2 Samuel 18
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Absalom ƒe ku
1David ƒo aʋawɔla siwo nɔ eŋu la nu ƒu eye wòɖe aʋakplɔlawo ɖo ame akpewo kple alafawo nu. 2Akpa ɖeka nɔ Yoab nɔviŋutsu, Abisai, Zeruya ƒe viŋutsu te. Akpa evelia nɔ Itai, Gititɔ la te eye Fia David ɖo be akpa etɔ̃lia nanɔ ye ŋutɔ yeƒe kpɔkplɔ te hafi, gake ameawo gbe nɛ 3hegblɔ be, “Mele be wò ŋutɔ nàkplɔ aʋalɔgo aɖeke o, elabena ne wòahiã be míasi eye woawu aʋalɔgo la ƒe afã la, womatsɔ ɖeke le eme o. Woanɔ wò ɖeka ko dim, eya ta enyo wu be nànɔ dua me le afi sia eye ne aɖaŋu aɖe hiã mí la, nàɖoe ɖe mí.”
4Fia la ɖo eŋu be, “Enyo, mawɔ nu sia nu si nyo na mi ko.”
Ale David nɔ tsitre ɖe dua ƒe agbonu esime aʋawɔlawo katã va tso eme. 5Fia la gblɔ na Yoab, Abisai kple Itai be, “Mixa ɖe tanye ne miakpɔ nublanui na vinye Absalom.” Aʋawɔlawo katã se nya si fia la gblɔ na wo.
6Ale David ƒe aʋakɔ la ho aʋa ɖe Israel ŋu eye wodze aʋa la gɔme le Efraim ƒe ave la me. 7David ƒe amewo ɖu Israel ƒe aʋakɔ la dzi. Wowu ame akpe blaeve (20,000) sɔŋ le Israelviwo dome gbe ma gbe. 8Ame siwo bu le avea me la sɔ gbɔ wu ame siwo wowu.
9Le aʋa la me la, Absalom va do go David ƒe amewo. Esi Absalom nɔ eƒe tedzisɔ dzi si yina la, tedzisɔa to logoti aɖe ƒe alɔdzewo te eye eƒe taɖa ku alɔdze aɖe. Tedzisɔ la si dzo, do le ete le esime eya ŋutɔ tsi ɖe alɔdze la ŋu henɔ nyenyem segblesegble le yame.
10David ƒe amewo dometɔ ɖeka kpɔe eye wògblɔe na Yoab bena, “Kpɔ ɖa, mekpɔ Absalom wòtsi klẽti aɖe ŋu.”
11Yoab biae be, “Nyateƒea? Èkpɔe le afi ma hafi mèwui oa? Nenye ɖe nèwui la, anye ne mana klosalo ewo kple alidziblaka ewo wò.”
12Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ne àna klosalo akpe ɖeka teƒe akpe ɖekam hã la, nyemawui o. Mí katã míese fia la wògblɔ na wò kple Abisai kple Itai be, ‘Le tanye la, migawɔ nuvevi aɖeke vinye Absalom o.’ 13Ne magbe nyemawɔ fia la ƒe gbe dzi o eye mawu via la, fia la ava nya ame si wu via kokoko eye wòe anye ame gbãtɔ si atsɔ nya ɖe ŋunye.”
14Yoab gblɔ be, “Migagblẽ ɣeyiɣi nam o.” Tete wòtsɔ akplɔ etɔ̃ ɖe asi eye wòtsɔ wo nyrɔ ɖe Absalom ƒe dzi gbɔ, le esime wònɔ nyenyem segblesegble le logoti la ƒe alɔdze ŋu. 15Yoab ƒe akpoxɔnutsɔla ewo, ame siwo ƒo xlã Yoab ɣe ma yi hafi la lũ ɖe Absalom dzi hewui.
16Tete Yoab ku kpẽ eye eƒe amewo dzudzɔ Israel ƒe aʋawɔlawo nyanya. 17Woda Absalom ƒe kukua ɖe do globo aɖe me le avea me eye woli kɔ kpe geɖewo ɖe edzi. Israel ƒe aʋawɔlawo si yi woƒe aƒewo me.
18Absalom tu ŋkuɖodzikpe aɖe na eɖokui le eƒe agbenɔɣi ɖe Fia ƒe Balime elabena egblɔ be, “Viŋutsu aɖeke mele asinye si ana nye ŋkɔ natsi anyi o.” Ena ŋkɔe be “Absalom ƒe Ŋkuɖodzikpe.” Wogayɔnɛ nenema egbegbe.
David fa Absalom
19Zadok ƒe vi, Ahimaaz gblɔ be, “Na maƒu du ayi aɖagblɔ dzidzɔnya la na David be Yehowa ɖee tso eƒe futɔ, Absalom ƒe asi me.”
20Yoab gblɔ nɛ be, “Ao, manye dzidzɔnya na fia la be via ŋutsu ku o; nyemele dɔwòm ɖe afi aɖeke o.”
21Yoab gblɔ na ŋutsu aɖe si tso Kus be, “Yi nàgblɔ nu si nèkpɔ la na fia la.” Ŋutsu la de ta agu eye wòdzo.
22Ke Zadok vi Ahimaaz gagblɔ na Yoab be, “Ne nu sia nu le dzɔdzɔm hã la, maƒu du adze Kusitɔ la yome.”
Yoab ɖo eŋu be, “Vinye, nu ka ta nèdzi be yeayi ɖo? Nya bubu aɖeke megali míagblɔ aɖo ɖe o eye ame aɖeke mele dɔtsɔho xe ge na wò o.”
23Ahimaaz gaɖe kuku be, “Ele eme nenema gake na mayi ko.”
Yoab gblɔ azɔ be, “Enyo, heyi.” Ahimaaz to mɔ kpui aɖe si to gbadzaƒe la eye wòtre ɖoɖo na ŋutsu si tso Kus. 24David nɔ anyi ɖe dua ƒe agbo eve, egodotɔ kple emetɔ dome le ɣe ma ɣi me. Esi gbetakpɔla la lia gli la yi gbeta kpɔ ge la, ekpɔ ame ɖeka wònɔ du dzi gbɔna wo gbɔ. 25Edo ɣli gblɔ nya la na David.
Fia la ɖo eŋu be, “Nenye eya ɖekae la, ekema nya aɖe le esi.” Esi dɔla la te ɖe wo ŋu la.
26Gbetakpɔla la hã kpɔ ame bubu; eya hã nɔ du dzi gbɔna wo gbɔ. Edo ɣli gblɔ be, “Ame bubu aɖe hã gbɔna.”
Fia la ɖo eŋu be, “Ɖewohĩ eya hã anya tsɔ nya nyui aɖe gbɔnae.”
27Gbetakpɔla la gblɔ nɛ be, “Ame gbãtɔ ɖi Ahimaaz, Zadok ƒe vi.”
Fia la ɖo eŋu be, “Ame nyuie; etsɔ nya nyui gbɔnae.”
28Tete Ahimaaz do ɣli gblɔ na Fia la be, “Nu sia nu dze edzi nyuie!” Ebɔbɔ, de ta agu heyi edzi be, “Woakafu Yehowa, wò Mawu la ame si tsrɔ̃ aglãdzela siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò.”
29Fia la bia be, “Vinye Absalom ɖe? Ele dediea?”
Ahimaaz ɖo eŋu be, “Esi Yoab gblɔ nam be mava la, ameawo nɔ ɣli dom hoo, ke nyemenya nu si tututue dzɔ o.”
30Fia la gblɔ na Ahimaaz be, “Lala le afi sia” Ale Ahimaaz dze ɖe axadzi.
31Kustɔ la va do eye wògblɔ be, “Mehe nya nyui aɖe vɛ na nye aƒetɔ kple nye fia. Egbe la, Yehowa ɖe wò tso ame siwo katã tso ɖe ŋuwò la ƒe asi me.”
32Fia la bia Kustɔ la be, “Vinye Absalom ɖe? Ele dediea?”
Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia, wò futɔwo katã nanɔ abe ale si ɖekakpui ma le fifia ene!”
33Fia la de asi avifafa me enumake. Eyi eƒe xɔ me le xɔ tame. Efa avi hegblɔ be, “Oo, vinye Absalom, vinye, vinye Absalom, ɖe maku ɖe nuwò hafi! Oo, Absalom, vinye, vinye!”

¿Sabías que…?
La derrota y muerte de Absalón
- David organizó sus fuerzas en tres divisiones encabezadas por Joab, su hermano Abisai e Itai el geteo, un comandante de la ciudad filistea de Gat. A pesar de la instrucción explícita de David de proteger a Absalón, Joab mató al príncipe atrapado en el bosque de Efraín.Fuentes: Joab · Abishai · Ittai · el propio texto bíblico
- En vida, Absalón había levantado un monumento conmemorativo para sí en el Valle del Rey (también conocido como Valle de Save), pues no tenía hijos vivos para preservar su nombre. Sin embargo, tras su muerte fue sepultado apresuradamente en una fosa del bosque bajo un gran montón de piedras.Fuentes: Valley of Shaveh · el propio texto bíblico
- Ahimaas, hijo del sumo sacerdote Sadoc, era un corredor veloz y reconocible desde lejos por su forma de correr. Aunque se adelantó al mensajero cusita para llevar noticias sobre el resultado de la batalla, evitó informar directamente a David sobre la muerte de Absalón.Fuentes: Ahimaaz · Zadok · el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Ephraim · Hoy: Ephraim 3 · 32.381, 35.765 · versículo 6
- Ethiopia · 16.935, 33.751 · versículos 21, 31
- Jordan Valley · 32.317, 35.570 · versículo 23
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org