2 Crónicas 24
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Yoas dzra Gbedoxɔ la ɖo
1Yoas xɔ ƒe adre esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe blaene le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Zibia tso Beerseba. 2Yoas wɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume, le nunɔla Yehoiada ƒe agbemeŋkekewo katã me. 3Yehoiada ɖe srɔ̃ eve nɛ, ame siwo dzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo nɛ.
4Emegbe la, Yoas ɖo ta me be yeadzra gbedoxɔ la ɖo. 5Eyɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒo ƒu eye wògblɔ na wo be, “Miyi Yuda duwo katã me eye miadzɔ xɔtuga le Israelviwo si ale be míate ŋu adzra gbedoxɔ la ɖo. Mitso ɖe eŋu kaba! Migahe ɖe megbe o!” Ke Levitɔwo metso ɖe eŋu enumake o.
6Ale fia la yɔ Yehoiada, nunɔlagã la eye wòbiae be, “Nu ka ta mèzi Levitɔwo dzi be woaɖaxɔ ga tso Yuda duwo me kple Yerusalem hena gbedoxɔ la dzadzraɖo o? Ele be míakpɔ egbɔ be wowɔ se si Mose, Yehowa ƒe dɔla, de la dzi ale be míate ŋu adzra gbedoxɔ la ɖo.”
7Azɔ la, nyɔnu vɔ̃ɖi ma, Atalia ƒe viŋutsuwo gbã ʋɔa ge ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ la me eye wowɔ nu kɔkɔeawo gɔ̃ hã ŋu dɔ na Baalwo.
8Le fia la ƒe gbeɖeɖe nu la, wokpa tsitrenuɖaka aɖe da ɖe gota le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe agbo nu. 9Woɖe gbeƒã le Yuda kple Yerusalem be woatsɔ adzɔga si Mawu ƒe dɔla Mose bia tso Israel si le gbea dzi la vɛ na Yehowa. 10Dɔnunɔlawo katã kple ameawo katã tsɔ woƒe nudzɔdzɔwo vɛ kple dzidzɔ eye woda wo ɖe nudzɔɖaka la me va se ɖe esime wòyɔ banaa.
11Nenye be Levitɔwo tsɔ gaɖaka la vɛ na fia la ƒe dɔdzikpɔlawo eye wokpɔ be ga geɖe le eme la, fiasãmegbalẽŋlɔla la kple nunɔlagã ƒe dɔdzikpɔla va trɔa ga la le aɖaka la me eye wotsɔa aɖaka ƒuƒlu la ɖadana ɖe enɔƒe. Wowɔa esia enuenu eye wokpɔ ga home gã aɖe. 12Fia la kple Yehoiada tsɔa ga la naa ŋutsu siwo wɔa dɔ siwo hiã le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu. Wotsɔa gliɖolawo kple atikpalawo be woaɖɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ɖo. Nenema kee wotsɔa gayibɔ kple akɔbli dɔwɔlawo be woaɖɔ gbedoxɔ la ɖo. 13Ŋutsu siwo nɔ dɔa nu la wɔ dɔ kple kutrikuku eye ɖɔɖɔɖodɔ la yi edzi nyuie le woƒe kpɔkplɔ te. Wogbugbɔ Mawu ƒe gbedoxɔ la tu, heglãe ɖe eƒe tata gbãtɔ nu. 14Esi wowu dɔ la nu la, wotsɔ ga si susɔ la vɛ na fia la kple Yehoiada eye wotsɔe wɔ Yehowa ƒe gbedoxɔmenu siawoe: subɔsubɔnuwo, numevɔsanuwo kple agbawo kple klosalo kple sikanuwo. Zi ale si Yehoiada nɔ agbe la, numevɔsa yi edzi ɣe sia ɣi le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.
15Yehoiada tsi ŋutɔ, exɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃ (130) hafi ku. 16Woɖii ɖe David ƒe Du la me ɖe fiawo dome elabena ewɔ nu nyui geɖewo na Israel kple Mawu kple gbedoxɔ la.
Yoas ƒe ŋutasesẽ
17Le Yehoiada ƒe ku megbe la, Israel kplɔlawo va de ta agu na fia la eye fia la ɖo to wo. 18Woɖe asi le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, ƒe gbedoxɔ la ŋu eye wosubɔ aƒeliwo kple legbawo. Le woƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ta la, Mawu ƒe dɔmedzoe bi ɖi Yuda kple Yerusalem ŋu. 19Mawu ɖo nyagblɔɖilawo ɖa be woana ameawo natrɔ va ye gbɔ gake ameawo meɖo to wo o.
20Azɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ va dze Zekaria, Yehoiada ƒe vi, dzi. Eyɔ ameawo katã ƒo ƒu. Etsi tsitre ɖe kplɔ̃ aɖe dzi le ameawo ŋgɔ hegblɔ na wo be, “Mawu di be yeanya nu si na miele yeƒe sewo dzi wɔm o. Nu sia tae naneke megadzea edzi na mi o. Miegble Yehowa ɖi eya ta eya hã gble mi ɖi azɔ.” 21Tete wobla ɖe eŋu eye woƒu kpee le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu, le fia la ƒe sedede nu. 22Fia Yoas meɖo ŋku dɔmenyo Zaxarya fofo, Yehoiada, wɔ nɛ la dzi o eye wòwu Via ŋutsu, Zaxarya, ame si gblɔ esi wòmlɔ anyi nɔ kukum be, “Yehowa, kpɔ nu si wowɔ la ɖa eye nàɖo eteƒe na wo.”
23Le ɣleti aɖewo megbe la, Siria ƒe aʋakɔ va ɖu Yuda kple Yerusalem dzi eye wowu dukɔa kplɔlawo katã. Woha afunyinu geɖewo ɖo ɖe woƒe fia le Damasko. 24Yehowae na Siria ƒe aʋakɔ sue la ɖu Yuda ƒe aʋakɔ gã la dzi elabena Yudatɔwo gble Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ɖi. Ale Mawu he to na Yoas. 25Esi Siria ƒe aʋakɔ la dzo la, Yoas tsi aba dzi le abi gã si wòxɔ la ta. Yoas ŋutɔ ŋumewo ɖo ta me be yewoawui le esi wòwu nunɔla Yehoiada ƒe vi, Zaxarya ta. Ale wowui le eƒe aba dzi eye woɖii ɖe David Ƒe Du la me gake menye ɖe fiawo ɖiƒe o.
26Ame siwo wɔ babla ɖe eŋu la woe nye Zabad, ame si dadae nye Simeat, Amon ƒe viwo dometɔ ɖeka kple Yehozabad, Simirit, nyɔnu aɖe si tso Moab. 27Woŋlɔ nu tso Yoas ƒe viŋutsuwo, fiƒode siwo woli kɔe ɖe Yoas dzi kple ale si wogakɔ gbedoxɔ la ŋuti la ɖe Fiawo ƒe ŋutinyawo me.
Esi Yoas ku la, via Amazia ɖu fia ɖe eteƒe.
¿Sabías que…?
El Reinado de Joás y la Restauración del Templo
- Para financiar la restauración del templo descuidado, el rey Joás colocó un cofre de ofrendas a la entrada del templo y restableció el tributo asociado con Moisés en el desierto. El pueblo aportó con entusiasmo, lo que permitió a los supervisores contratar canteros, carpinteros y herreros para reparar los daños causados durante el dominio de Atalía.Fuentes: el propio texto bíblico · Athaliah
- El sumo sacerdote Joiada vivió hasta los 130 años y recibió el extraordinario honor de ser sepultado en la Ciudad de David junto a los reyes de Judá. Este entierro real reconoció su papel decisivo en la preservación del linaje de David y en la reforma del culto de la nación.Fuentes: el propio texto bíblico · Jehoiada
- Tras la muerte de Joiada, Joás abandonó el culto en el templo y ordenó apedrear a Zacarías, hijo de Joiada, en el atrio del templo por reprender al reino. En contraste con Joiada, cuando Joás fue asesinado más tarde por sus propios siervos tras una invasión aramea, se le negó la sepultura en las tumbas reales.Fuentes: el propio texto bíblico · Zacharias · Zabad
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 1, 6, 9, 18, 23
- City of David · 31.774, 35.236 · versículos 16, 25
- Damascus · 33.511, 36.306 · versículo 23
- Syria · Hoy: Aram · 33.511, 36.306 · versículos 23, 24
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org