1 Reyes 10
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Seba fianyɔnu va kpɔ Salomo ɖa
1Esi Seba fianyɔnu se ale si Solomo xɔ ŋkɔe kple kadodo si le eya kple Yehowa ƒe ŋkɔ dome la, eva be yeadoe kpɔ kple biabia sesẽ aɖewo. 2Eva ɖo Yerusalem kple kposɔ geɖe siwo tsɔ atike ʋeʋĩwo, sika kple kpe xɔasiwo. Etsɔ nya geɖe siwo nɔ eƒe susu me la ɖo Solomo ƒe ŋkume. 3Fia Solomo te ŋu ɖo eƒe biabiawo katã ŋu, naneke menɔ ɣaɣla ɖee o. Enya nu sia nu eye wòte ŋu ɖe nu sia nu me nɛ. 4Esi fianyɔnu la kpɔ ale si gbegbe Solomo nya nu, ale si eƒe fiasã la nyoe, 5nuɖuɖu nyui siwo woɖo kplɔ̃ dzi, subɔla geɖewo kple awu nyui siwo wodo, Fia la ƒe ahakulawo kple numevɔ geɖe siwo wòsana na Yehowa la, eƒe nu ku.
6Seba fianyɔnu la gblɔ na fia la be, “Nutsotso siwo katã mese le nye ŋutɔ nye dukɔ me tso wò dzidzedzekpɔkpɔwo kple wò nunya ŋu la nye nyateƒe. 7Nyemexɔe se o va se ɖe esime meva ɖo afi sia. Ke azɔ la, nye ŋutɔ mekpɔ wo katã na ɖokuinye! Kpɔ ɖa, womegblɔ ale si tututu nuwo le la ƒe afã gɔ̃ hã nam o! Wò nunya kple kesinɔtɔnyenye ƒo nu siwo katã mese kpɔ la ta! 8Wò amewo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ, dzidzɔ ka gbegbe wò dɔnunɔla siwo tsia tsitre ɖe wò ŋkume ɣe sia ɣi eye wosea wò nunya la makpɔ o! 9Woakafu Yehowa, wò Mawu, ame si tia wò eye wòtsɔ wò da ɖe Israel ƒe fiazikpui dzi. Yehowa ƒe lɔlɔ̃ mavɔ na Israel wɔe be, wòtsɔ wò na wo abe woƒe fia ene be nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eye nàɖu wò amewo dzi le mɔ dzɔdzɔe nu!”
10Eye Seba fianyɔnu la tsɔ sika tɔn ene, atikeʋeʋĩ gbogbo aɖewo kple kpe xɔasiwo na fia la. Ame aɖeke metsɔ atikeʋeʋĩ aɖeke vɛ kpɔ nenema abe esiwo Seba fianyɔnu la tsɔ na Fia Solomo ene o.
11Esi Fia Hiram ƒe tɔdziʋuwo tsɔ sika tso Ofir vɛ na Fia Solomo la, wotsɔ papawuti kple kpe xɔasi geɖewo hã vɛ nɛ. 12Solomo tsɔ papawutiawo wɔ sɔtiwo na gbedoxɔ la kple fiasã la kple saŋkuwo kple kasaŋkuwo na eƒe hadzilawo. Wometsɔ ati nyui sia tɔgbi vɛ nɛ kpɔ do ŋgɔ loo alo kplɔ esia ɖo kpɔ o.
13Le nunana siwo Seba fianyɔnu la tsɔ vɛ na Fia Solomo ta la, Fia Solomo hã na nu sia nu si fianyɔnu la biae hekpe ɖe nunana siwo eya ŋutɔ dzra ɖo be yeanae la ŋuti eye fianyɔnu la kple eƒe subɔlawo trɔ yi wo de.
Salomo ƒe atsyɔ̃ kple kesinɔtɔnyenye
14Sika si Solomo xɔna ƒe sia ƒe la dea tɔn blaeve vɔ atɔ̃ 15hekpe ɖe adzɔ siwo wòxɔna tso adzɔdolawo kple asitsalawo kple Arabia fiawo katã kple mɔmefia siwo le anyigba la dzi ɖum la gbɔ ŋu.
16Fia Solomo tsɔ sika wɔ akpoxɔnu gã alafa eve (200). Wotsɔ sika kilogram etɔ̃ kple afã wɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe. 17Egatsɔ sika wɔ akpoxɔnu ɖagbitɔ alafa etɔ̃. Wotsɔ sika kilogram etɔ̃ kple afã wɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe. Fia la tsɔ nu siawo da ɖe Lebanon ƒe Avexɔ la me le eƒe fiasã la me.
18Fia la kpa fiazikpui gã aɖe. Etsɔ nyiɖu fa ɖe eme eye wòtsɔ sika nyuitɔ fa ɖe eŋu. 19Atrakpui ade nɔ fiazikpui la ŋu eye wowɔ afi si wodea mee la nogoo. Abɔɖoƒe nɔ zikpuia ƒe axa eveawo dzi eye wowɔ dzata si le tsitre la da ɖe abɔɖoƒe aveawo ƒe axadzi. 20Dzata wuieve le atrakpui adeawo ƒe axawo kple eve dzi. Fiazikpui aɖeke meganyo abe esia ene le fiaɖuƒe aɖeke me o. 21Wotsɔ sika wɔ kplu siwo katã me Fia Solomo noa nu le eye nenema ke wotsɔ sika nyuitɔ wɔ nuɖugba kple nuɖaze siwo katã nɔ Lebanon ƒe Avexɔ la me. Womewɔ naneke kple klosalo o elabena le Solomo ƒe ɣeyiɣiwo me la, womebua klosalo be enye nu xɔasi o. 22Asitsatɔdziʋu geɖewo nɔ fia la si siwo yia asigbe le atsiaƒu dzi kple Hiram tɔwo. Wotrɔna gbɔna zi ɖeka le ƒe etɔ̃ me kple sika, klosalo, nyiɖu kple kese ƒomevi vovovowo kple xewo.
23Ale Fia Solomo de ŋgɔ wu anyigbadzifiawo katã le kesinɔnuwo kple nunya me. 24Xexea me tɔwo katã vaa Solomo gbɔ hena aɖaŋuxɔxɔ eye be woaɖo to nunya si Mawu tsɔ de eƒe dzi me. 25Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa klosalo, sika, awuwo, aʋawɔnuwo, atike ʋeʋĩwo, sɔwo kple tedzisɔwo va nanɛ ƒe sia ƒe.
26Tasiaɖam akpe ɖeka alafa ene (1,400) kple sɔdola akpe wuieve (12,000) nɔ Solomo si. Wonɔ tasiaɖamduwo me eye ɖewo nɔ fia la gbɔ le Yerusalem. 27Fia la na klosalo bɔ ɖe Yerusalem abe ale si kpewo nɔa mɔ dzi ene eye wowɔa sedati ŋu dɔ abe ale si wowɔa gboti si bɔ fũu la ŋu dɔ ene. 28Wodɔa Solomo ƒe sɔwo tsoa Egipte kple Kue. Fia la ƒe asitsalawo ƒlea wo tso Kue. 29Wodɔ tasiaɖam tso Egipte esi ƒe asie nye klosaloga kilogram adre kple sɔ si ƒe asie nye klosaloga kilogram ɖeka kple afã. Woawo hã dzraa wo na dutafiawo, ame siwo nye Hititɔwo kple Aramtɔwo ƒe fiawo.

¿Sabías que…?
El Esplendor de Salomón y la Reina de Sabá
- Sabá se identifica con Sabá en el sur de Arabia, un reino renombrado en el mundo antiguo por su lucrativo comercio de especias y aromas. La visita de la reina con una gran caravana de camellos cargados de especias, oro y piedras preciosas reflejaba intereses diplomáticos y la riqueza comercial de su región.Fuentes: Sheba · el propio texto bíblico
- Salomón se alió con el rey Hiram de Tiro para realizar expediciones marítimas a regiones lejanas como Ofir y Tarsis. Estas flotas regresaban con mercancías exóticas y valiosas, como madera de sándalo o almug, marfil, piedras preciosas y oro, enriqueciendo la corte de Jerusalén.Fuentes: Hiram · Ophir · Tarshish · el propio texto bíblico
- El texto bíblico describe el elaborado trono de marfil de Salomón recubierto de oro fino, que se elevaba sobre seis gradas flanqueadas por doce leones esculpidos. Dicho mobiliario suntuoso y las copas de oro puro evidenciaban la notable prosperidad de su reinado.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Sheba · 15.348, 44.206 · versículos 1, 4, 10, 13
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 2, 26, 27
- Arabia · Hoy: Arabian Peninsula · 23.000, 46.000 · versículo 15
- House of the Forest of Lebanon · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 17, 21
- Shephelah · 31.692, 34.875 · versículo 27
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 28, 29
- Syria · Hoy: Aram · 33.511, 36.306 · versículo 29
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org