Nations Bible

2 Samuel 2

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Wosi ami na David abe Yuda fia ene

1Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, David bia Yehowa be, “Mayi Yuda duawo dometɔ ɖeka mea?”

Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi.”

David gabiae be, “Du ka mee mayi?”

Yehowa ɖo eŋu be, “Yi Hebron.”

2Ale David kplɔ srɔ̃awo, Ahinoam tso Yezreel kple Abigail, Nabal ƒe ahosi tso Karmel, 3eƒe amewo kple wo srɔ̃wo kple wo viwo katã eye woyi Hebron. 4Yuda ƒe kplɔlawo va ɖo David fiae ɖe Yuda ƒe dukɔ ƒoƒuwo nu.

Esi David se be Yabes Gileadtɔwo ɖi Saul la, 5eɖo du ɖe wo be, “Yehowa nayra mi le ale si miewɔ nuteƒe na miaƒe aƒetɔ eye mieɖii kple bubu la ta. 6Yehowa nave mia nu eye wòatsɔ eƒe lɔlɔ̃ ƒe ɖeɖefia kple nyateƒe aɖo eteƒe na mi. Nye hã mave mia nu le nu si miewɔ la ta. 7Azɔ la, mele biabiam tso mia si be esi Saul ku la, mianye nye ame sesẽwo, eye miawɔ nuteƒe nam. Minɔ abe Yuda ƒe viwo, ame siwo tsɔm ɖo woƒe Fia yeye ene.”

Aʋa dzɔ ɖe David kple Saul ƒe amewo dome

8Ke Abner, Saul ƒe aʋafia do ŋgɔ yi Mahanaim be yeatsɔ Saul ƒe viŋutsu Is Boset aɖo fiae, 9be wòaɖu fia ɖe Gilead, Asuri, Yezreel, Efraim, Benyamin kple Israel ƒe akpa bubuawo keŋ dzi.

10Exɔ ƒe blaene hafi woɖoe fiae eye wòɖu Israel dzi ƒe eve. Ke Yuda ƒe viwo nɔ David yome 11eye wòɖu fia le Hebron ɖe Yuda dzi ƒe adre kple afã.

12Gbe ɖeka la, Aʋafia Abner kplɔ Is Boset ƒe aʋawɔlawo tso Mahanaim yi Gibeon, 13eye Aʋafia Yoab, Zeruya ƒe vi, hã kplɔ David ƒe aʋakɔ be woado go wo. Wodo go le Gibeon ta la to eye wonɔ ta la ƒe akpa eveawo dzi, dze ŋgɔ wo nɔewo.

14Abner gblɔ na Yoab be, “Mina míaƒe ɖekakpuiawo nawɔ fefe kple woƒe yiwo míakpɔ!”

Yoab lɔ̃ hegblɔ bena, “Enyo, na ne woawɔe.”

15Ale aʋakɔ eveawo dometɔ ɖe sia ɖe tia ɖekakpui wuieve na Benyamin kple Saul vi Is Boset eye wuieve bubu na David. 16Ame sia ame lé nɔvia ƒe ɖa eye wòtɔ yi axadame na nɔvia. Ale wo katã ku. Woyɔa teƒe ma le Gibeon va se ɖe egbe be “Yi ƒe gbedzi.”

17Aʋakɔ eveawo de asi aʋawɔwɔ me azɔ eye hafi zã nado la, Yoab kple David ƒe amewo ɖu Abner kple eƒe amewo tso Israel dzi.

18Yoab nɔviŋutsuwo, Abisai kple Asahel hã nɔ aʋawɔlawo dome. Asahel ƒua du abe zi ene 19eye eya ɖeka kplɔ Abner ɖo. Medze ɖe ɖusi alo mia me le Abner yome o. 20Esi Abner nye kɔ kpɔ megbe eye wòkpɔ Asahel wògbɔna la, ebiae be, “Wòe nye ema, Asahel?”

Asahel ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee!”

21Abner gblɔ nɛ be, “Ti ame bubu yome!” Ke Asahel gbe eye wòyi eyometiti dzi.

22Abner gado ɣli gblɔ nɛ be, “Dzo le afi sia. Ne mewu wò la, nyemate ŋu anɔ te ɖe nɔviwò Yoab nu o.”

23Ke egbe, megbugbɔ o. Ale Abner ƒo akplɔ ɖe dɔ me nɛ eye akplɔ la ŋɔe do ɖe eƒe dzime. Edze anyi, heku eye ame sia ame si va ɖo afi si wòmlɔ la tɔna ɖe afi ma.

24Azɔ la, Yoab kple Abisai ti Abner yome. Ɣe la nɔ to ɖom esi wova ɖo Ama togbɛ la gbɔ le Gia lɔƒo le mɔ si yi Gibeon gbegbe la dzi. 25Abner ƒe aʋawɔlawo tso Benyamin ƒe to la me ƒu asaɖa anyi ɖe to la tame.

26Abner do ɣli gblɔ na Yoab be, “Ɖe míatsɔ míaƒe yiwo anɔ mía nɔewo wuwu dzi ɖaa? Ɣe ka ɣie nàna wò amewo nagbugbɔ le wo nɔviwo yome?”

27Yoab ɖo eŋu be, “Metsɔ Mawu ka atam be, ne menye ɖe nèƒo nu o gɔ̃ hã la, anye ne mí katã míatrɔ adzo, ayi aƒe me etsɔ ŋdi.”

28Tete Yoab ku kpẽ eye eƒe amewo dzudzɔ Israel ƒe aʋakɔ la yometiti.

29Gbe ma gbe fiẽ la, Abner kple eƒe amewo gbugbɔ to Araba. Woyi Yɔdan ƒe balime, tso tɔsisi la eye wozɔ mɔ le zã va se ɖe ŋufɔke ŋdi hafi woɖo Mahanaim.

30Yoab trɔ le Abner yome eye ekple eƒe amewo hã trɔ yi aƒe. Esi wòxlẽ eƒe amewo kpɔ la, ede dzesii be ame wuiasiekɛ koe tsi aʋa hekpe ɖe Asahel ŋu. 31Ke Abner ƒe ame alafa etɔ̃ blaade (360), ame siwo tso Benyamin ƒe to la me la ku. 32Yoab kple eƒe amewo kɔ Asahel ƒe kukua yi Betlehem eye woɖii ɖe fofoa xa. Le esia megbe la, wozɔ mɔ to zã blibo la me eye woɖo Hebron le ŋdi.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Dos reyes y el enfrentamiento en Gabaón

  • Tras la muerte de Saúl, la nación se dividió en dos reinos rivales. La tribu de Judá ungió a David como rey en la ciudad de Hebrón, al sur, mientras que Abner, general de Saúl, estableció a Is-boset, hijo sobreviviente de Saúl, para gobernar a las tribus del norte desde Mahanaim, al este del río Jordán.Fuentes: el propio texto bíblico · Abner · Ish-bosheth · Mahanaim
  • Los principales comandantes militares de David —Joab, Abisai y Asael— eran hijos de Sarvia, hermana de David. Este estrecho lazo familiar colocó a los sobrinos de David al frente de las tropas de Judá durante las hostilidades contra la casa de Saúl.Fuentes: el propio texto bíblico · Joab · Zeruiah · Asahel
  • El conflicto civil se intensificó junto al estanque de Gabaón mediante un combate representativo entre doce guerreros de Benjamín y doce del bando de David. Debido a que los veinticuatro combatientes murieron juntos en la lucha, el lugar fue llamado Helcat-hazurim antes de desatarse la batalla campal.Fuentes: el propio texto bíblico · Gibeon

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Hebron · Hoy: Tel Rumeida · 31.525, 35.102 · versículos 1, 3, 4, 11, 32
  • Gilead · Hoy: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · versículo 9
  • Gibeon · Hoy: El Jib · 31.847, 35.183 · versículos 12, 13, 16, 24
  • Helkath-hazzurim · Hoy: within 500 m of El Jib · 31.847, 35.183 · versículo 16
  • Arabah · 30.417, 35.151 · versículo 29
  • Jordan · Hoy: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículo 29
  • Bethlehem · 31.704, 35.208 · versículo 32

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.