2 Corintios 5
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Míaƒe nɔƒe le dziƒo
1Esia ta míenya be ne wokaka míaƒe xɔ siwo nye míaƒe ŋutilãwo la, Mawu ana ŋutilã yeye makumaku mí le dziƒo. Eye xɔ yeye siwo Mawu ana mí la menye amegbetɔwo ƒe asinudɔ o, ke Mawu ŋutɔe tu wo. 2Míele fu kpem ŋutɔ le míaƒe anyigbadziŋutilã siawo me, eya ta wòle mía dzrom vevie, eye míele mɔ kpɔm gbe sia gbe be Aƒetɔ la atsɔ dziƒoŋutilã yeyewo ava do na mí abe awu ene. 3Elabena menye gbɔgbɔ me ko míanɔ o, ke boŋ Mawu ado awu na mí esi nye dziƒoŋutilã la. 4Zi ale si míegale anyigbadziŋutilã me ko la, zi nenema ke míekpea fu siwo hea hũɖeɖe kple vevesese vaa mía dzi. Menye ɖe míebe míadzo kaba le anyigbadziŋutilã sia me o, ke boŋ míaƒe mɔkpɔkpɔe nye be Aƒetɔ la natsɔ dziƒotɔ si nye agbe la atsyɔ na mí, be wòaɖu esi me míele fifia si gblẽna la dzi. 5Mawu ŋutɔe ɖoe be tɔtrɔ sia nava míaƒe agbenɔnɔ me, eya ta wòtsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de mía me abe kpeɖodzinu ene.
6Azɔ la, míele mɔ kpɔm kple dzideƒo na dziƒoŋutilã yeye sia xɔxɔ. Míenyae be zi ale si míegale anyigbadziŋutilã me le afi sia la, míeɖo Aƒetɔ la gbɔ le dziƒo haɖe o. 7Míenya be esiawo katã le eme vavã to xɔse me, ke menye to nukpɔkpɔ kple ŋkume o. 8Ke dzideƒo blibo le mía si, eye wòdzroa mí gɔ̃ hã be míadzo le anyigbadziŋutilã sia me aɖanɔ Aƒetɔ la gbɔ le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe mavɔ la me. 9Ke míaƒe didi vevie nye be ne míele agbe le anyigbadziŋutilã sia me alo míele egbɔ le dziƒo la, míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le nu sia nu me. 10Elabena mí katã míava tsi tsitre ɖe Kristo ŋkume gbe ɖeka, be wòadrɔ̃ ʋɔnu mí, eye wòadzro míaƒe agbenɔɣinuwɔnawo me tsitotsito. Eye wòaxe fe na ame sia ame pɛpɛpɛ ɖe ale si wònɔ agbe le anyigba dzii la nu. Ne èwɔ nu nyui la, àxɔ fetu nyui eye ne èwɔ vɔ̃ la, àxɔ fetu vɔ̃.
Kristo ƒe ame dɔdɔwo
11Mawuvɔvɔ̃ si le mía me tae míeɖea gbeƒã, eye míeƒoa dzimetɔtrɔ ƒe nya la ɖe amewo katã nu be woava Aƒetɔ la gbɔ. Mawu ŋutɔ nya be míele dɔ sia wɔm kple dzimekɔkɔ, eye mexɔe se be miawo hã mienyae le miaƒe dzi me nenema tututu. 12Menye mía ɖokui kafum míele alo menye mía ɖokui dom míele ɖe dzi o, ɖeko míedi be miada ɖe mía dzi abe ame siwo nye Aƒetɔ la ƒe ame dɔdɔ vavãwo ene. Eye miate ŋu atsɔ mí aƒo adegbee alo aɖo nya ŋu na nufiala alakpatɔ siwo le mia dome, ame siwo ƒe susu koe nye be yewoƒe dzedzeme nanya kpɔ nyuie le amewo gbɔ ko, ke woƒe dziwo me do viviti tsiɖitsiɖi. 13Ne nya siawo sese ɖi le miaƒe towo me abe ɖe míaƒe susuwo da ene la, ekema le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la tae. Ke ne miedze sii be míaƒe nyawo meɖi ame siwo ƒe tagbɔ tɔtɔ tɔ o la, ekema aɖe vi geɖe na mi. 14Menye mía ŋutɔwo ƒe viɖekpɔkpɔ ta míele nu sia nu si wɔm míele la wɔm ɖo o; míele ewɔm, elabena Kristo ƒe lɔlɔ̃ le mía kplɔm. Esi míexɔe se be Aƒetɔ Yesu Kristo ku ɖe mí katã ta la, ele be míawo hã míaxɔe se be míeku na agbe xoxo siwo míenɔna tsã la. 15Nu vevitɔ si ta Kristo ku ɖe amewo katã ta lae nye be mí ame siwo le agbe fifia eye míekpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana si nye agbe mavɔ la me la, míaganɔ agbe na mía ɖokuiwo alo awɔ nu si dze mía ŋu o. Ele be míanɔ agbe na Kristo ɖeka ko, ame si ku, ke Fofo la fɔe ɖe tsitre la eye míawɔ nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu ko.
16Eya ta tso fifia dzi heyina la, migadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke le ŋutilã nu be ame sia nye amegã alo bubume alo be nɔvi kristotɔ aɖe nye nu vɔ̃ wɔla o. Ŋku ma ƒomevie míetsɔ kpɔ Kristoe tsã be enye vɔ̃wɔla, gake fifia la, meganye nenemae míegale ekpɔm o. 17Eya ta ne ame aɖe xɔ Kristo la, enye nuwɔwɔ yeye; nu xoxowo nu va yi, “kpɔ ɖa!” nuwo katã zu yeye. 18Nu siawo katã tso Mawu, ame si wɔ mí etɔwoe to Kristo dzi la gbɔ. Mawu ŋutɔ tsɔ dɔ nyui sia de asi na mí be míakplɔ ame bubuwo hã va ye gbɔe ne yeakpɔ nublanui na wo, eye woawɔ ɖeka kple ye. 19Gbeƒã si ko ɖem míele fifia lae nye be Mawu to Kristo dzi le xexea me katã kpem va eɖokui gbɔe. Magaɖo ŋku amewo ƒe nu vɔ̃wo dzi azɔ o, ke boŋ atsɔ wo ake wo eye wòatutu wo ɖa keŋ. Nukunya siae wòde asi na mí be míagblɔ na amewo katã. 20Eya ta míawo la, Kristo ƒe ame dɔdɔwoe míenye, eye Mawu le nu ƒom na mi to mía dzi. Míeto Kristo dzi hele kuku ɖem na mi be ame sia ame nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eye wòaxɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ si wòna be ne wòawɔ ɖeka kplii. 21Elabena Kristo mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, gake be míawo míakpɔ agbe ta la, Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ƒe agba dro ɖe eya amea dzi. Eye wòtsɔ eƒe dzɔdzɔenyenye ɖo eteƒe na mí katã.

¿Sabías que…?
La reconciliación y la esperanza de un hogar celestial
- Este capítulo compara la vida presente con una tienda terrenal que puede desarmarse y la contrapone a un edificio de Dios: una casa eterna en el cielo, no construida por manos humanas. En esa tienda gimen, anhelando ser vestidos con la morada celestial en vez de quedar desnudos, para que la mortalidad sea tragada por la vida.Fuentes: el propio texto bíblico
- El autor dice que Dios los preparó para esto y les dio el Espíritu como garantía de lo que ha de venir. Están confiados, pero mientras están en casa en el cuerpo están lejos del Señor, caminando por fe y no por vista; todos deben comparecer ante el tribunal de Cristo para recibir lo que les corresponde por lo hecho en el cuerpo, sea bueno o malo.Fuentes: el propio texto bíblico
- El amor de Cristo los impulsa, pues uno murió por todos, para que los que viven ya no vivan para sí mismos, sino para quien murió por ellos y resucitó. Quien está en Cristo es una nueva creación — lo viejo pasó y lo nuevo ha llegado — y son embajadores de Cristo, portadores de un mensaje de reconciliación: Dios hizo pecado, en favor de ellos, a quien no conoció pecado, para que en él llegaran a ser justicia de Dios.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org