2 Crónicas 29
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Hezekia kɔ Gbedoxɔ la ŋu
1Hezekia dze fiaɖuɖu gɔme esi wòxɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃. Eɖu fia ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Abiya, Zekaria ƒe vinyɔnu. 2Eɖu fia nyuie le Mawu ƒe ŋkume abe fofoa, David ene.
3Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ ƒe ɣleti gbãtɔ me la, eʋu gbedoxɔ la eye wòdzra ʋɔtruawo ɖo. 4Eyɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒo ƒu wo ɖe yaxɔƒe si nɔ ɣedzeƒe lɔƒo 5eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, Levitɔwo! Mikɔ mia ɖokuiwo ŋu fifia eye miakɔ Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ la hã ŋu. Miɖe gudoamenuwo katã ɖa le Kɔkɔeƒe la. 6Mía fofowo wɔ nu vɔ̃ gã aɖe le Yehowa, mía Mawu, ŋkume. Wogble Yehowa kple eƒe gbedoxɔ la ɖi eye wotrɔ megbe dee. 7Wotu ʋɔawo goŋgoŋgoŋ, wotsi akaɖi si nɔa bibim la eye womegadoa dzudzɔ alo sãa numevɔ hã o 8eya ta Yehowa do dɔmedzoe ɖe Yuda kple Yerusalem ŋu. Ena míezu ŋɔdzidonamenuwo kple alɔmeɖenuwo abe ale si miele ekpɔm egbea ene. 9Wowu mía fofowo le aʋa me eye woɖe aboyo mía vinyɔnuwo kple mía srɔ̃wo le esia ta.
10“Azɔ la, medi be mawɔ nubabla kple Yehowa, Israel ƒe Mawu la ale be wòaɖe eƒe dɔmedzoe helihelĩ la ɖa le mía dzi. 11Vinyewo, migagbe miaƒe dɔdeasiwo wɔwɔ azɔ o elabena miawoe Yehowa tia be miasubɔ ye eye miado dzudzɔ na ye.”
12Levitɔwo ƒe vi siwo nɔ afi ma hena subɔsubɔdɔ la woe nye:
ame siwo tso Kohat ƒe hlɔ̃ me:
Mahat, Amasai ƒe vi; Yoel, Azaria ƒe vi.
Ame siwo tso Merari ƒe hlɔ̃ me:
Kis, Abdi ƒe vi kple Azaria, Yehalelel ƒe vi.
Ame siwo tso Gerson ƒe hlɔ̃ me:
Yoas, Zima ƒe vi kple Eden, Yoa ƒe vi.
13Ame siwo tso Elizafan ƒe hlɔ̃ me:
Yeiel kple Simri.
Ame siwo tso Asaf ƒe hlɔ̃ me:
Zekaria kple Matania.
14Ame siwo tso Heman ƒe hlɔ̃ me:
Yehiel kple Simei.
Ame siwo tso Yedutun ƒe hlɔ̃ me.
Semaya kple Uziel.
15Woawo hã yɔ Levitɔ bubuawo, wokɔ wo ɖokuiwo ŋuti eye wode asi gbedoxɔ la dzadzraɖo kple eŋu kɔkɔ me, abe ale si fia la gblɔ Yehowa ƒe nya na wo eye wòɖe gbe na wo be woawɔ ene. 16Nunɔlawo dzra xɔ emetɔ le gbedoxɔ la me ɖo eye wolɔ ʋuʋudedi kple nu gbegblẽwo katã tso afi ma va kɔ ɖe xɔxɔnu. Levitɔwo lɔ nu siawo yi Kidron tɔʋu la me. 17Wodze nu siawo katã wɔwɔ gɔme le Ɣleti gbatɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi eye woɖo xɔxɔnu egodotɔ le ŋkeke enyilia dzi. Wowɔ dɔ le afi sia hã ŋkeke enyi; ale wotsɔ ŋkeke wuiade wɔ dɔ blibo lae.
18Le esia megbe la, wotrɔ yi Fia Hezekia gbɔ le eƒe fiasã la me eye wogblɔ nɛ be, “Míewu gbedoxɔ la, numevɔsamlekpui la, Ŋkumeɖobolo ƒe kplɔ̃ la kple eŋunuwo ŋu kɔkɔ nu. 19Gawu la, míefɔ gbedoxɔmenu siwo Fia Ahaz tsɔ ƒu gbe esi wòtu gbedoxɔ la eye míekɔ woawo hã ŋuti. Míetsɔ wo da ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la gbɔ.”
20Esi ŋu ke ŋdi kanyaa la, Fia Hezekia yi Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple dumegãwo. 21Wotsɔ nyitsu adre, agbo adre, alẽvi adre kple gbɔ̃tsu adre sa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ɖe fiaɖuƒe, Kɔkɔeƒe la kple Yuda ta. Egblɔ na nunɔlaawo, Aron ƒe dzidzimeviwo, be woatsɔ wo asa vɔe le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi. 22Ale wowu nyitsuawo eye nunɔlaawo tsɔ ʋua hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Emegbe wowu agboawo eye wotsɔ woƒe ʋu hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Nenema ke wowu alẽviawo eye wotsɔ eƒe ʋu hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu. 23Wokplɔ gbɔ̃tsu siwo wotsɔ vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la va fia la kple ameha la ŋkume eye woda woƒe asiwo ɖe wo dzi. 24Le esia megbe la, nunɔlaawo wu gbɔ̃tsuawo eye wotsɔ woƒe ʋu sa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa le vɔsamlekpui la dzi be wòalé avu ɖe Israel blibo la nu abe ale si fia la ɖoe ene elabena fia la ɖo be woasa numevɔ la kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la ɖe dukɔ blibo la nu.
25Eda Levitɔwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo abe ale si David kple Gad, fia la ƒe nukpɔla kple Natan, nyagblɔɖila la ɖoe da ɖi la ene. Yehowae de se sia to eƒe nyagblɔɖilawo dzi. 26Ale Levitɔwo nɔ klalo kple David ƒe haƒonuwo eye nunɔlaawo nɔ klalo kple woƒe kpẽwo. 27Hezekia ɖe gbe be woawɔ numevɔsa la le vɔsamlekpui la dzi. Esi wodze vɔsasa la gɔme la, hadzidzi na Yehowa hã dze egɔme eye kpẽkuku kple hadzidziŋunu siwo Israel fia David wɔ la kplɔe ɖo. 28Esime hadzilawo nɔ ha dzim eye wonɔ kpẽawo kum la, ameha blibo la de ta agu hesubɔ. Esiawo yi edzi va se ɖe esime numevɔsa la wu enu.
29Esi vɔsawo wu enu la, fia la kple ame siwo katã nɔ teƒea kplii la dze klo hesubɔ. 30Fia Hezekia kple eŋumewo ɖe gbe na Levitɔwo be woakafu Yehowa kple David kple nukpɔla Asaf ƒe hagbewo. Ale wodzi kafukafuhawo kple dzidzɔ eye wode woƒe tawo agu hesubɔ.
31Hezekia gblɔ be, “Míewu ŋutikɔkɔ ƒe kɔnuwo nu, azɔ la, mitsɔ miaƒe nunanawo kple akpedavɔsanuwo vɛ.” Ale ameawo tso dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe tsɔ woƒe nunanawo kple akpedavɔsanuwo vɛ eye ame siwo lɔ̃ la, tsɔ numevɔsanuwo hã vɛ.
32Nu siwo ameha la tsɔ vɛ na numevɔsa lae nye nyitsu blaadre, agbo alafa ɖeka (100) kple agbovi alafa eve (200). Wotsɔ nu siawo katã vɛ hena numevɔsasa na Yehowa. 33Ke lã siwo ŋuti wokɔ abe vɔsalãwo ene la, le nyitsu alafa ade (600), alẽ kple gbɔ̃ akpe etɔ̃ (3,000). 34Ke nunɔlawo mesɔ gbɔ na numevɔ la sasa o, ale wo nɔvi Levitɔwo kpe ɖe wo ŋu va se ɖe esime wowu dɔ la nu eye va se ɖe esime nunɔla geɖewo va dɔwɔƒe la; elabena Levitɔwo nɔ klalo be yewoakɔ yewo ɖokuiwo ŋu wu ale si nunɔlawo nɔ klaloe. 35Numevɔsawo sɔ gbɔ kpe ɖe woƒe nunovɔsawo ŋu eye akpedavɔsawo hã sɔ gbɔ.
Ale wogadze mawusubɔsubɔ kple vɔwo sasa gɔme le gbedoxɔ la me. 36Hezekia kple ameawo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le nu siwo Mawu wɔ le ɣeyiɣi kpui ma me la ta.
¿Sabías que…?
Ezequías purifica y reabre el Templo
- Inmediatamente al asumir el trono, el rey Ezequías abrió y reparó las puertas del templo en el primer mes de su primer año, revirtiendo el abandono y los desórdenes idólatras del reinado de su padre, Acaz.Fuentes: el propio texto bíblico · Hezekiah
- La purificación del santuario tomó dieciséis días: los sacerdotes entraron al interior del templo para sacar los objetos impuros al atrio, y los levitas llevaron los desechos fuera de la ciudad, al torrente de Cedrón.Fuentes: el propio texto bíblico · Kidron
- Al reanudar el culto habitual, Ezequías dispuso a los levitas para cantar y tocar instrumentos musicales según las ordenanzas del rey David, de Gad y de Natán, utilizando las palabras de David y del vidente Asaf.Fuentes: el propio texto bíblico · David · Asaph (Levite)
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 1, 8
- East Square · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 4
- Holy Place · Hoy: on Mount Moriah · 31.778, 35.236 · versículos 5, 7
- Kidron · Hoy: Kidron River · 31.780, 35.240 · versículo 16
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org