Nations Bible

1 Samuel 20

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

David kple Yonatan

1Azɔ la, David si tso Nayɔt le Rama eye wòyi Yonatan gbɔ hebiae be, “Nu ka mewɔ? Agɔ ka medze? Nu ka ta fofowò ɖo ta me kplikpaa nenema be yeawum ɖo?”

2Yonatan ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, mèle kuku ge o. Kpɔ ɖa, fofonye mewɔa naneke, sue alo gã ne megblɔe nam o. Nu ka ŋutie wòaɣla nu sia ya ɖem? Mele ame o!”

3Ke David ka atam hegblɔ be, “Fofowò nyae nyuie be nye nu doa dzidzɔ na wò eye wògblɔ na eɖokui be, ‘Mele be Yonatan nanya esia o. Ne menye nenema o la, ava xa nu.’ Meta Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ ƒe agbe be afɔɖeɖe ɖeka koe le nye kple ku dome.”

4Yonatan gblɔ na David be, “Nu sia nu si ke nedi be mawɔ na ye la, mawɔe na wò.”

5Ale David gblɔ be, “Kpɔ ɖa, etsɔe nye dzinu yeye ƒe ŋkekenyui eye ele nam be maɖu nu kple fia la, gake na mayi aɖaɣla ɖokuinye ɖe gbe me va se ɖe etsɔ mele eme o ƒe fiẽ. 6Ne fofowò mekpɔm o eye wòbia tanye la, gblɔ nɛ be, ‘David bia mɔm vevie be yeayi ɖe yewo de, Betlehem elabena woawɔ ƒe sia ƒe ƒe vɔsa na eƒe ƒome blibo la.’ 7Ke ne egblɔ be, ‘Enyo’ la, ekema wò dɔla le dedie. Gake ne dzi kui la, ekema nyae nyuie be eɖo vɔ̃ ɖe ŋutinye. 8Ke wò ya la, ve wò dɔla nu elabena èbla nu kplim le Yehowa ŋkume. Ne medze agɔ la, ekema wò ŋutɔ nàwum! Nu ka ŋuti nàtsɔm ade asi na fofowò?”

9Yonatan ɖo eŋu be, “Madzɔ nenema gbeɖe o; le nyateƒe me la, ne wò nyawo ɖe wole eme la, anye ne megblɔe na wò xoxo.”

10David biae be, “Aleke mawɔ anya ne fofowò do dɔmedzoe alo medo dɔmedzoe o?”

11Yonatan gblɔ be, “Na míayi gbedzi.” Ale wo ame evea yi gbedzi.

12Yonatan gblɔ na David be, “Medo ŋugbe na wò le Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋkɔ me be etsɔ ɣe alawo ɣi alo ne edidi ƒãa la nyitsɔ la, maƒo nu kple fofonye tso ŋuwò eye mana nànya ta me si wòɖo ɖe ŋuwò la enumake. 13Ne edo dɔmedzoe eye wòdi be yeawu wò la, ekema Yehowa nawum ne nyemegblɔe na wò ale be nàsi, anɔ agbe o. Yehowa nanɔ kpli wò abe ale si wònɔ kple fofonye tsã la ene. 14Ɖo ŋku edzi be ele be nàɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple dɔmenyo afia menye nye ɖeka ko le nye agbenɔɣi me o, 15ke boŋ na vinyewo hã ne Yehowa tsrɔ̃ wò futɔwo katã.”

16Ale Yonatan bla nu kple David ƒe ƒometɔwo eye David ka atam be fiƒode dziŋɔ aɖe nava ye kple yeƒe ƒometɔwo dzi ne yewomewɔ nubabla la dzi o. 17Ke Yonatan na David gaka atam nɛ azɔ kple eƒe lɔlɔ̃ nɛ elabena elɔ̃e abe eɖokui ene.

18Yonatan gblɔ be, “Dzinu yeye adze egɔme etsɔ. Ne mèva nuɖukplɔ̃a ŋu etsɔ o la, amewo abia tawò vevie. 19Ame sia ame anɔ tawò biam tso nyitsɔ, eya ta nɔ afi si nàɣla ɖokuiwò ɖo le afi si woli kɔ kpewo ɖo. 20Mava da aŋutrɔ etɔ̃ ɖe kpeawo ŋgɔ abe nane medzidze le dadam ene. 21Emegbe maɖo ɖekakpui aɖe ɖa be wòayi aɖatsɔ aŋutrɔawo vɛ nam. Ne èse megblɔ be, ‘Wole akpa sia’ la, ekema nànya be nya vɔ̃ aɖeke meli o. 22Ke ne megblɔ nɛ be, ‘Yi ŋgɔ. Aŋutrɔawo gale ŋgɔ na wò’ la, ekema egɔmee nye ele be nàdzo enumake. 23Yehowa nana míawɔ míaƒe ŋugbedodowo na mía nɔewo dzi elabena Yehowae nye avuléla le mía dome tegbetegbe.”

24Ale David ɣla eɖokui ɖe gbedzi eye esi ɣleti yeyea ƒe ŋkekenyui la ɖo edzi la, fia la nɔ anyi be yeaɖu nu. 25Enɔ gli ŋu afi si wònɔna ɖaa. Yonatan nɔ anyi dze ŋgɔe eye Abner nɔ Saul xa, ke David ƒe teƒe ɖi gbɔlo. 26Saul megblɔ nya aɖeke tso nu sia ŋu gbe ma gbe o elabena ebu be nya aɖee anya dzɔ alo David ŋu mekɔ o. 27Ke esi eƒe teƒe gaɖi gbɔlo le ŋkeke evelia dzi la, Saul bia Yonatan be, “Nu ka ta Yese ƒe vi meva afi sia hena fiẽnuɖuɖu etsɔ kple egbe siaa o?”

28Yonatan ɖo eŋu be, “David bia mɔm kple kukuɖeɖe blibo be yeayi Betlehem. 29Egblɔ be, ‘Na mayi elabena míaƒe ƒometɔwo le vɔ sa ge egbea le dua me eye nɔvinyeŋutsu aɖe ɖo du ɖem. Ne edze ŋuwò la, ekema ɖe mɔ nam mayi aɖakpɔ nɔvinyewo.’ Esia tae meva fia ƒe kplɔ̃ ŋu o.”

30Saul do dɔmedzoe ŋutɔ, eblu ɖe Yonatan hegblɔ be, “Wò, nyɔnu ɖigbɔ, dzeaglã ƒe vi! Ɖe nèbu be nyemenya be yedi be Yese vi ma naɖu fia ɖe nye teƒe eye nàdo ŋukpe wò ŋutɔ kple dawò siaa oa? 31Ŋkeke ale si ɖekakpui ma le agbe la, màɖu fia gbeɖegbeɖe o. Yi, nàkplɔe vɛ ale be mate ŋu awui!”

32Yonatan biae be, “Nu kae wòwɔ? Nu ka tae woawui?”

33Tete Saul da akplɔ Yonatan be yeawui. Nu sia na Yonatan dze sii azɔ be menye fefenya ye fofo gblɔ be ele be David naku o. 34Yonatan dzo le kplɔ̃ la ŋu kple dɔmedzoe eye wògbe nuɖuɖu ŋkeke blibo la elabena fofoa ƒe ŋukpenanuwɔnawo ɖe David ŋu vee ŋutɔ.

35Esi ŋu ke la, Yonatan yi gbedzi abe ale si eya kple David ɖoe da ɖi ene. Ekplɔ ŋutsuvi sue aɖe ɖe asi be wòafɔ eƒe aŋutrɔwo nɛ. 36Egblɔ na ŋutsuvi la be, “Dze duƒuƒu gɔme ale be nàte ŋu akpɔ aŋutrɔawo ne meda wo.” Ale ŋutsuvia ƒu du eye Yonatan da aŋutrɔ ɖeka wòdze le eŋu. 37Esi wòsusɔ vie ɖevia naɖo afi si aŋutrɔ la dze la, Yonatan do ɣli be, “Aŋutrɔ la gale ŋgɔ na wò. 38Ƒu du sesĩe; netsɔ! Mègatɔ o!” Ale ŋutsuvi la fɔ aŋutrɔawo eye wòƒu du yi eƒe aƒetɔ gbɔ. 39Ke ŋutsuvi la ya mese nu si Yonatan wɔ la gɔme o; Yonatan kple David koe se egɔme. 40Yonatan tsɔ eƒe dati kple aŋutrɔ na ŋutsuvi la eye wògblɔ nɛ be wòatsɔ wo ayi dua me.

41Esi ŋutsuvi la dzo teti ko la, David do go tso afi si wòbe ɖo le gbegbe la ƒe dziehe lɔƒo. Ebɔbɔ de ta agu na Yonatan zi etɔ̃. Wokpla asi kɔ na wo nɔewo eye wofa avi, ke David fa avi wu Yonatan. 42Mlɔeba la, Yonatan gblɔ na David be, “Lé dzi ɖe ƒo elabena míetsɔ mía nɔewo kple mía nɔewo ƒe viwo de asi na Mawu tegbetegbe.” Ale woklã. David dzo eye Yonatan hã trɔ yi dua me.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Jonatán advierte a David

  • El banquete real de la fiesta de la Luna Nueva reunía al círculo íntimo de Saúl, incluido su comandante en jefe, Abner. Cuando David no asistió el primer día, Saúl supuso al principio que su ausencia se debía a una impureza ceremonial, lo que impedía temporalmente participar en la comida.Fuentes: el propio texto bíblico · Abner
  • Jonatán, renombrado por su destreza con el arco, ideó una señal secreta utilizando tres flechas y un joven sirviente. Dado que el muchacho no sabía del acuerdo, Jonatán pudo advertir con seguridad a David, quien estaba escondido junto a la piedra de Ezel, sobre las intenciones homicidas de Saúl.Fuentes: el propio texto bíblico · Jonathan
  • Como primogénito de Saúl, Jonatán era el heredero natural al trono. Saúl se enfureció porque consideraba a David una amenaza para la dinastía real de su familia, mientras que Jonatán optó por mantener un pacto duradero de amistad y lealtad con David.Fuentes: el propio texto bíblico · Jonathan

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Bethlehem · 31.704, 35.208 · versículos 6, 28

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.