Nations Bible

2 Samuel 17

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

1Azɔ la, Ahitofel gblɔ na Absalom be, “Na ame akpe wuievem ne míati David yome le zã sia me. 2Madze edzi esi ɖeɖi te eŋu eye wògbɔdzɔ. Made vɔvɔ̃ lãme nɛ ekema eŋumewo katã asi, agblẽe ɖi. Mawu fia la ɖeɖe ko, 3eye makplɔ ame bubuawo katã vɛ na wò. Ame si dim nèle ƒe ku la anye ame bubuawo ƒe tɔtrɔ gbɔ; nuvevi mawɔ ame bubuawo dometɔ aɖeke o.”

4Absalom kple Israel ƒe ametsitsiwo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi. 5Ke Absalom gblɔ be, “Mina míabia Husai, Arkitɔ la, nu si wòbu tso ɖoɖo sia ŋu.”

6Esi Husai va ɖo la, Absalom gblɔ nya si Ahitofel gblɔ la nɛ eye wòbia Husai be, “Aleke nèbu tso ɖoɖo sia ŋu? Ɖe míazɔ ɖe Ahitofel ƒe aɖaŋu nua? Ne mèda asi ɖe edzi o la, ekema gblɔ nu si nèbu be míawɔ la na mí.”

7Husai ɖo eŋu na Absalom be, “Mebu be azɔ ya la, Ahitofel da ƒu. 8Ènya fofowò kple eƒe amewo nyuie, ènya be wonye aʋawɔla sesẽwo. Ɖewohĩ David ƒe mo nyra ɖa abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wofi le egbɔ la ene. Aʋawɔla xɔŋkɔ, kpɔnuteƒee fofowò nye, ne zã do la, mamlɔ aʋawɔlawo dome o. 9Ɖewohĩ ebe ɖe do alo agado aɖe me ɖa xoxo! Ne edo va dze mia dzi eye wòwu miaƒe ame aɖewo la, vɔvɔ̃ aɖo wò aʋawɔlawo eye ame sia ame ade asi ɣlidodo me be wosi aʋakɔ si kplɔ Absalom ɖo. 10Ekema wò kalẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã, nenye dzata ƒe dzie le dɔ me na wo gɔ̃ hã la, vɔvɔ̃ ana woatsi teƒe ɖeka elabena Israel blibo la nya be fofowò bi ɖe aʋawɔwɔ me eye eƒe asrafowo hã nye kalẽtɔwo.

11“Nu si mebue nye be nàƒo Israel dukɔ blibo la ƒe aʋakɔ la nu ƒu tso keke Dan va se ɖe Beerseba ale be aʋakɔ gã aɖe nanɔ asiwò. Mebu hã be wò ŋutɔ nàkplɔ aʋakɔ la. 12Ekema ne mieke ɖe David ŋu la, miate ŋu atsrɔ̃ eƒe aʋakɔ blibo la ale be ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã masusɔ anɔ agbe o. 13Ne David si yi du aɖe me la, Israel ƒe aʋakɔ blibo la anɔ wò kpɔkplɔ te, miatsi kawo ɖe dua ƒe gliwo ŋu eye miahe gliawo ayi aɖakɔ ɖe balime si te ɖe eŋu la me va se ɖe esime kpe aɖeke maganɔ kpe dzi o.”

14Tete Absalom kple Israelviwo katã gblɔ be, “Husai, Arkitɔ la ƒe aɖaŋu nyo wu Ahitofel tɔ.” Esia va eme elabena Yehowa ɖo be, yeagblẽ Ahitofel ƒe aɖaŋu, si nye nyuitɔ boŋ hafi la me ale be yeahe dzɔgbevɔ̃e va Absalom dzi. 15Husai gblɔ na nunɔla Zadok kple Abiata bena; Ale kple ale Ahitofel ɖo aɖaŋu na Absalom kple Israel ametsitsiwo kple eya ŋutɔ tɔ na nunɔlawo. 16Egblɔ na wo be, “Afɔ netsɔ! Midi David enumake eye miagblɔ nɛ be, meganɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe tɔtsoƒe le zã sia me o ke boŋ ele be wòatso tɔsisi la enumake ayi gbedzi le tɔsisi la godo. Ne mewɔ alea o la, eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ la katã atsrɔ̃.”

17Yonatan kple Ahimaaz nɔ En Rogel ale be amewo makpɔ wo ne woge ɖe dua me alo wodo go le dua me o. Wowɔ ɖoɖo kple nyɔnudɔla aɖe be wòayi aɖagblɔ nya si woagblɔ na David la na wo. 18Ke esi wodzo le En Rogel yina David gbɔ la, ŋutsu aɖe kpɔ wo eye wòyi ɖagblɔe na Absalom. Le ɣeyiɣi sia me la, wosi yi Bahurim eye ŋutsu aɖe ɣla wo ɖe eƒe vudo me le eƒe aƒe godo. 19Ŋutsua srɔ̃ ɖo avɔ aɖe ɖe vudo la nu eye wosia bli ɖe avɔ la dzi ale be ame aɖeke mabu be woanɔ afi ma o.

20Esi Absalom ƒe amewo va nyɔnu la gbɔ la, wobia be, “Afi ka Ahimaaz kple Yonatan wole?”

Nyɔnu la gblɔ na wo be, “Wotso tɔʋu la xoxo.” Ameawo di wo gake womekpɔ wo o, ale wotrɔ yi Yerusalem.

21Ame eveawo do le vudo la me eye woɖe abla yi Fia David gbɔ. Wogblɔ nɛ be, “Afɔ netsɔ! Tso Yɔdan tɔsisi la le zã sia me.” Wogblɔ ale si Ahitofel ɖo aɖaŋu na Absalom be wòalée, awui la hã nɛ. 22Ale David kple eŋumewo katã tso tɔsisi la le zã ma me eye woɖo tɔsisi la godo hafi ŋu ke.

23Le ɣeyiɣi ma me la, esi Absalom do ŋukpe Ahitofel le dukɔ la ŋkume eye mexɔ eƒe aɖaŋuɖoɖo o ta la, Ahitofel de eƒe tedzi dzi eye wòyi wo de. Esi wòdzra eƒe aƒe ɖo vɔ la, ede ka ve na eɖokui. Ale Ahitofel ku eye woɖii ɖe fofoa xa.

24Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, David va ɖo Mahanaim. Absalom ƒo Israel dukɔ blibo la nu ƒu eye wòkplɔ ameawo wonɔ tɔsisi la tsom. 25Absalom na Amasa zu aʋafia ɖe Yoab teƒe. Amasa fofoe nye Itra, Ismaeltɔ eye dadae nye Abigail, Nahas ƒe vinyɔnu, ame si nye Yoaz dada, Zeruya nɔvinyɔnu. 26Absalom kple Israel ƒe aʋakɔ la ƒo ƒu ɖe Gileadnyigba dzi.

27Esi David va ɖo Mahanaim la, Sobi, Nahas ƒe vi si tso Amon ƒe viwo ƒe Raba kple Makir, Amiel ƒe vi si tso Lo Debar kple Barzilai, Gileadtɔ la si tso Rogelun la 28tsɔ abadzivɔwo, agbawo kple zewo vɛ. Wotsɔ lu kple ƒo, wɔ, bli tɔtɔe, ayi kple 29anyitsi, nyinotsi babla, alẽwo kple akpɔnɔ si wowɔ kple nyinotsi la hã vɛ na David kple eƒe amewo be woaɖu. Wogblɔ be, “Dɔ le ameawo wum, ɖeɖi te wo ŋu eye tsikɔ hã le wo wum le gbegbea.”

¿Sabías que…?

Consejos Opuestos y la Huida de David

  • Husai aconsejó intencionadamente a Absalón que retrasara el ataque y reuniera a todo Israel "desde Dan hasta Beerseba", una expresión tradicional que designaba toda la extensión de la tierra. Este retraso estratégico frustró el plan de Ajitófel de un ataque inmediato y le dio al rey David tiempo suficiente para cruzar el río Jordán con su pueblo.Fuentes: el propio texto bíblico · Hushai · Beersheba
  • Para transmitir información a David, los jóvenes sacerdotes Ahimaas y Jonatán se situaron en la fuente de En-rogel, fuera de Jerusalén. Cuando los espías de Absalón los detectaron, los mensajeros se ocultaron dentro de un pozo en un patio de Bahurim, donde una mujer los tapó extendiendo una manta cubierta de grano.Fuentes: el propio texto bíblico · Ahimaaz · Jonathan · Bahurim
  • Tras cruzar el Jordán, David halló refugio en Mahanaim, una ciudad fortificada al este del río. Allí, destacados líderes locales proveyeron al agotado grupo real de camas, vasijas y provisiones como lentejas, grano tostado, miel y queso.Fuentes: el propio texto bíblico · Mahanaim

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Dan · Hoy: Tel Dan · 33.249, 35.652 · versículo 11
  • Jordan · Hoy: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículos 16, 21, 22, 24
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 20
  • Gilead · Hoy: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · versículos 26, 27
  • Ammon · 31.955, 35.934 · versículo 27
  • Rabbah · Hoy: Amman · 31.955, 35.934 · versículo 27

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.