Nations Bible

2 Corintios 11

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Paulo kple aʋatsopostolowo

1Mexɔ se be miagbɔ dzi ɖi ase nye movinya siwo gblɔm mele na mi. Miɖo to ne magblɔ nye dzimenyawo na mi. 2Metsɔ Mawu ƒe ŋuʋaʋã le ŋu ʋãm le mia ŋu; elabena medo mia ŋugbe na ŋutsu ɖeka, si nye Kristo be mianye eya ɖeka ko tɔ, abe ale si ɖetugbi dzadzɛ tsɔa eƒe lɔlɔ̃ naa ŋutsu si ƒe ŋugbe wodo nɛ la ene. 3Gake mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu be ɖewohĩ la, ame aɖe ava ble mi, eye wòatrɔ miaƒe susu ɖa tso dzimekɔkɔ si mietsɔ na Kristo gbɔ, abe ale si da dzeaye ma ble Eva ene. 4Nu si ta mele esiawo gblɔm lae nye be edze nam be mia beble le bɔbɔe, eye ne ame aɖe va mia gbɔ va ɖe gbeƒã Yesu bubu si to vovo tso esi ŋuti míefia nu mi le la gbɔ alo wòfia nu bubu sãa mi alo ƒo nu tso gbɔgbɔ bubu aɖe si mesɔ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe si miexɔ o ŋuti la, miexɔa ame ma dzi sena bɔbɔe. 5Ke nye Paulo mexɔe se be ame siwo nɔa wo ɖokuiwo yɔm be Mawu ƒe ame dɔdɔwo yewonye la menyo wum le mɔ aɖeke nu o. 6Ne nyemeɖea ami ɖe nye nuƒo abe ale si woawo wɔnɛ ene o hã la, menya nu si tututu gblɔm mele elabena Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ me meƒoa nu le abe ale si miawo ŋutɔ mienya ene. 7Azɔ esi meva mia gbɔ, eye meɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la na mi le ɖokuibɔbɔɖeanyi blibo me, eye nyemexɔ naneke le mia si o la, eyae nye nu vɔ̃ si mewɔ ɖe mia ŋu eya ta miebum ɖe naneke me oa? 8Le ɣeyiɣi si me menɔ gbeƒã ɖem le mia gbɔ la, hame bubuwoe nɔ dzinye kpɔm. Ale be wòva zu be mexɔ nu siwo hame bubuwo nam la hetsɔ wɔ dɔe le mia gbɔ. 9Esi menɔ mia gbɔ, eye nanewo va hiãm la, nyemebia mi o, ke boŋ kristotɔ siwo tso Makedonia va gbɔnye lae tsɔ nu siawo nu vɛ nam. Meɖoe be nyemanye agba na mi o, eya tae nyemebia pesewa ɖeka hã va se ɖe fifia o, eye nyemabia mi hã gbeɖegbeɖe o. 10Abe ale si Kristo ƒe nyateƒe la le menye ene la, ame aɖeke mate ŋu atrɔ nye susu sia o, eye mana nɔvi siwo katã le Akaya nutowo me la hã nanya nu le esia ŋuti. 11Ame aɖe agblɔ be ɖe nyemelɔ̃ mi Kristotɔwo o, eya ta megblɔ esia ɖo, gake mele eme nenema o, elabena Mawu ŋutɔ gɔ̃ hã nya be melɔ̃ mi vevie.

12Ke mawɔ nu si meɖo la dzi be matsɔ ɖe ke le miaƒe apostolo siwo le adegbe ƒom be yewo hã Mawu ƒe dɔ ko wɔm yewole abe míawo ke ene la te. 13Nenɔ nyanya me na mi be menye Mawue dɔ aʋatsopostolo mawo o. Alakpatɔwo wonye, eye wodze agbagba ble mi be Kristo ƒe apostolowo yewonye. 14Esia mewɔ nuku nam o, elabena Satana ŋutɔ hã tea ŋu trɔa eɖokui ɣe aɖewo ɣi abe Mawudɔla ene. 15Eya ta menye nu wɔnuku aɖeke wònye kura be Satana ƒe dɔlawo trɔ wo ɖokuiwo abe Kristo ƒe dɔlawo ene o, gake le nuwuwu la, woahe to na wo ɖe woƒe nuwɔnawo ta.

Paulo ƒo adegbe le eƒe fukpekpewo ŋuti

16Megale kuku ɖem na mi be migabu be ɖe nyemenya ale si maƒo nu abe ame mawo ene o, eye nenye be nyemenya ale si maƒo nu abe woawo ene o hã la, miɖe mɔ nam be maƒo nu abe abunɛtɔ ene, eye nye hã maƒo adegbe vie abe woawo ene. 17Adegbe sia ƒoƒo kple kakaɖedzi menye nu si Aƒetɔ la di tso asinye be mawɔ o, gake mele eƒo ge abe ale si ame tagbɔmanɔsitɔ ƒoa nue ene. 18Abe ale si ame geɖewo ƒoa adegbe be yewonye ame tɔxɛwo le xexea me ene la, nenema ke nye hã mele wɔwɔ ge fifi laa. 19Miebe nunyalawoe yewonye, gake mieɖoa to bometsinyawo dzidzɔtɔe. 20Mielɔ̃ wotsɔ mi wɔ kluviwoe, woɖoa nu siwo menyo o la na mi miewɔna, wona miekpɔ wo dzi, wowɔa wo ɖokuiwo glodzoo eye wokaa mo na mi ɖe madzɔmadzɔ dzi gake miekea nu o. 21Enye ŋukpe nam be magblɔ be dzideƒo kple ŋusẽ mele asinye be maƒo nu nenema o, ke nu sia nu si ŋu woaƒo adegbe le la nye hã mate ŋu aƒo adegbe le nenem nu ma ŋu, eye enye dada nam be megale nu ƒom abe bometsila ene. 22Woƒoa adegbe be Hebritɔwo yewonye, nye hã Hebritɔ menye. Wobe Israelviwo yewonye, nye hã Israelvi menye, eye wobe Abraham ƒe dzidzimeviwoe yewonye, nye hã Abraham ƒe dzidzimevie menye. 23(Megale nu ƒom dadatɔe abe ame si ƒe tagbɔ da ene.) Wobe Kristo ƒe subɔlawo yewonyea? Gake mesubɔa Kristo wu wo katã, eye mewɔ dɔ wu wo elabena le Kristo ta wodem gaxɔ me zi geɖe, woƒom kutɔkutɔe, eye ɣe aɖewo ɣi gɔ̃ hã la, medea tsiẽƒe gagbɔna. 24Yudatɔwo ƒom zi atɔ̃ sɔŋ eye le ƒoƒo ɖe sia ɖe me la, woƒom zi blaetɔ̃-vɔ-asiekɛ. 25Romatɔwo hã ƒom zi etɔ̃ kple gakawo, eye woƒu kpem zi ɖeka. Menɔ tɔdziʋu me wògbã zi etɔ̃ sɔŋ; ɣe aɖe ɣi gɔ̃ hã la, mege dze atsiaƒu me, eye menɔ atsiaƒu gbana la me zã ɖeka kple ŋkeke ɖeka. 26Mezɔ mɔ didi teɖeɖiameŋu geɖewo, eye nye agbe ɖo xaxa me le tɔɖɔɖɔ, fiafitɔwo, Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo ta. Le nyateƒe me la, meto dzɔgbevɔ̃ewo me le afi sia afi si mede la, le du gãwo me, gbedzi kple ƒu dzi siaa. Nenema ke ame siwo be yewonye nɔviwo le Kristo me, evɔ mele eme nenema o hã do ŋɔdzi na nye agbe. 27Le dɔwɔwɔ fũu ta la, ɖeɖi tea ŋunye, eye metsi zãdomadɔlɔ̃e zi geɖe. Dɔ kple tsikɔ wuam zi geɖe. Dɔƒe hã menɔa asinye o, eye le zã me la, vuvɔ wɔam, elabena avɔ titri menɔ asinye o. 28Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, metsina dzodzodzoe enuenu tso hamewo ƒe tsitsi ɖe edzi ŋuti. 29Ne ame aɖe le hame aɖe me si gbɔdzɔ la, etena ɖe dzinye, eye nye hã megbɔdzɔna enumake eye ne hamevi aɖe wɔ nu vɔ̃ eye wòdze anyi la, enana be nuxaxa yɔa nye dzi me.

30Azɔ ne medi be maƒo adegbe la, ɖeko maƒoe le nu siwo nana be ŋusẽ mele ŋunye o la ŋu. 31Mawu, ame si nye Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, eye wòdze kafukafu tso mavɔ me yi mavɔ me la hã nya be nyateƒe gblɔm mele. 32Esi menɔ Damasko la, fia Areta ɖo asrafowo dua ƒe agbowo nu be woalém, 33gake nɔvi siwo le afi ma la de ka kusi ŋu, eye wokɔm da ɖe kusi la me hetsɔ to fesre si le glia me la me, eye mesi dzo le egbɔ.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

La jactancia insensata y los falsos apóstoles

  • El capítulo termina con la huida de Pablo de Damasco, donde el gobernador del rey Aretas había puesto la ciudad bajo vigilancia para arrestarlo, y fue bajado en una canasta por una ventana de la muralla. El Easton's Bible Dictionary (1897) identifica a Aretas como rey de Arabia Pétrea y dice que, tras la muerte del emperador Tiberio en el año 37 d.C., Aretas tomó posesión de Damasco, cuando Pablo regresó allí desde Arabia. El mismo diccionario llama a Damasco la más antigua de las ciudades orientales y la capital de Siria, a unas 133 millas al norte de Jerusalén.Fuentes: el propio texto bíblico · Aretas · Damascus
  • Pablo dice que, cuando estaba con ellos y tenía necesidad, no fue una carga para nadie, porque hermanos venidos de Macedonia suplieron sus necesidades, y que esta jactancia no será silenciada en las regiones de Acaya. En tiempos del Nuevo Testamento, Macedonia era una provincia romana al norte de Grecia, gobernada por un propretor con el título de procónsul. Acaya, en el sentido en que el nombre se usa en el Nuevo Testamento, era la otra provincia romana, que abarcaba el Peloponeso y el sur de Grecia.Fuentes: el propio texto bíblico · Macedonia · Achaia
  • Pablo teme que las mentes de sus lectores sean extraviadas de su sencilla y pura devoción a Cristo, así como Eva fue engañada por la astucia de la serpiente, y advierte que falsos apóstoles se disfrazan de apóstoles de Cristo. Añade que esto no es de extrañar, pues Satanás mismo se disfraza de ángel de luz, y sus siervos, de siervos de justicia. Un artículo de diccionario señala que Satanás, que significa adversario o acusador, también es llamado la serpiente antigua y, en esta misma carta, el dios de este mundo.Fuentes: el propio texto bíblico · Satan

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Macedonia · 41.600, 22.540 · versículo 9
  • Achaia · 38.720, 22.540 · versículo 10
  • Damascus · 33.511, 36.306 · versículo 32

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.