2 Crónicas 28
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Yuda fia, Ahaz
1Ahaz xɔ ƒe blaeve esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem, ke mewɔ nu si dzɔ le Yehowa ŋkume abe tɔgbuia David ene o. 2Edze fia siwo nɔ Israel la ƒe kpɔɖeŋuwo yome eye wòsubɔ Baal ƒe legbawo. 3Edea Ben Hinom ƒe Balime gɔ̃ hã, menye be yeado dzudzɔ na legbawo ko o, ke boŋ etsɔ eya ŋutɔ viawo sa vɔe le dzo me abe ale si trɔ̃subɔla siwo Yehowa nya le anyigba la dzi be Israel nakpɔ teƒe la wɔna ene. 4Esa vɔ eye wòdoa dzudzɔ hã le nuxeƒewo le toawo dzi kple le vɔsamlekpui geɖe siwo le atiwo te la dzi.
5Nu sia ta Yehowa Mawu tsɔe de asi na Aram fia eye wosii heɖe aboyo eƒe ame geɖewo yi Damasko.
Wotsɔe de asi na Israel fia hã, ame si sii vevie ŋutɔ. 6Le ŋkeke ɖeka pɛ aɖe dzi la, Peka, Remalia ƒe vi, wu Yudatɔwo ƒe aʋawɔla kalẽtɔ akpe alafa ɖeka blaeve (120,000) sɔŋ elabena wotrɔ le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, yome. 7Emegbe la, Zikri, aʋawɔla sesẽ aɖe, tso Efraim, wu fiavi, Maaseya kple fia la ƒe kpeɖeŋutɔ, Azrikam kple Elkana, ame si nye ŋusẽtɔ evelia kplɔ fia la ɖo. 8Israelviwo ƒe aʋakɔwo ɖe aboyo Yudatɔwo ƒe nyɔnu kple ɖevi akpe alafa eve (200,000) eye woha afunyinu geɖewo tsɔ yi Samaria.
9Ke Obed, Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe nɔ afi ma le Samaria. Èɖado go aʋakɔ si trɔ gbɔna aƒe eye wòdo ɣli be, “Kpɔ ɖa! Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, do dɔmedzoe ɖe Yuda ŋu eye wòna miesi eƒe amewo eye miewu wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Nu sia medze dziƒo blibo la ŋu o. 10Azɔ la, ɖe miele nana ge Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo siaa nazu kluviwoa? Mieɖo ŋku miawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ gbogbo siwo miewɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu ŋuti dzi oa? 11Miɖo tom eye miagbugbɔ miaƒe ƒometɔwo ayi wo dewoe kpoo elabena azɔ la, Yehowa ƒe dɔmedzoe le bibim sesĩe ɖe mia ŋu.”
12Efraim ƒe kplɔlawo ƒe amegã aɖewo hã ƒo nu tsi tsitre ɖe nuwɔna sia ŋu. Ame siawoe nye Azaria, Yehohanan ƒe vi kple Berekia, Mesilemɔt ƒe vi kple Yehizkiya, Salum ƒe vi kple Amasa, Hadlai ƒe vi.
13Wogblɔ be, “Miekpɔ mɔ akplɔ aboyomeawo va afi sia o. Ne miekplɔ wo vɛ la, Yehowa ado dɔmedzoe eye nu vɔ̃ sia akpe ɖe miaƒe nu vɔ̃ bubu geɖeawo ŋu. Dɔmedzoe si Mawu do ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ xoxo.”
14Ale asrafomegãwo tsɔ aboyomeawo kple afunyinuawo de asi na dukɔa kplɔlawo be woabu ta me tso nu si woawɔ kple wo la ŋu. 15Ame ene siwo woyɔ va yi la, ma awuwo tso afunyinuawo me na nyɔnu kple ɖevi siwo hiã awuwo eye wotsɔ afɔkpawo, nuɖuɖu kple wain na wo. Wotsɔ dɔnɔwo kple ame tsitsiwo ɖe tedziwo dzi, gbugbɔ wo yi na woƒe ƒometɔwo le Yeriko, Detiwo Ƒe Du me eye ame siwo kplɔ wo yi la trɔ va Samaria.
16Le ɣe ma ɣi me la, fia Ahaz dɔ ame ɖo ɖe Asiria fiawo be woava xɔ na ye. 17Edomtɔwo gava dze Yuda dzi eye woɖe aboyo ameawo 18le esime Filistitɔwo va ha du siwo nɔ togbeawo dzi kple esiwo nɔ Negev le Yuda. Woxɔ du siawo: Bet Semes, Aiyalon kple Gederot Timna, Soko kple Gimzo kpakple kɔƒe siwo ƒo xlã wo eye wonɔ wo me. 19Esia va eme elabena Yehowa bɔbɔ Yuda ɖe anyi le Yuda fia, Ahaz ƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ ta elabena egblẽ Yudatɔwo ƒe gbɔgbɔmegbenɔnɔ me eye menɔ Yehowa yome o. 20Ke esi Asiria fia Tilgat Pilneser va ɖo la, eɖe fu na Fia Ahaz le esime wòakpe ɖe eŋu teƒe. 21Ale, Ahaz tsɔ nu siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ la kple fiasã la me ƒe akpa aɖewo kpakple dɔnunɔlawo tɔ hetsɔ na Asiria fia la gake egbe kpekpe ɖe eŋu.
22Fia Ahaz ŋlɔ Mawu be le eƒe xaxaɣi sia me. 23Esa vɔ na Damaskotɔ siwo ɖu edzi le aʋa me la ƒe mawuwo elabena ebu be, mawu siawoe kpe ɖe Siria fia ŋu eya ta woakpe ɖe ye hã ŋu ne yesa vɔ na wo. Ke mawu mawo boŋue he dzɔgbevɔ̃e va eya ŋutɔ kple Israel katã dzi. 24Fia la tsɔ sikatreawo tso gbedoxɔ la me eye wògbã wo kakɛkakɛ. Etu gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo ale be ame aɖeke magasubɔ Mawu le afi ma o eye wòɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yerusalem ƒe dzogoe ɖe sia ɖe dzi. 25Gawu la, ewɔ nu ma ke le Yuda ƒe du ɖe sia ɖe me eye wòto esia me do dɔmedzoe na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu.
26Woŋlɔ nu tso Fia Ahazia ƒe agbenɔnɔ kple nuwɔwɔ bubuawo tso gɔmedzedzea va se nuwuwu ŋu ɖe Yuda fiawo kple Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me. 27Esi Fia Ahaz ku la, woɖii ɖe Yerusalem du la me, ke menye ɖe fiawo ƒe ɖiƒe o, eye via Hezekia zu fia ɖe eteƒe.

¿Sabías que…?
El Reinado y las Crisis del Rey Acaz
- Después de que el reino del norte de Israel derrotara a Judá y llevara 200.000 cautivos a Samaria, el profeta Oded y varios líderes de Efraín intervinieron. Recordando al ejército que los cautivos eran sus hermanos, se negaron a esclavizarlos, les dieron alimento, vestimenta y asnos, y los escoltaron a salvo hasta Jericó.Fuentes: el propio texto bíblico
- Acosado por las invasiones de Aram, Israel, Edom y los filisteos, el rey Acaz envió tributos tomados del templo y del palacio real a Tiglat-pileser, rey de Asiria. En lugar de brindarle ayuda verdadera, la alianza con los asirios causó mayor aflicción a Judá.Fuentes: el propio texto bíblico · Ahaz
- Tras sufrir derrotas frente a Damasco, Acaz comenzó a ofrecer sacrificios a los dioses de Aram, razonando que estos habían ayudado a sus enemigos. Luego cortó en pedazos los utensilios del templo, cerró las puertas de la casa del SEÑOR y levantó altares en cada esquina de Jerusalén.Fuentes: el propio texto bíblico · Ahaz · Damascus
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 1, 10, 24, 27
- Valley of Hinnom · Hoy: Hinnom Valley · 31.769, 35.228 · versículo 3
- Damascus · 33.511, 36.306 · versículos 5, 23
- Syria · Hoy: Aram · 33.511, 36.306 · versículos 5, 23
- Samaria · 32.276, 35.195 · versículos 8, 9, 15
- City of Palms · Hoy: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · versículo 15
- Jericho · Hoy: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · versículo 15
- Assyria · 36.359, 43.153 · versículos 16, 20, 21
- Edom · 30.746, 35.604 · versículo 17
- Negeb · 31.245, 34.841 · versículo 18
- Shephelah · 31.692, 34.875 · versículo 18
- Socoh · Hoy: Tel Socho · 31.682, 34.975 · versículo 18
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org