Nations Bible

1 Reyes 9

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Yehowa ɖe eɖokui fia Salomo

1Esi fia Solomo wu gbedoxɔ la kple fiasã la kple xɔ bubu siwo wòɖo be yeatu nu la, 2Yehowa gaɖe eɖokui fiae zi evelia abe ale si wòɖe eɖokui fiae zi gbãtɔ le Gibeon ene. 3Yehowa gblɔ nɛ be,

“Mese wò gbedodoɖa kple wò kokoƒoƒowo; mekɔ gbedoxɔ si nètu la ŋu to nye ŋkɔ dada ɖe edzi me tegbetegbe. Nye ŋkuwo kple nye dzi anɔ afi ma ɣe sia ɣi.

4“Ne àzɔ le ŋkunye me, aɖi anukware kple dzimekɔkɔ kpakple dzɔdzɔenyenye abe fofowò David ene, eye nàwɔ nye seawo dzi, alé nye ɖoɖowo kple kɔnuwo me ɖe asi la, 5ekema mana wò fiaɖuƒe nali ke tegbee abe ale si medo ŋugbe na fofowò, David ene esi megblɔ nɛ be, ‘Viwòwo dometɔ ɖeka anɔ Israel ƒe fiazikpui dzi ɣe sia ɣi!’

6“Ke ne wò alo viwòwo miede megbe le ŋunye, eye miewɔ nye seawo kple ɖoɖo siwo mede asi na mi dzi o, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la, 7ekema makplɔ Israel dukɔ la adzoe le anyigba si metsɔ na wo la dzi. Maɖe wo le gbedoxɔ sia si ŋu mekɔ na nye ŋkɔ la me eye manya wo le nye ŋkuta. Israel azu hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome. 8Gbedoxɔ sia azu xɔ gbagbã si ƒe xɔtunuwo woali kɔe ɖi eye ame sia ame si ava tso eme yina la ƒe nu aku eye wòaɖu fewu agblɔ be, ‘Nu ka ta Yehowa wɔ nu siawo ɖe anyigba sia kple gbedoxɔ sia ŋu?’ 9Eye ŋuɖoɖo la anye, ‘Elabena woɖe asi le Yehowa, woƒe Mawu, si kplɔ wo fofowo tso Egiptenyigba dzi la ŋu eye wosubɔ mawu bubuwo ɖe eteƒe. Nu sia tae Yehowa he dzɔgbevɔ̃e sia va wo dzi ɖo.’ ”

Salomo ƒe wɔna bubuawo

10Le ƒe blaeve megbe esi Solomo tu xɔ eve siawo: gbedoxɔ la kple eƒe fiasã la vɔ la, 11Fia Solomo tsɔ du blaeve le Galilea na Hiram, Tiro fia elabena Hiram tsɔ sedatiwo kple sesewutiwo kple sika siwo katã wohiã la nɛ. 12Ke esi Hiram tso Tiro yi ɖakpɔ du siwo Solomo tsɔ nɛ la, duawo medze eŋu o. 13Ebia Fia Solomo be, “Nɔvinye, du ka ƒomeviwoe nye esiawo nènam? Etsɔ ŋkɔ na duawo be ‘Kabul’ si gɔmee nye, ‘Menyo na naneke o.’ ” 14Fia Hiram ɖo sika si ƒe kpekpeme nye kilogram akpe ene alafa etɔ̃ la ɖe fia la.

15Fia Solomo zi amewo dzi wotu gbedoxɔ, fiasã, Milo mɔ, Yerusalem ƒe gliwo kple Hazor, Megido kple Gezer duwo katã. 16Gezer nye du si Egipte fia xɔ, tɔ dzoe eye wòwu Israelvi siwo katã nɔ eme. Emegbe la, etsɔ du sia na via nyɔnu si nye Fia Solomo srɔ̃wo dometɔ ɖeka la, abe srɔ̃ɖenunana ene. 17Solomo gbugbɔ Gezer kple Bet Horon anyigbetɔ, 18Baalat kple Tadmɔ siwo nye gbegbe le eƒe anyigba dzi la tu. 19Egatu du bubuwo, ɖewo nye nuɖuɖudzraɖoƒewo eye bubuwo nye tasiaɖamwo ƒe du, sɔdolawo ƒe du, hekpe ɖe xɔ siwo katã dzroe la ɖe Yerusalem kple Lebanon kple teƒe bubu vovovowo le anyigba si dzi wònye fia ɖo la.

20Ame siwo katã susɔ tso Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo dome (ame siwo menye Israelviwo o). 21Woawoe nye ame siwo nɔ anyigba la dzi tsã ƒe dzidzimeviwo, ame siwo Israelviwo metsrɔ̃ o la. Fia Solomo na wowɔ dɔ abe kluviwo ene abe ale si wòle va se ɖe egbe ene. 22Solomo metsɔ Israelviwo wɔ kluviwo o, ke boŋ wozu asrafowo, dɔnunɔlawo, asrafomegãwo, aʋafiawo, tasiaɖamkulawo dzikpɔlawo kple sɔdolawo hã. 23Israelvi alafa atɔ̃ blaatɔ̃ nye ame siwo nye dzizizidɔwɔlawo dzi kpɔlawo.

24Fia Solomo ɖe Farao ƒe vinyɔnu tso David ƒe du ƒe afi si nye Yerusalem ƒe akpa xoxotɔ la me yi xɔ yeye si wòtu nɛ le fiasã me la me. Emegbe la, etu Milo mɔ la hã.

25Esi wowu gbedoxɔ la tutu nu la, Solomo sa numevɔ kple akpedavɔ zi etɔ̃ ƒe sia ƒe le vɔsamlekpui si wòtu na Yehowa la dzi eye wòdo dzudzɔ ʋeʋĩ hã le edzi le Yehowa ŋkume.

26Fia Solomo na wokpa tɔdziʋuwo hã ɖe Ezion Geber si le Elat gbɔ le Ƒu Dzĩ la ta le Edomnyigba dzi. 27Hiram ɖo eƒe ame siwo nye ƒudzidɔwɔlawo eye wonya nu tso atsiaƒu ŋu nyuie la ɖa be woawɔ dɔ kple Solomo ƒe amewo le tɔdziʋuawo me. 28Wode Ofir eye wotsɔ sika kilogram akpe wuiatɔ̃ alafa ɖeka blaeve vɛ na Fia Solomo.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

El pacto, las construcciones y las alianzas de Salomón

  • Tras veinte años de construcción del templo y del palacio real, Salomón entregó veinte ciudades de Galilea al rey Hiram de Tiro a cambio de madera de cedro, ciprés y oro. Cuando Hiram fue a inspeccionar las ciudades, no le agradaron y llamó a la región "tierra de Cabul".Fuentes: el propio texto bíblico · Hiram · Tyre
  • La estratégica ciudad de Gézer permaneció en manos cananeas hasta que un faraón egipcio la conquistó e incendió, entregándola como dote nupcial a su hija cuando se casó con Salomón. Luego Salomón reconstruyó y fortificó Gézer junto con las defensas de Jerusalén y varias ciudades de aprovisionamiento.Fuentes: el propio texto bíblico · Gezer · Daughter of Pharaoh
  • Salomón estableció una flota marítima en Ezión-guéber, en la costa del mar Rojo, en Edom. En colaboración con experimentados marineros fenicios enviados por Hiram de Tiro, la expedición navegó hasta Ofir y trajo 420 talentos de oro.Fuentes: el propio texto bíblico · Hiram

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Gibeon · Hoy: El Jib · 31.847, 35.183 · versículo 2
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 9, 16
  • Galilee · 32.760, 35.527 · versículo 11
  • Tyre · 33.271, 35.196 · versículos 11, 12
  • Cabul · Hoy: Cabul 2 · 32.868, 35.211 · versículo 13
  • Gezer · Hoy: Tel Gezer · 31.859, 34.919 · versículos 15, 16, 17
  • Hazor · Hoy: Tel Hazor · 33.018, 35.569 · versículo 15
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 15, 19
  • Megiddo · Hoy: Tel Megiddo · 32.585, 35.184 · versículo 15
  • Lower Beth-horon · Hoy: Beit Ur al Tahta · 31.895, 35.084 · versículo 17
  • Lebanon · 33.540, 35.584 · versículo 19
  • City of David · 31.774, 35.236 · versículo 24
  • Edom · 30.746, 35.604 · versículo 26
  • Red Sea · Hoy: Gulf of Aqaba · 28.750, 34.750 · versículo 26

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.