2 Corintios 10
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Paulo ʋli eƒe apostolonyenye ta
1Azɔ la, nye Paulo ŋutɔ mele nu xlɔ̃m mi kple dzigbɔɖi kple tufafa abe ale si Kristo ŋutɔ awɔ ene. Ke mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, ne mele adzɔge la, nye nya dzi “sesẽna”, gake ne meva yewo gbɔ ko la, menɔa anyi abe “vɔvɔ̃nɔtɔ” ene. 2Mele kuku ɖem na mi be migana makplɔ mi kple asi sesẽ ne meva mia gbɔ o. Menya be ŋusẽ le asinye mazã ɖe ame siwo buna le mia dome be amegbetɔ ƒe nunya kple ŋusẽ ko metsɔ le dɔ wɔmii la dzi, gake nyemedi be mawɔ alea o. 3Enye nyateƒe be míele ŋutilã me zɔm gake, míewɔa aʋa le ŋutilã nu o. 4Menye amegbetɔwo ƒe aʋawɔnuwo míezãna o, ke boŋ Mawu ƒe ŋusẽ si tri akɔ wu nu sia nu lae míetsɔna ɖua Abosam ƒe ŋusẽwo katã dzi. 5Míetsɔa Mawu ƒe ŋusẽ sia ɖua nya vlo siwo katã amegbetɔwo gblɔna ɖe Mawu ŋuti la dzi, eye eyae míetsɔna gbãa nugɔmemasemase ƒe gli si wòtu ƒo xlã amewo be woagadze si Mawu o. Eye to ŋusẽ sia me la, míeléa ame si dze aglã ɖe Mawu ŋuti la kluvii be wòatrɔ gbɔ va Mawu gbɔ, eye míetrɔa eƒe susuwo be wòaɖo to Kristo. 6Eye míele dzadzraɖo me be ne miaƒe toɖoɖo made blibo o la, ekema míahe to na ame siwo me aglãdzegbɔgbɔ gale la.
7Nu si le fu ɖem na mi lae nye be mietsɔ ameŋkumekpɔkpɔ ɖo dɔe, eye miele nye hã kpɔm be ŋusẽ aɖeke mele ŋunye o. Ke medi be miase egɔme be ne ame aɖe ate ŋu agblɔ be Kristo ƒe ŋusẽ le ye si tututu la, míawo hã míate ŋu agblɔ esia. 8Ɖewohĩ la, awɔ na mi abe ɖe mele adegbe ƒom akpa le Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ si wònam la ta ene, gake nye la, menye ŋukpe nam o, elabena ɖe wòna ŋusẽ siam be matsɔ tu mi ɖe edzi, menye be matsɔ agblẽ nu le mia ŋu o. 9Nyemedi be miabu be ɖeko mele vɔvɔ̃ dom na mi kple nye agbalẽwo o. 10Mia dometɔ aɖewo gblɔ be, “Ne ele adzɔge la, eyae wòŋlɔa agbalẽ nɔa ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ dom na ame, gake ne eya ŋutɔ va la, megatea ŋu gblɔa nya mawo dometɔ aɖeke o, ke boŋ eƒoa nu abe ɖevi ene.” 11Ke medi be ame siwo le nya mawo gblɔm la, nadzra ɖo ɖi, elabena ne míeva la, ŋusẽ si míetsɔ ŋlɔ agbalẽawo la, míele eɖe ge afia wo.
12Míedi be míawɔ abe ale si mia dometɔ aɖewo wɔna nɔa wo ɖokuiwo kafum eye wonɔa nya ʋlim le wo ɖokuiwo dome be ame kae nye gãtɔ hã o. Nu siawo katã nye movidzɔdzɔ be miadi be yewoakpɔ be, ame kae nye gãtɔ wu le yewo dome hã? 13Ke míawo la, míaƒo adegbe le nu si le mía si la ko ŋu; míaƒo adegbe le dɔ si Mawu de mía si be míawɔ, eye esi míewɔ le mia dome la koe nye míaƒe taɖodzinu. 14Míedze agɔ ne míegblɔ be ŋusẽ le mía si ɖe mia dzi o, elabena míawoe nye ame gbãtɔ siwo tsɔ Kristo ƒe nyanyui la vɛ na mi. 15Eye menye ɖe míele didim be míaƒo adegbe le ame bubu ƒe dɔ si wòwɔ le mia dome la ta o, ke míaƒe didi vevie nye be miaƒe xɔse natsi ɖe edzi be míate ŋu awɔ dɔ gãwo le mia dome le ɖoɖo si wona mí la nu. 16Le esia megbe la, miate ŋu akpɔ mɔ atsɔ Kristo ƒe nyanyui la ayii na dukɔ siwo le adzɔge le mia gbɔ afi si ame aɖeke mede haɖe o, be woawo hã nadze si Kristo. Ale be ame aɖeke magagblɔ be yee nye ame gbãtɔ si tsɔ nyanyui la yi du ma me hafi míeva o. 17Mawunya gblɔe be, “Ame sia ame si di be yeaƒo adegbe la naƒoe le nu si Aƒetɔ la wɔ la ko ŋu.” 18Elabena ame si ƒoa adegbe le eya ŋutɔ ƒe dɔwo ŋuti la medzea Aƒetɔ la ŋu o, ke ame si ƒe dɔwɔwɔ ŋu Aƒetɔ la kpɔ ŋudzedze nyui le lae nye dɔwɔla nyuitɔ.

¿Sabías que…?
Cartas, presencia y una guerra que no es de este mundo
- Algunas personas juzgaban a Pablo por la apariencia y por su manera de hablar. Admitían que sus cartas eran pesadas y enérgicas, pero decían que su presencia física no impresionaba y que su hablar no tenía valor. Él responde que lo que es en las cartas cuando está ausente, lo será también en sus acciones cuando esté presente.Fuentes: el propio texto bíblico
- Describe el conflicto en términos militares, pero no como una lucha ordinaria. Vivir en la carne, dice, no significa hacer la guerra según la carne. Las armas de las que habla no son las del mundo; tienen poder divino para derribar fortalezas, deshacer argumentos y toda pretensión levantada contra el conocimiento de Dios, y llevar todo pensamiento a la obediencia a Cristo.Fuentes: el propio texto bíblico
- Pablo no quiere gloriarse más allá del campo de influencia que Dios le ha asignado, un campo que ya incluye a sus lectores, pues fue el primero en llegar a ellos con el evangelio de Cristo. Quien se gloríe, dice, debe gloriarse en el Señor; la aprobación no es de quien se recomienda a sí mismo, sino de aquel a quien el Señor recomienda.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Corinth · 37.906, 22.879 · versículo 14
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org