2 Crónicas 25
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Yuda fia, Amazia
1Amazia xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve vɔ asieke. Dadaa ŋkɔe nye Yehoadin, tso Yerusalem. 2Ewɔa nu si dze Mawu ŋu enuenu gake menye ɣe sia ɣi o! 3Esi wòkpɔ be fiaɖuƒe la li ke ɖe yeƒe asi me la, ewu dumegã siwo katã wu fofoa. 4ke mewu wo viwo ya o. Ewɔ ɖe Yehowa ƒe se si wòde woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me ene be, “Womawu fofowo ɖe wo viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, nenema ke viwo hã maku ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o, ke boŋ ele be ame sia ame naku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta.”
5Gawu la, Amazia yɔ Yuda katã ƒo ƒu eye wòde dɔ asi na wo le woƒe ƒomeawo nu be, woanye asrafo akpewo kple asrafo alafa ɖekawo (100) ƒe aʋafiawo na Yuda kple Benyamin katã. Emegbe la etia ɖekakpui siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema eye wokpɔ be woƒe xexlẽme de akpe alafa etɔ̃ (300,000), wole klalo na asrafodɔ wɔwɔ ame siwo ate ŋu awɔ akplɔ kple akpoxɔnu ŋu dɔ nyuie. 6Hekpe ɖe esia ŋu la, etsɔ aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa ɖeka (100,000) tso Israel kple klosaloga tɔn etɔ̃.
7Ke nyagblɔɖila aɖe va gblɔ nya si tso Mawu gbɔ la nɛ be, “Oo fia, mègatsɔ aʋawɔlawo tso Israel o elabena Yehowa meli kpli wo o. 8Ne èna woyi aʋa la kple wò amewo la, aleke ke miawɔ aʋa lae hã la, woaɖu mia dzi kokoko elabena ŋusẽ le Mawu si be wòakpe ɖe mia ŋu loo alo wòagblẽ nu me na mi.”
9Amazia bia Mawu ƒe ame la be, “Klosaloga tɔn etɔ̃ kple afã si mexe ɖe Israel ƒe aʋakɔwo ta ya ɖe?”
Mawu ƒe ame la ɖo eŋu nɛ be, “Yehowa ate ŋu ana ga wò wòasɔ gbɔ sãa wu ema.”
10Ale Amazia na aʋawɔla siwo wòtsɔ la trɔ dzo yi Efraim. Nu sia na wobu be, Amazia ɖi gbɔ̃ yewo eye wodo dɔmedzoe ɖe eŋuti ŋutɔ.
11Dzi ɖo Amazia ƒo, ekplɔ eƒe aʋakɔ yi Dze Balime eye wowu ame akpe ewo tso Seir. 12Wolé ame akpe ewo bubu agbagbe, kplɔ wo yi to aɖe tame; wotu asi wo tso afi ma eye woge dze agakpewo dzi le balime la, nuvevi wɔ wo eye woku.
13Israel ƒe aʋakɔ si Amazia gbugbɔ ɖo ɖe aƒe la, ge ɖe Yudanyigba dzi eye woha nu le du geɖewo me le Bet Horon lɔƒo ɖo ta Samaria. Wowu ame akpe etɔ̃ (3,000) eye woha aboyonu geɖewo.
14Esi Fia Amazia ɖu Edomtɔwo dzi eye wòtrɔ gbɔ la, etsɔ legba siwo woxɔ le Seirtɔwo si la gbɔe. Etsɔ wo ɖo mawuwoe, dea ta agu na wo eye wòdoa dzudzɔ na wo. 15Nu sia do dɔmedzoe na Yehowa ŋutɔ, eya ta wòɖo nyagblɔɖila aɖe ɖa be wòabia Amazia be, “Nu ka ta nèsubɔ mawu siwo mete ŋu ɖe woawo ŋutɔ ƒe amewo tso wò asi me o ɖo?”
16Fia Amazia ɖo eŋu na nyagblɔɖila la be, “Ɣe ka ɣie mebia wò aɖaŋuɖoɖo kpɔ? Zi ɖoɖoe kaba, ne menye nenema o la, mana woawu wò.”
Esi nyagblɔɖila la dzo yina la, egblɔ na Fia Amazia be, “Menya be Mawu ɖo ta me be yeatsrɔ̃ wò le esi nèsubɔ legba siawo eye mèse nye nuxlɔ̃amenya o la ta.”
17Azɔ la, Yuda fia, Amazia, se eƒe aɖaŋuɖolawo ƒe gbe eye wòho aʋa ɖe Israel fia, Yoas, Yehoahaz ƒe vi kple Yehu ƒe tɔgbuiyɔvi ŋu.
18Fia Yoas do lo sia na Amazia be, “Ŋuve sue aɖe le Lebanon towo dzi gblɔ na sedati be, ‘Tsɔ viwò nyɔnu nam maɖe na vinye ŋutsu.’ Le ɣe ma ɣi tututu la, lã wɔadã aɖe va nye avuzi le ŋuve la dzi eye wògbãe ɖe anyigba. 19Èle gbɔgblɔm na ɖokuiwò be yeɖu Edomtɔwo dzi eye wònye adegbeƒoƒo gã aɖe na wò. Ke aɖaŋu si maɖo na wò lae nye nàkpɔ ŋudzedze le wò dziɖuɖu ŋu eye nànɔ mia de kpoo! Nu ka ta nàhe dzɔgbevɔ̃e va ɖokuiwò kple Yuda siaa dzi?”
20Amazia meɖo to nya sia o elabena Mawu nɔ ɖoɖo wɔm be yeatsrɔ̃e le esi wòde ta agu na Edomtɔwo ƒe mawuwo ta. 21Israel fia Yoas kple Amazia ƒe aʋakɔwo do go le Bet Semes le Yuda. 22Ke Israel si Yuda eye eƒe aʋakɔ katã si yi aƒe. 23Israel fia Yehoas lé Amazia, Yuda fia, ame si nye Yoas ƒe vi, Ahazia ƒe vi le Bet Semes. Tete Yehoas kplɔe va Yerusalem eye wògbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi tso Efraimgbo la nu va se ɖe Dzogoedzigbo la gbɔ. Teƒe si wògbã la didi abe mita alafa ɖeka blaenyi ene. 24Eye wòlɔ sika kple klosalowo katã kpakple ŋudɔwɔnuawo katã le Obed Edom si me le Yehowa ƒe gbedoxɔ me le hekpe ɖe kesinɔnu siwo katã nɔ fiasã la me kple awɔbamewo ŋuti yi Samaria.
25Ke Yuda fia Amazia, Yoas vi, nɔ agbe ƒe wuiatɔ̃ le Israel fia Yehoas, Yehoahaz vi ƒe ku megbe. 26Woŋlɔ Amazia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 27Tso esime wòtrɔ le Yehowa yome la, woɖo nugbe ɖe eƒe agbe ŋu le Yerusalem ale wòsi yi Lakis, ke eƒe futɔwo dɔ ame ɖa woyi Lakis ɖawui le afi ma. 28Wokɔ eƒe kukua ɖe sɔwo dzi va ɖi ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me le Yerusalem ƒe akpa si nye Fia David ƒe du la me.

¿Sabías que…?
El reinado de Amasías
- Cuando el rey Amasías ejecutó a los siervos que habían asesinado a su padre, perdonó a sus hijos, citando la Ley en el Libro de Moisés que establece que cada persona debe morir únicamente por su propio pecado.Fuentes: el propio texto bíblico · Amaziah
- Amasías fue el primer rey de Judá registrado en contratar un ejército mercenario de 100.000 soldados del reino de Israel. Tras despedirlos por orden de un profeta, las tropas descontentas saquearon ciudades de Judá desde Samaria hasta Bet-horón.Fuentes: el propio texto bíblico · Amaziah · Beth-horon
- Después de derrotar a los edomitas en el Valle de la Sal, Amasías desafió al rey Joás de Israel, quien le advirtió mediante la fábula de un cardo que pedía alianza a un cedro del Líbano antes de ser pisoteado por una fiera.Fuentes: el propio texto bíblico · Joash · Valley of Salt
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 1, 23, 27
- Beth-horon · Hoy: Beit Ur al Tahta · 31.895, 35.084 · versículo 13
- Samaria · 32.276, 35.195 · versículos 13, 24
- Lebanon · 33.540, 35.584 · versículo 18
- Edom · 30.746, 35.604 · versículos 19, 20
- Corner Gate · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 23
- Ephraim Gate · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 23
- Lachish · Hoy: Tell ed Duweir · 31.565, 34.849 · versículo 27
- City of David · 31.774, 35.236 · versículo 28
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org