, tso Dan va se ɖe Beerseba o.” 11Is Boset meɖo eŋu o elabena enɔ vɔvɔ̃m na Abner.
12Abner dɔ amewo ɖe David gbɔ be woagblɔ nɛ be yeaɖe asi le Israel ƒe fiaɖuƒe ŋu nɛ ale be wòawɔ ye yeazu aʋafia gã anɔ Israelʋakɔ la kple Yudaʋakɔ la ƒe ƒuƒoƒo nu.
13David ɖo eŋu be, “Enyo, melɔ̃ gake nyemawɔ nubabla aɖeke kpli wò o va se ɖe esime nàkplɔ srɔ̃nye Mixal, ame si nye Saul vinyɔnu la vɛ nam.” 14Ale David ɖo du ɖe Is Boset be, “Gbugbɔ srɔ̃nye Mixal nam elabena Filistitɔ alafa ɖeka ƒe agbe metsɔ na ɖe eta.”
15Ale Is Boset xɔ Mikal le srɔ̃a Paltiel si nye Lais vi la si. 16Paltiel dze srɔ̃a yome nɔ avi fam va se ɖe keke Bahurim, hafi Abner na wòtrɔ yi aƒe.
17Abner wɔ takpekpe kple Israel ƒe kplɔlawo eye wòɖo ŋku edzi na wo be, “Miedi be David nanye miaƒe fia ɣeyiɣi didi aɖee nye esi.” 18Egblɔ na wo be, “Azã la su azɔ elabena Yehowa do ŋugbe na David be, ‘Nye dɔla, David dzie mato aɖe nye dukɔ, Israel tso Filistitɔwo kple woƒe futɔ bubuawo ƒe asi me!’ ”
19Abner ƒo nu kple Benyamin ƒe viwo ƒe kplɔlawo hã. Emegbe la, eyi Hebron eye wògblɔ ale si wòwɔ nya la ŋu dɔ kple Israelviwo kple Benyamin ƒe viwo la na David.
20Esi Abner kplɔ ame blaeve ɖe asi va David gbɔ le Hebron la, David xɔ wo nyuie eye wòɖo kplɔ̃ na wo.
21Esi Abner nɔ dzodzom la, edo ŋugbe na David be, “Ne meɖo aƒe la, mayɔ Israelviwo katã aƒo ƒu na nye aƒetɔ fia la, eye mana woatia wò woƒe fiae abe ale si nèdi xoxoxo ene.” Ale David na Abner trɔ dzo dedie.
Yoab wu Abner
22Esi Abner trɔ dzo teti ko la, Yoab kple David ƒe aʋawɔla aɖewo gbɔ tso nuwo haƒe eye wotsɔ afunyinuwo gbɔe. 23Esi wògblɔ na Yoab be Abner, Ner vi, va kpɔ Fia la ɖa eye wòtrɔ dzo dedie le ŋutifafa me eteƒe medidi o la, 24Yoab yi Fia la gbɔ eye wògblɔ be, “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, Abner va gbɔwò. Nu ka ta nèɖe asi le eŋu? Fifia edzo! 25Ènya Abner, Ner ƒe vi, nyuie; ɖe wòva be yeable wò, yealé ŋku ɖe wò afɔɖeɖewo ŋu eye yeanya nu sia nu si wɔm nèle.”
26Yoab dɔ amewo ɖa be woana Abner natrɔ agbɔ. Ame dɔdɔawo tu Abner le Sira ƒe vudo la gbɔ eye wòtrɔ gbɔ kpli wo. Ke David menya naneke tso nu sia ŋu o. 27Esi Abner va ɖo Hebron la, Yoab ɖe kpɔe le dua ƒe agbonu abe nya ɣaɣla aɖee wòbe yeagblɔ nɛ ene, ke eɖe adekpui eye wòwui abe hlɔ̃biabiae ɖe nɔvia Asahel, ame si Abner wu la ta ene.
28Emegbe, esi David se nu tso nu sia ŋu la, egblɔ be “Nye kple nye fiaɖuƒe la, míeɖi fɔ le Ner ƒe vi, Abner ƒe ʋu ŋuti le Yehowa ŋkume o yi ɖe mavɔ me. 29Eƒe ʋu nava Yoab kple fofoa ƒe aƒe la katã ƒe ta dzi. Na be ame si ŋu abi makumaku alo kpodɔ le alo nuwɔamitɔ alo ame si tsi yinu loo alo dɔwuitɔ magbe Yoab ƒe aƒemenɔnɔ gbeɖe o.”
30Yoab kple nɔvia Abisai wowu Abner elabena ewu wo nɔviŋutsu Asahel le aʋa le Gibeon.
31David gblɔ na Yoab kple ame siwo katã le eŋu la be, “Midze miaƒe awuwo, mita akpanya eye mifa na Abner.” Fia David ŋutɔ dze amekukuɖaka la yome yi ameɖiƒe. 32Woɖi Abner ɖe Hebron eye fia la fa avi hehehe le Abner ƒe yɔdo to, nenema kee nye ameawo katã hã.
33Fia David dzi konyifaha sia na Abner be,
“Ɖe Abner aku abe yakame enea?
34Womebla wò asiwo hafi o.
Womede ga wò afɔwo hafi o.
Èku abe ale si wokuna
le ŋutasẽlawo ƒe asi me ene.”
Eye ameawo katã gafa avi nɛ.
35Ale wo katã wova eye woƒoe ɖe David nu be wòaɖu nane esi zã medo haɖe o. Ke David ka atam be, “Mawu nafiam, agafiam ɖe edzi ne made abolo alo nu bubu aɖe nu me hafi ɣe naɖo to!”
36Ameawo katã de dzesi nya sia eye wokpɔ ŋudzedze le eŋu; le nyateƒe me la, nu sia nu si fia la wɔ la dze wo ŋu. 37Ale dukɔ blibo la, Yuda kple Israel siaa nya to David ƒe nuwɔnawo me be eƒe asi menɔ Abner ƒe ku la me o.
38David gblɔ na eƒe amewo be, “Kplɔla gã aɖe kple amegã aɖe ku egbe le Israel 39eye togbɔ be menye Mawu ƒe amesiamina hã la, nyemate ŋu awɔ naneke kple Zeruya ƒe vi eve siawo o. Yehowa naɖo vɔ̃ɖivɔ̃ɖi teƒe na ame vɔ̃ɖiwo.”

¿Sabías que…?
La deserción y muerte de Abner
- Cuando Abner rompió con Is-boset, se comprometió a unir todo el reino bajo David desde Dan hasta Beerseba. Esta expresión geográfica era la designación tradicional de toda la Tierra Prometida, abarcando unas 144 millas desde el extremo norte hasta la frontera sur.Fuentes: el propio texto bíblico · Beersheba · Dan
- Antes de cerrar un pacto con Abner, David exigió el regreso de Mical, hija de Saúl, a quien habían entregado en matrimonio a Paltiel tras la huida de David. Recuperar a Mical reafirmó el matrimonio legítimo de David y preservó su vínculo político y dinástico con la casa de Saúl.Fuentes: el propio texto bíblico · Michal
- Joab asesinó a Abner en la puerta de Hebrón por venganza de sangre por su hermano Asael, a quien Abner había dado muerte en la batalla de Gabaón. Para demostrar a todo Israel que no participó en el crimen, el rey David guardó luto público, compuso un lamento fúnebre y ayunó hasta la puesta del sol.Fuentes: el propio texto bíblico · Joab · Asahel · Hebron
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Hebron · Hoy: Tel Rumeida · 31.525, 35.102 · versículos 2, 5, 12, 19, 20, 22, 27, 32
- Geshur · 32.767, 35.700 · versículo 3
- Dan · Hoy: Tel Dan · 33.249, 35.652 · versículo 10
- Gibeon · Hoy: El Jib · 31.847, 35.183 · versículo 30
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org