2 Corintios 4
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Kesinɔnuwo le anyigoewo me
1Mawu ŋutɔ ƒe nublanuikpɔkpɔ mee wòtso be wòtsɔ subɔsubɔdɔ sia de asi na mí be ɖeɖi metea mía ŋu le ewɔwɔ me o. 2Ke míegbea nu le vivitimenuwɔnawo kple ŋukpenanuwɔwɔwo gbɔ. Míeblua afɔ na Mawu ƒe nya la o, ke boŋ míegblɔa nyateƒenya vavãtɔ la na ame sia ame. Míegbe nu le alakpadada gbɔ helé nyateƒe la ko me ɖe asi be amewo nanya le woƒe dzi me be míenye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋkume. 3Eya ta ne Kristo ƒe nyanyui si míele gbeƒã ɖem la gɔme sese sesẽ na ame aɖewo la, ekema ame siawo ɖo ta tsɔtsrɔ̃ me. 4Satana, ame si le dzi ɖum le xexe vɔ̃ɖi sia me fifia lae gbã dzimaxɔsetɔwo ƒe ŋkuwo eye wòtsyɔ nu woƒe susuwo dzi. Ewɔ esia be womakpɔ kekeli si tso nyanyui la me le keklẽm ɖe wo dzi la eye woase nu si gblɔm míele tso Kristo si nye Mawu ƒe nɔnɔme la ƒe ŋutikɔkɔe ŋu la gɔme o. 5Menye mía ŋutɔ ɖokuiwo ŋutie míele gbeƒã ɖem le na mi o, ke boŋ Yesu Kristo ŋutie, eye eyae nye Aƒetɔ la. Ke míawo la, míenye subɔlawo le Yesu ŋuti. 6Mawu ame si gblɔ be, “Kekeli neklẽ ɖe viviti me la,” kee nye ame si klẽ ɖe míawo hã ƒe dzi me. To esia wɔwɔ me la, ena be míexɔ kekeli la ƒe sidzedze, si nye eƒe ŋutikɔkɔe si klẽna tso Kristo me.
7Ke kesinɔnu sia le mía si le anyigoewo me, be wòaɖee fia be ŋusẽ triakɔ sia metso mía gbɔ o, ke boŋ Mawu gbɔ wòtso. 8Womimi mí ɖo le go sia go me gake womegbã mí o, míetɔtɔ gake dzi meɖe le míaƒo o, 9woti mía yome, gake Mawu megble mí ɖi o, woƒo mí ƒu anyi, gake wometsrɔ̃ mí o. 10Yesu ƒe ku le míaƒe ŋutilã me míele yiyimee gbe sia gbe, be woaɖe Yesu ƒe agbe hã ɖe go le míaƒe ŋutilã me. 11Elabena wotsɔ mí ame siwo le agbe la de asi na ku gbe sia gbe le Yesu ta, be woaɖe eƒe agbe ɖe go le míaƒe ŋutilã si le kuku ge la me. 12Eya ta ku le dɔ wɔm le mía me, gake agbe le dɔ wɔm le miawo me.
13Abe ale si woŋlɔ ɖe mawunya me ene be, “Mexɔe se, eya ta meƒo nu ɖo” la, nenema ke míawo hã míexɔe se, eya ta míadzudzɔ nuƒoƒo o. 14Míenya be Mawu, ame si fɔ Aƒetɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la afɔ míawo hã kple Kristo ɖe tsitre, eye wòatsɔ mí kple miawo siaa nɛ. 15Míaƒe fukpekpe siawo katã nye viɖe geɖe na mi, eye zi ale si míeɖe gbeƒã Mawu ƒe amenuveve sia na ame geɖewo, eye wokpɔ gome le eme la, zi nenema ke woatsɔ kafukafu kple akpedada na Aƒetɔ la.
16Esia ta ɖeɖi metea mía ŋu o, eye míana ta o. Togbɔ be míaƒe ŋutilãwo le gbɔdzɔgbɔdzɔm hã la, ŋusẽ si tso Aƒetɔ la gbɔ, eye wòle mía me la le tsitsim ɖe edzi gbe sia gbe. 17Xaxa kple fuwɔame siwo katã le mía dzi vam fifia la nu gbɔna yiyi ge kpuie, eye le esia teƒe la, Mawu ana eƒe yayrawo kple ŋutikɔkɔe si ƒo nuwo katã ta la mí ɖaa. 18Susu sia ta míetsɔa míaƒe ŋkuwo dana ɖe nu siwo kpɔm míele fifia la dzi o, ke boŋ míetsɔa míaƒe ŋkuwo dana ɖe nu siwo míekpɔna o la dzi, elabena nu siwo wokpɔna la nu mesena yina o, ke nu siwo womekpɔna o la nɔa anyi tegbee.

¿Sabías que…?
Tesoro en vasijas de barro
- En este capítulo, quienes hablan dicen que, porque Dios en su misericordia les ha dado este ministerio, no se desaniman. Han renunciado a caminos secretos y vergonzosos: no practican el engaño ni distorsionan la palabra de Dios, sino que, mediante la proclamación abierta de la verdad, se recomiendan a la conciencia de cada persona delante de Dios.Fuentes: el propio texto bíblico
- Su mensaje se presenta como un tesoro guardado en vasijas de barro, para que se muestre que este poder incomparablemente grande viene de Dios y no de ellos. El mismo contraste recorre sus dificultades: presionados por todos lados, pero no aplastados; perplejos, pero no desesperados; perseguidos, pero no abandonados; derribados, pero no destruidos.Fuentes: el propio texto bíblico
- La luz es la otra imagen central del capítulo. Dios, que dijo: "Que la luz brille desde las tinieblas", es presentado como quien hizo brillar su luz en el corazón de ellos, para dar la luz del conocimiento de la gloria de Dios en el rostro de Jesucristo. No se proclaman a sí mismos, sino a Jesucristo como Señor, y a sí mismos como siervos de aquellos a quienes se dirigen, por causa de Jesús; si el evangelio está velado, el texto dice que está velado para los que perecen, cuyas mentes ha cegado "el dios de esta era".Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org