2 Reyes 16
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Yuda fia, Ahaz
1Le Peka, Remalia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiadrelia me la, Ahaz, Yotam ƒe vi, zu fia le Yuda. 2Ahaz xɔ ƒe blaeve esi wòzu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe wuiade. Mewɔ nu si dzɔ le Yehowa, eƒe Mawu la ŋkume abe ale si tɔgbuia, Fia David wɔ ene o. 3Eto Israel fiawo ƒe ʋeme eye wòtsɔ Via ŋutsu gɔ̃ hã wɔ dzovɔsa eye wòdze ŋunyɔnu siwo ke dukɔ siwo Yehowa nya le Israelviwo ŋgɔ la yome. 4Esaa vɔ eye wòdoa dzudzɔ hã le nuxeƒewo le toawo dzi kple le vɔsamlekpui geɖe siwo le atiwo te la dzi.
5Siria fia Rezin kple Israel fia Peka, Remalia ƒe vi ho aʋa ɖe Ahaz ŋu eye woɖe to ɖe Yerusalem, ke womete ŋu ɖu edzi o. 6Le ɣe ma ɣi la, Siria fia Rezin gbugbɔ Siria du si nye Elat la xɔ. Enya Yudatɔwo le dua me eye wòna Edomtɔwo yi ɖanɔ afi ma; wogale Elat va se ɖe egbe. 7Fia Ahaz ɖo du ɖe Asiria fia, Tiglat Pilser eye wòɖe kuku nɛ be, “Wò subɔlawo kple viwòwoe míenye, meɖe kuku, va nàɖem tso Aram fia kple Israel fia, ame siwo tso ɖe ŋunye la ƒe asi me.” 8Ahaz tsɔ klosalo kple sika si le gbedoxɔ la kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo me la ɖo ɖe Asiria fia la abe nunana ene. 9Ale Asiriatɔwo dze Damasko, Siria ƒe fiadu dzi, woɖe aboyo dua me tɔwo yi ɖada ɖe Kir eye wowu Siria fia Rezin.
10Azɔ la, Fia Ahaz yi Damasko be yeawɔ takpekpe kple Asiria fia Tigat Pilser. Ekpɔ vɔsamlekpui aɖe le Damasko. Eŋlɔ vɔsamlekpui la ƒe dzidzemewo da ɖi, ta vɔsamlekpui la, ɖɔe tsitotsito ɖo ɖe nunɔla Uria. 11Ale nunɔla Uria tu vɔsamlekpui aɖe, wòsɔ ɖe tata si Fia Ahaz tsɔ ɖo ɖa tso Damasko la dzi eye wòwu enu hafi Fia Ahaz gbɔ. 12Esi fia la gbɔ tso Damasko eye wòkpɔ vɔsamlekpuia la, ete ɖe eŋu eye wòsa vɔwo le edzi. 13Fia la sa numevɔ kple nuɖuvɔ, kɔ nunovɔ ɖe edzi eye wòhlẽ ŋutifafavɔsa ƒe ʋu ɖe edzi. 14Etsɔ akɔblivɔsamlekpui si nɔ gbedoxɔ la ŋgɔ, le gbedoxɔ la ƒe mɔnu kple vɔsamlekpui yeye la dome la yi ɖada ɖe vɔsamlekpui yeye la ƒe axadzi le anyiehe lɔƒo. 15Fia Ahaz gblɔ na nunɔla Uria be wòawɔ vɔsamlekpui yeye la ŋu dɔ le numevɔwo, fiẽnuɖuvɔwo, fia ƒe numevɔwo kple nuɖuvɔwo kple ameawo ƒe vɔsawo kple woƒe nunovɔwo sasa me. Wòatsɔ numevɔsawo kple akpedavɔsawo ƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui yeye la ŋu, ke ye ŋutɔ yeawɔ akɔblivɔsamlekpui xoxo la ŋu dɔ hena nukaka ko.
16Nunɔla Uria, wɔ fia Ahaz ƒe ɖoɖowo dzi pɛpɛpɛ. 17Fia Ahaz ɖe nyinɔ siwo dzi nuwo nɔ le gbedoxɔ la me ɖe ga siwo wotsɔ tso gae ɖe wo nɔewo dzi kple gazɔ gã si nɔ akɔblinyiawo dzi la da ɖe kpui la dzi. 18Le bubudede Asiria fia ŋu ta la, Israel fia na woɖe Dzudzɔgbe ƒe agbadɔ si le gbedoxɔa me la ɖa eye wòna woɖe mɔnu tɔxɛ si fiawo tona gena ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la hã ɖa.
19Woŋlɔ Fia Ahaz ƒe fiaɖuɖu ƒe ŋutinya mamlɛawo kple nu siwo wòwɔ la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 20Esi Ahaz ku la, woɖii ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ le David ƒe du la me. Ke via Hezekia zu fia ɖe eteƒe.

¿Sabías que…?
El reinado de Acaz y la alianza con Asiria
- Frente a una coalición militar encabezada por el rey Rezín de Damasco y el rey Pécaj de Israel, el rey Acaz tomó plata y oro de los tesoros del templo y del palacio para asegurar la intervención de Tiglat-pileser, rey de Asiria. Los asirios respondieron tomando Damasco, ejecutando a Rezín y deportando a su población a Quir.Fuentes: el propio texto bíblico · Ahaz · Rezin · Kir
- Al visitar a Tiglat-pileser en Damasco, Acaz quedó impresionado por un altar y envió planos arquitectónicos detallados al sacerdote Urías en Jerusalén. Urías construyó la réplica en el atrio del templo antes del regreso del rey, donde pasó a ocupar el lugar central para los sacrificios en vez del altar de bronce original.Fuentes: el propio texto bíblico · Urijah · Damascus
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 2, 5
- Syria · Hoy: Aram · 33.511, 36.306 · versículos 5, 6, 7
- Edom · 30.746, 35.604 · versículo 6
- Assyria · 36.359, 43.153 · versículos 7, 8, 9, 10, 18
- Damascus · 33.511, 36.306 · versículos 9, 10, 11, 12
- City of David · 31.774, 35.236 · versículo 20
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org