2 Reyes 17
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Hosea, Israel fia mamlɛtɔ
1Le Ahaz, Yuda fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuievelia me la, Hosea, Ela ƒe viŋutsu zu Israel fia le Samaria; eɖu fia ƒe asiekɛ. 2Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, ke menye abe ale si Israel fia siwo do ŋgɔ nɛ la wɔ ene o.
3Asiria fia Salmaneser ho aʋa ɖe Fia Hosea ŋu eye wòɖu edzi. Ale wònɔ na Israel be wòanɔ ga home gã aɖe xem na Asiria ƒe sia ƒe. 4Fia Hosea wɔ babla kple Egipte fia So, be wòakpe ɖe ye ŋu yeaɖe ye ɖokui ɖa le Asiria fia ƒe ŋusẽ te. Ke Asiria fia va nya nu tso babla sia ŋu. Gawu la, Hosea gbe megaxea ga la na Asiria fia o. Ale Asiria fia lé Hosea de gaxɔ me eye wòde kɔsɔkɔsɔe ɖe eƒe aglãdzedze ta.
5Azɔ la, Asiria ƒe asrafowo va yɔ Israelnyigba dzi, woɖe to ɖe Samaria, Israel ƒe fiadu la ƒe etɔ̃.
6Mlɔeba la, le Hosea ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me la, Asiriatɔwo xɔ Samaria. Woɖe aboyo Israelviwo yi Asiria eye woɖo wo dometɔ aɖewo ɖe Hala du la me, bubuwo nɔ duwo me le Habor tɔsisi la ŋu le Gozan eye mamlɛawo nɔ Mediatɔwo ƒe du me.
Woɖe aboyo Israel ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta
7Esiawo katã va eme elabena Israelviwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, woƒe Mawu, ame si kplɔ wo tso Egipte eye wòɖe wo le Farao, Egipte fia ƒe ŋusẽ te la ŋu. Wosubɔ mawu bubuwo. 8Wodze dukɔ siwo Yehowa nya le wo ŋgɔ la ƒe subɔsubɔwo yome hekpe ɖe subɔsubɔ siwo Israel fiawo he vɛ la ŋu. 9Israelviwo wɔ nu siwo mele eteƒe o la le bebeme ɖe Yehowa, woƒe Mawu la ŋu. Tso gbetakpɔxɔ dzi yi ɖe du si woɖo gli sesẽ ƒo xlãe la me la, woawo ŋutɔ tu nuxeƒewo ɖe woƒe duwo katã me. 10Woli aƒeliwo heli aƒeliwo ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi kple ati dama ɖe sia ɖe te. 11Wodo dzudzɔ ʋeʋĩ le nuxeƒe ɖe sia ɖe abe ale si dukɔ siwo Yehowa nya le wo ŋgɔ la wɔna ene. Wowɔ nu vɔ̃ɖi siwo na Yehowa do dziku. 12Wosubɔ legbawo, evɔ Yehowa gblɔ na wo be, “Migawɔ esia o.”
13Yehowa xlɔ̃ nu Israel kple Yuda to nyagblɔɖilawo katã kple gbɔgbɔmenukpɔlawo dzi be, “Mitrɔ le miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi, miwɔ ɖe nye sededewo kple ɖoɖowo dzi le se siwo katã mede na mia fofowo be woawɔ ɖe wo dzi la nu kple esiwo mede na mi to nye dɔla nyagblɔɖilawo dzi la dzi.” 14Ke Israel meɖo to o. Wonye kɔlialiatɔwo abe wo fofowo ene eye womeka ɖe Yehowa, woƒe Mawu la dzi o. 15Wogbe eƒe sewo kple nubabla si wòwɔ kple wo fofowo la eye wodo vlo eƒe nuxlɔ̃amenyawo. Wosubɔ ati kple kpewo ale be wova zu abunɛtɔwo. Wosrɔ̃ dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ, evɔ Yehowa de se na wo be, “Migawɔ abe ale si wowɔna ene la o.” Ke wogbe hewɔ nu siwo Yehowa be womegawɔ o.
16Wogbe Yehowa, woƒe Mawu ƒe sewo katã dzi wɔwɔ eye wololõ sika tsɔ wɔ nyivi eve. Woli aƒeli siwo nye ŋukpenanuwo eye wosubɔ Baal, ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo. 17Wotsɔ wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo gɔ̃ hã wɔ numevɔsae le Molek ƒe vɔsamlekpuiwo dzi. Wodea afakalawo gbɔ, saa dzowo eye wotsɔ wo ɖokuiwo de asi na nu vɔ̃. Ale Yehowa do dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie. 18Eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta va se ɖe esime Yuda ƒe viwo koe susɔ ɖe anyigba la dzi.
19Ke Yuda gɔ̃ hã gbe Yehowa, woƒe Mawu la ƒe sewo dzi wɔwɔ. Woawo hã to Israel ƒe mɔ vlowo dzi. 20Ale Yehowa gbe Israel ƒe dzidzimeviwo katã. Ehe to na wo esi wòtsɔ wo de asi na woƒe futɔwo va se ɖe esime wotsrɔ̃ wo. 21Elabena Israel ɖe eɖokui ɖa tso David ƒe fiaɖuƒe la me eye wòtia Yeroboam, Nebat ƒe vi abe eƒe fia ene. Yeroboam he Israel ɖa tso Yehowa subɔsubɔ gbɔ. Ena Israelviwo wɔ nu vɔ̃ 22eye womeɖe asi le nu vɔ̃ si me Yeroboam kplɔ wo dee la wɔwɔ ŋu o, 23va se ɖe esime Yehowa kplɔ wo dzoe abe ale si eƒe Nyagblɔɖilawo be woawɔ woe ene. Ale wokplɔ Israel yi Asirianyigba dzi afi si wole va se ɖe egbe.
Wokplɔ dukɔ bubu me tɔwo va da ɖe Samaria duwo me
24Asiria fia kplɔ amewo tso Babilonia, Kuta, Ava, Hamat kple Sefarvaim ɖada ɖe Samaria ƒe duwo me ɖe Israelviwo teƒe. Ale Asiriatɔwo xɔ Samaria kple Israel du bubuwo. 25Ke esi Asiriatɔ siawo mesubɔa Yehowa esi wova ɖo anyigba la dzi enumake o ta la, Yehowa ɖo dzatawo ɖa wowu wo dometɔ aɖewo. 26Ale woɖo du ɖe Asiria fia be, “Mí ame siwo nèna míetso mía de va le Israel la, míenya anyigba la ƒe Mawu ƒe sewo o, ale woƒe Mawu la ɖo dzatawo ɖa be woawu mí elabena míesubɔe o.”
27Ale Asiria fia ɖe gbe be, “Mina nunɔla siwo mieɖe aboyoe tso Samaria la dometɔ ɖeka nagbugbɔ ayi afi ma eye wòafia nu si anyigba la ƒe Mawu di be ameawo nawɔ la mi.” 28Ale nunɔla siwo woɖe aboyoe tso Samaria la dometɔ ɖeka va nɔ Betel eye wòfia ale si woasubɔ Yehowae wo.
29Ke hã la, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe gasubɔa woawo ŋutɔ ƒe mawuwo le du siwo me wole. Wosubɔa mawu siawo le nuxeƒe siwo Samariatɔwo wɔ da ɖi. 30Ame siwo tso Babilonia la subɔa woƒe mawu Sukot Benot. Ame siwo tso Kuta la subɔa woƒe mawu Nergal eye ame siwo tso Hamat la subɔa Asima. 31Avitɔwo subɔa woƒe mawu siwo nye Nibhaz kple Tartak eye Sefartɔwo tsɔa wo viwo gɔ̃ hã saa numevɔe le woƒe mawu siwo nye Adramelek kple Anamelek la ƒe vɔsamlekpuiwo dzi. 32Wosubɔa Yehowa hã. Woɖo nunɔlawo tso woawo ŋutɔ dome be woasa vɔ na Yehowa le vɔsamlekpui siwo nɔ toawo dzi la dzi. 33Ke wogalé dukɔ siwo me wotso la ƒe mawusubɔsubɔ ƒe kɔnyinyiwo me ɖe asi kokoko.
34Nu sia gale edzi yim le wo dome kokoko va se ɖe egbe. Wogale woƒe mawusubɔsubɔ ƒe wɔna tsãtɔwo wɔm le esime woasubɔ Yehowa nyateƒetɔe alo awɔ se siwo Yehowa na Yakob, ame si ŋkɔ wòtrɔ zu Israel dzi la teƒe. 35Esi Yehowa wɔ nubabla kple Israelviwo la, eɖoe na wo be, “Migasubɔ mawu bubu aɖeke o, miade ta agu na wo loo alo miasa vɔ na wo o. 36Ke Yehowa, ame si ɖe mi tso Egipte kple ŋusẽ triakɔ kple abɔ, si wòdo ɖe dzi lae nye ame si wòle be miasubɔ. Eyae migade ta agu na eye eyae miasa vɔwo na. 37Ele be Yakob ƒe dzidzimeviwo nawɔ Yehowa ƒe sewo katã dzi eye womasubɔ mawu bubuwo gbeɖegbeɖe o.”
38Elabena Yehowa gblɔ be, “Migaŋlɔ nubabla si mewɔ kpli mi la be o. Migasubɔ mawu bubuwo gbeɖegbeɖe o. 39Ele be miasubɔ Yehowa ɖeɖe ko; eyae aɖe mi tso miaƒe futɔwo katã ƒe asi me.” 40Ke wogbe toɖoɖo eye wogayi woƒe agbenɔnɔ tsãtɔ dzi ko. 41Esi wole Yehowa subɔm hã la, wogale woƒe legbawo subɔm. Va se ɖe egbe la, wo viwo kple woƒe tɔgbuiyɔviwo gale nu siwo wo fofowo wɔ la wɔm kokoko.

¿Sabías que…?
La Caída del Reino del Norte y el Exilio de Israel
- El rey Oseas intentó librarse del dominio asirio reteniendo el tributo y buscando una alianza con el rey So de Egipto. En respuesta, Salmanasar y el ejército asirio sitiaron Samaria durante tres años, capturando la capital y deportando a los israelitas a regiones como Halah, Gozán junto al río Habor y ciudades de los medos.Fuentes: el propio texto bíblico · Hoshea · Shalmaneser · So
- Siguiendo su política de deportación y repoblación, los gobernantes asirios trasladaron a gentes de ciudades como Babilonia, Cuta, Ava, Hamat y Sefarvaim para habitar en las ciudades de Samaria en lugar de los israelitas exiliados.Fuentes: el propio texto bíblico · Babylon · Hamath · Sepharvaim
- Cuando los leones comenzaron a atacar a los nuevos colonos, el rey de Asiria envió de regreso a un sacerdote israelita desterrado para vivir en Betel y enseñar a los recién llegados a adorar al Dios de la tierra. Esto dio lugar a un culto sincrético en el que los nuevos habitantes temían al Señor mientras seguían sirviendo a sus propios dioses ancestrales.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Samaria · 32.276, 35.195 · versículos 1, 5, 6, 24, 26, 27, 28, 29
- Assyria · 36.359, 43.153 · versículos 3, 4, 5, 6, 23, 24, 26, 27
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 4, 7, 36
- Babylon · 32.543, 44.422 · versículos 24, 30
- Hamath · Hoy: Hama · 35.136, 36.750 · versículos 24, 30
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org