1 Samuel 21
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
David le Nɔb
1David yi Nɔb dua me be yeakpɔ Abimelek, nunɔla la. Ke esi Ahimelek kpɔe la vɔvɔ̃ ɖoe eye wòbiae be, “Nu ka ta wò ɖeka nèva? Nu ka ta ame aɖeke mele ŋuwò o?”
2David da alakpa na Ahimelek be, “Fia la de dɔ ɣaɣlɛ aɖe asi nam. Egblɔ nam be magana ame aɖeke nanya nu si ta meva afi sia o. Mefia teƒe si nye amewo ado gom le emegbe la wo. 3Nuɖuɖu aɖe le asiwòa? Na abolo atɔ̃ alo nu bubu ɖe sia ɖe si nàte ŋui lam.”
4Nunɔla la ɖo eŋu be, “Abolo dzodzro ya ƒe ɖeke meli o; abolo kɔkɔe koe li. Mexɔe se be miate ŋu aɖui ne wò ɖekakpuiwo medɔ kple nyɔnuwo le ŋkeke siawo me o ko.”
5David do eŋu be, “Meka ɖe edzi na wò elabena nyemeɖea mɔ na nye ɖekakpuiwo be woade ha kple nyɔnuwo ne míezɔ mɔ o. Ne wole kɔkɔe ne míezɔ mɔ dzodzrowo la, ekema eme kɔ ƒãa be woanɔ kɔkɔe esi míeva dɔ tɔxɛ sia gbe!”
6Ale, esi nuɖuɖu bubu aɖeke meganɔ anyi o ta la, nunɔla la tsɔ abolo kɔkɔe, Ŋkumeɖobolo, si wotsɔ da ɖe Yehowa ŋkume le agbadɔ la me nɛ. Gbe ma gbe kee wotsɔ abolo yeye ɖɔlii.
7Eva eme be wosika Doeg, Edomtɔ, ame si nye Saul ƒe lãkplɔlawo ƒe amegã la ɖe Yehowa ŋkume le afi ma le ɣeyiɣi ma me.
8David bia Ahimelek ne akplɔ alo yi aɖe le esi si ŋu dɔ yeate ŋu awɔ. Eɖe eme nɛ be, “Ele be matsɔ dzo ɖe fia ƒe dɔ la ŋu eye mawɔe kaba ale gbegbe be nyemete ŋu tsɔ aʋawɔnu aɖeke ɖe asi o!”
9Nunɔla la ɖo eŋu be, “Goliat, Filistitɔ si nèwu le Ela balime la ƒe yi le asinye. Woblae ɖe avɔ aɖe me le awuwo dzraɖoƒe le kɔmewu la megbe. Ne èlɔ̃ la, àte ŋu atsɔe elabena aʋawɔnu bubu aɖeke megale afi sia o.”
David ɖo eŋu be, “Eya tututu dim mele; tsɔe nam!”
David le Gat
10David ɖe abla dzo elabena enɔ vɔvɔ̃m na Saul eye wòyi Fia Akis gbɔ le Gat. 11Ke David ƒe afi ma nɔnɔ medzɔ dzi na Akis ƒe aʋakplɔlawo o. Wobia be, “Menye eyae nye Israel ƒe kplɔla gã la oa? Menye eya ŋue ameawo dea bubui le woƒe ɣeɖuƒewo henɔa ha dzim bena,
“ ‘Saul wu akpe
eye David wu akpewo’ oa?”
12David se nya siawo eye wòvɔ̃ nu si Gat fia Akis ate ŋu awɔe. 13Ale wòwɔ eɖokui abe tsukunɔ ene! Ete fli ɖe ʋɔtruwo ŋu eye wòna ade do tso eƒe nu me hetsyɔ ɖe eƒe ge me. 14Fia Akis gblɔ na eƒe subɔlawo be, “Mikpɔ ame sia ɖa! Ele tsu kum! Nu ka tae miekplɔe vɛ nam ɖo? 15Tsukunɔ ƒe koe si le wɔyem tae miekplɔ ame sia vɛ be woava anɔ nu siawo ƒomevi wɔm le nye ŋkutaa? Ɖe wòdze be miakplɔ ame sia ƒomevi va nye aƒe mea?”

¿Sabías que…?
La huida de David a Nob y a Gat
- Nob era una ciudad de sacerdotes cerca de Jerusalén donde se encontraba el tabernáculo durante el reinado de Saúl. La espada de Goliat, a quien David había vencido en el valle de Ela, se conservaba allí envuelta en un paño detrás del efod como un trofeo sagrado.Fuentes: el propio texto bíblico · Nob · Goliath
- Al recibir el pan sagrado y la espada de manos de Ahimelec en Nob, David fue observado por Doeg el edomita, el principal pastor del rey Saúl, quien se hallaba retenido delante del Señor.Fuentes: el propio texto bíblico · Doeg
- David buscó refugio en Gat, una de las cinco ciudades reales de los filisteos y lugar de origen de Goliat. Cuando los siervos del rey Aquis lo reconocieron por los cantos que celebraban sus victorias militares, David se protegió fingiendo demencia junto a las puertas de la ciudad.Fuentes: el propio texto bíblico · Achish · Gath
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Valley of Elah · 31.675, 34.998 · versículo 9
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org